INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mrt nyati 25
  • Ame Kae Axɔ Na Anyigba?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Axɔ Na Anyigba?
  • Nyati Bubuwo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo adze edzia?
  • Mɔkpɔkpɔ li
  • Ðe Woatsrɔ̃ Anyigba La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ðe Amegbetɔwo Agblẽ Anyigbaa Gbidiia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Mawu Do Ŋugbe Be Míaƒe Anyigba Matsrɔ̃ O
    Nyɔ!!—2023
  • Nunana Mavɔ Si Tso Wɔla La Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Nyati Bubuwo
mrt nyati 25
Nyɔnuvi sue aɖe le tsi dem seƒoƒo. Le adzɔge ɖaa la, dzudzɔ le tutum le adzɔha aɖewo ƒe dɔwɔƒewo kɔtɔɔ le ɖi ƒom ya me.

Ame Kae Axɔ Na Anyigba?

Ame geɖe tsi dzi ɖe ale si wokpɔe be amewo le anyigba kple nu gbagbe siwo le edzia dome gblẽm ŋu. Nutoameŋutinunyala aɖewo gblɔ be amegbetɔwo le nu gblẽm le nu gbagbe ƒomevi vovovowo ŋu eteƒe mekɔ o, eye esia ate ŋu awɔe be nu gbagbe ƒomevi aɖewo nu nayi tegbee.

Ðe amegbetɔwo agblẽ anyigba dome keŋkeŋua? Ðe wòate ŋu ava dzɔ be amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo magagblẽ nu le anyigba kple edzinuwo ŋu oa?

Ðe amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo adze edzia?

Numekula geɖewo ka ɖe edzi be amegbetɔwo ate ŋu akpɔ anyigba ta ahalé be na edzinuwo. Gake wo dometɔ aɖewo hã gblɔna be hafi amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo nadze edzia, ele be woawɔ tɔtrɔ vovovo aɖewo le ɣeyiɣi ɖeka me. Tɔtrɔ mawo dometɔ aɖewoe nye esiawo:

  • Ele be woalé be na avewo, anyigbawo, tagbawo kple atsiaƒuwo nyuie wu.

  • Woazã agbledemɔnu siwo nyo wu eye woawɔ asitɔtrɔwo le mɔ siwo dzi wotona kpɔa elektrikŋusẽ la ŋu.

  • Ele be amewo naɖu nukuwo kple amagbewo geɖe wu ʋulã kple tɔmelã, eye womegagblẽ nuɖuɖu dome o.

  • Ele be amewo nase egɔme be menye kesinɔnu gbogbowo ƒe ame si nɔnɔe ana agbea nadze edzi na ame o.

Nu kae nèsusu? Ðe wòanya wɔ be dziɖuɖuwo, asitsahawo kple ame ɖekaɖekawo nawɔ nu aduadu le go mawo katã me le xexea me godooa? Alo ɖe nèsusu be ale si ɖokuitɔdidi kple ŋukeklẽ xɔ aƒe ɖe amewo me eye womebua etsɔme ŋu oa ana be esia manya wɔ oa?—2 Timoteo 3:1-5.

Mɔkpɔkpɔ li

Biblia ka ɖe edzi na mí be amegbetɔwo magblẽ anyigba dome keŋkeŋ o. Biblia na míenya nu si tae amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo ɖeɖe mate ŋu akpɔ anyigba ta o, eye eƒo nu tso tɔtrɔ vavã siwo ana anyigba nanɔ dedie hã ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋua, ena míenya ale si tɔtrɔ mawo ava emee.

Nu si tae amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze ɖeɖe makpɔ anyigba ta o. Yehowaa Mawu ye wɔ anyigba eye wòde dɔ asi na amegbetɔwo be woalé be nɛ. (1 Mose 1:28; 2:15) Ne woɖo to wo Wɔlaa hewɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi ko hafi woate ŋu awɔ dɔ sia ade goe. (Lododowo 20:24) Gake le ema teƒea, wogbe Yehowa eye wotiae be yewoawɔ nu si dze yewo ŋutɔwo ŋu. (Nyagblɔla 7:29) Amegbetɔwo mate ŋu alé be na anyigbaa wo Wɔlaa manɔmee o, eye ne wodze agbagba wɔ wo tɔ sinua gɔ̃ hãa, made edeƒe gbeɖe o.—Lododowo 21:30; Yeremiya 10:23.

Tɔtrɔ si hiã. Mawu ɖoe be yeatsrɔ̃ ame siwo le anyigba gblẽm. (Nyaɖeɖefia 11:18) Mawu mava na kpekpeɖeŋu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo kple habɔbɔ siwo le anyigba dome gblẽm la o, ke boŋ atsɔ dziɖuɖu bubu aɖo wo teƒe. (Nyaɖeɖefia 21:1) Le esia taa, Yehowa gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.”—Nyaɖeɖefia 21:5.

Ale si tɔtrɔ sia ava emee. Yehowa ana dziɖuɖu aɖe si le dziƒo si woyɔna be Mawu Fiaɖuƒea naxɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe. Yesu Kristoe nye dziɖuɖu ma ƒe Fia eye le eƒe kpɔkplɔ tea, woaɖɔ nuwo ɖo le anyigba dzi.—Daniel 2:44; Mateo 6:10.

Le Mawu Fiaɖuƒea tea, woafia amegbetɔwo ale si woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu. Ne amegbetɔwo bɔbɔ ɖe wo Wɔla te eye wowɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzia, woate ŋu alé be na anyigba kple edzinuwo. (Yesaya 11:9) Biblia gblɔ ale si Mawu Fiaɖuƒea ana eteviwo nakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me evɔ womagblẽ nu le anyigba ŋu o. Nu siwo wòawɔ ƒe ɖewoe nye esi:

  • Ana ame sia ame nakpɔ nu aɖu.—Psalmo 72:16.

  • Aɖɔ dzɔdzɔmenu siwo dome amewo gblẽa ɖo.—Yesaya 35:1, 2, 6, 7.

  • Akpɔ egbɔ be amegbetɔwo kple lãwo anɔ anyi le ŋutifafa me.—Yesaya 11:6-8; Hosea 2:18.

  • Axe mɔ ɖe dzɔdzɔmefɔkuwo nu.—Marko 4:37-41.

Àte ŋu akpɔ mɔ be Mawu Fiaɖuƒea ahe tɔtrɔ siawo vɛ kpuie. Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋua, xlẽ nyati si nye “Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Aɖu Anyigba La Dzi?”

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.

Nu kae míate ŋu awɔ fifia atsɔ alé be na anyigba?

Esi míele mɔ kpɔm be Mawu Fiaɖuƒea nava ɖɔ anyigba ƒe kuxiwo ɖo keŋkeŋua, fifia gɔ̃ hã míate ŋu aɖe afɔ aɖewo atsɔ aɖee afia be míedi be anyigba nanɔ dedie. Le kpɔɖeŋu me, míaƒo asa na nuwo dome gbegblẽ, eye ne sewo li be woagbugbɔ atrɔ asi le nu siwo gblẽ ŋu be woagbugbɔ azã akea, míawɔ ɖe wo dzi.—Yohanes 6:12, 13; Romatɔwo 13:1, 5.

  • Brett.

    Brett nye nutomeŋutinunyala si xɔ dzudzɔ le dɔ me. Nu si wòsrɔ̃ tso kadodo si le nu miemiewo, lãwo, kple amegbetɔwo dome ŋua na wòkpɔe be Wɔla aɖe li eye ava xɔ na anyigba. Àte ŋu axlẽ eƒe ŋutinyaa.

  • Dɔwɔla eve aɖewo le ŋku lém ɖe xɔ yeye siwo wotu le Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔwɔƒegã la ŋu.

    Mɔ aɖe si dzi Yehowa Ðasefowo tona ɖenɛ fiana be yewodea bubu yewo Wɔlaa ŋue nye be ne wole xɔtudɔ gãwo wɔmaa, woɖea afɔ veviwo tsɔ kpɔa egbɔ be yewomegblẽ nu le dzɔdzɔmenu siwo le nutoa mea ŋu o. Ne èdi be yeakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋua, kpɔ video si nye Eco-Friendly Design Brings Honor to Jehovah.

Mawunyakpukpui siwo ƒo nu tso anyigba ŋu

1 Mose 2:15: “Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eden-bɔ la me be wòaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi.”

Nu si wòfia: Mawu de dɔ asi na amegbetɔwo be woalé be na anyigba.

1 Mose 1:28: “Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo be: ‘Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi; mikpɔ ŋusẽ ɖe ƒumelãwo kple nuwɔwɔ siwo dzona le yame kpakple nu gbagbe siwo katã ʋãna le anyigba dzi la dzi.’”

Nu si wòfia: Mawu bia tso amegbetɔwo si be woalé be na lãwo.

Yesaya 45:18: “Ale Yehowa, Dziƒowɔla, Eya, ame si nye Mawu vavã la, anyigba la Mèla kple Ewɔla, Ame si ɖo egɔme anyi, menye ɖeko wòwɔe dzodzro o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi la, gblɔe nye esi: ‘Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o.’”

Nu si wòfia: Tame si Mawu ɖo ɖe anyigba ŋu la metrɔ o. Ame siwo awɔ eƒe lɔlɔ̃nu abe ale si wòɖoe tso gɔmedzedzea me enea ye anɔ edzi.

Psalmo 37:29: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”

Nu si wòfia: Mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo wɔa Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo la si be woanɔ anyigba dzi tegbee.

Psalmo 98:6-8: “Miado dzidzɔɣli le Fia Yehowa ŋkume. Atsiaƒu kple emenuwo neɖe gbe, anyigba kple edzinɔlawo katã hã. Tɔsisiwo nesi akpe; towo katã netso aseye yoo.”

Nu si wòfia: Mawu ƒe dziɖuɖua aɖe vi na anyigba kple edzinuwo katã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe