INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Kronika 10
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

1 Kronika Totoɖeme

      • Saul kple viawo ƒe ku (1-14)

1 Kronika 10:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 31:1-5; 2Sa 1:21, 25

1 Kronika 10:2

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 8:33

1 Kronika 10:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 26:9, 10

1 Kronika 10:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 16:21, 23
  • +1Kr 10:13

1 Kronika 10:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 31:6, 7

1 Kronika 10:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 28:4; 31:8-10

1 Kronika 10:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 16:23, 24

1 Kronika 10:10

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “ƒe trɔ̃xɔ me.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 5:2

1 Kronika 10:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 11:1
  • +1Sa 31:11-13

1 Kronika 10:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 2:5; 21:12

1 Kronika 10:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 13:13; 15:22, 23
  • +3Mo 20:6; 1Sa 28:7

1 Kronika 10:14

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ru 4:17; 1Sa 13:14; 15:27, 28; 2Sa 5:3

Bubuwo

1 Kron. 10:11Sa 31:1-5; 2Sa 1:21, 25
1 Kron. 10:21Kr 8:33
1 Kron. 10:31Sa 26:9, 10
1 Kron. 10:4Ʋɔn 16:21, 23
1 Kron. 10:41Kr 10:13
1 Kron. 10:61Sa 31:6, 7
1 Kron. 10:81Sa 28:4; 31:8-10
1 Kron. 10:9Ʋɔn 16:23, 24
1 Kron. 10:101Sa 5:2
1 Kron. 10:111Sa 11:1
1 Kron. 10:111Sa 31:11-13
1 Kron. 10:122Sa 2:5; 21:12
1 Kron. 10:131Sa 13:13; 15:22, 23
1 Kron. 10:133Mo 20:6; 1Sa 28:7
1 Kron. 10:14Ru 4:17; 1Sa 13:14; 15:27, 28; 2Sa 5:3
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
1 Kronika 10:1-14

1 Kronika

10 Filistitɔwo wɔ aʋa kple Israel. Eye Israel ŋutsuwo si le Filistitɔwo nu, eye wo dometɔ geɖewo tsi aʋa le Gilboa To+ la dzi. 2 Filistitɔwo ɖe Saul kple viaŋutsuwo ɖe nu, eye Filistitɔwo wu Yonatan, Abinadab kple Malki-Sua,+ siwo nye Saul viwo. 3 Aʋa la nu sẽ ŋutɔ ɖe Saul dzi, aŋutrɔdalawo va ke ɖe eŋu, eye wode abi eŋu.+ 4 Eya ta Saul gblɔ na eƒe adekplɔvi be: “Ðe wò yi nàƒo ɖem, ne aʋamatsomatsotɔ siawo nagava wɔ funyafunyam+ o.” Ke eƒe adekplɔvi la melɔ̃ o, elabena enɔ vɔvɔ̃m ŋutɔ. Eya ta Saul tsɔ yi la hedze enu.+ 5 Esi Saul ƒe adekplɔvi la kpɔ be Saul ku la, eya hã dze eƒe yi nu eye wòku. 6 Ale Saul kple viaŋutsu etɔ̃awo kple eƒemetɔ siwo katã nɔ eŋu la ku.+ 7 Esi Israel-vi siwo katã le bali la me kpɔ be ame sia ame si, eye Saul kple viaŋutsuwo ku la, wosi hegblẽ woƒe duwo ɖi; eye Filistitɔwo va nɔ wo me.

8 Le ŋufɔke esi Filistitɔwo va nu ɖe ge le ame tsiaʋawo ŋu la, wokpɔ Saul kple viaŋutsu etɔ̃awo woku ɖe Gilboa To+ la dzi. 9 Woɖe nu le eŋu, tso ta le enu heɖe eƒe aʋawɔnuwo, eye wodɔ ame ɖo ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi godoo, ne woagblɔe na woƒe trɔ̃wo+ kple dukɔ la. 10 Eye wotsɔ eƒe aʋawɔnuwo yi ɖada ɖe woƒe mawu ƒe me,* eye wotsɔ eƒe takoli ku nu le Dagon+ ƒe me.

11 Esi ame siwo katã le Yabes+ le Gilead se nu siwo katã Filistitɔwo wɔ Saul+ la, 12 Aʋawɔlawo katã tso, eye woyi ɖatsɔ Saul kple viawo ƒe kukuawo. Wotsɔ wo yi Yabes,+ eye woɖi woƒe ƒuwo ɖe ati gã la te le Yabes, eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre.

13 Ale Saul ku le eƒe nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa ta, elabena meɖo to Yehowa ƒe gbe o,+ ebia nu ta se le ŋɔliyɔla+ gbɔ, 14 ke mebia gbe Yehowa o. Eya tae wòwui, eye wòna fiaɖuɖu la yi ɖe David, Isai vi si me.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe