INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w06 5/15 axa 32
  • Asixɔxɔ Si Le Nyɔnuwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Asixɔxɔ Si Le Nyɔnuwo Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
w06 5/15 axa 32

Asixɔxɔ Si Le Nyɔnuwo Ŋu

APOSTOLO PETRO ŋlɔ be: “Mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple nyɔnuwo le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo.” (Petro I, 3:7) Ðe alesi Ŋɔŋlɔawo yɔ nyɔnuwo be “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo” fia be woɖi gbɔ wo le mɔ aɖe nua? Mina míakpɔ nusi nɔ susu me na Petro esi wògblɔ nya ma ɖa.

Helagbe me nya si gɔme woɖe be “bubu” la fia “asixɔxɔ, home, . . . bubudeameŋu.” Esia fia be ele be srɔ̃ŋutsu Kristotɔ nalé be na srɔ̃a, awɔ nu ɖe eŋu alesi dze, abe alesi ko wòalé be na agba xɔasi aɖe ene. Esia mefia gbɔ ɖiɖi ame kura o. Le kpɔɖeŋu me, bu Tiffany kaɖigo, si nye akaɖigo aɖe si wotsɔ ahuhɔ̃e wɔe, ŋu kpɔ. Enye akaɖigo falɛfalɛ si nyo ŋutɔ. Ðe alesi akaɖigoa le fia be asixɔxɔ boo aɖeke mele eŋu oa? Kpao! Le ƒe 1997 me la, wodzra Tiffany kaɖigo adodoe aɖe wòxɔ Amerika dɔlar 2,800,000 sɔŋ! Alesi wòle falɛfalɛ na eƒe asi yi dzi boŋ, ke menye be eɖiɖi o.

Nenema kee gbɔgblɔ be woade bubu nyɔnuwo ŋu elabena wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo mefia gbɔ ɖiɖi wo o. Be srɔ̃ŋutsu nanɔ anyi kple srɔ̃a “le nunya me” fia be ŋutsua nabu nyɔnua ƒe ŋutetewo, nusiwo dzɔa dzi nɛ kple nusiwo medzɔa dzi nɛ o, eƒe nukpɔsusuwo kple seselelãmewo ŋu. Srɔ̃ŋutsu si léa be na srɔ̃a nyae be yewoƒe nɔnɔmewo le vovovo, eye edea bubu srɔ̃a tɔwo ŋu. Eléa be nɛ alesi dze ‘bene wòagaxe mɔ na eƒe gbedodoɖawo o.’ (Petro I, 3:7) Ne srɔ̃ŋutsu aɖe medea asixɔxɔ nyɔnuwo ƒe dzɔdzɔmenɔnɔme tɔxɛ siwo le srɔ̃a si ŋu o la, egblẽa nu le woa kple Mawu dome ƒomedodo ŋu. Eyata eme kɔ be, Mawu ƒe Nya la meɖi gbɔ nyɔnuwo o. Ðe wòde bubu kple asixɔxɔ wo ŋu boŋ.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

© Christie’s Images Limited 1997

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe