INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Kronika 27
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

1 Kronika Totoɖeme

      • Dɔdzikpɔla siwo subɔa fia la (1-34)

1 Kronika 27:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 18:25; 5Mo 1:15; 1Sa 8:11, 12
  • +1Kr 28:1

1 Kronika 27:2

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 11:11

1 Kronika 27:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 26:20, 21

1 Kronika 27:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 23:9
  • +1Kr 8:1, 4

1 Kronika 27:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 23:20-23; 1Fi 4:4
  • +1Kr 12:27

1 Kronika 27:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 2:18; 23:8, 24
  • +1Kr 2:15, 16

1 Kronika 27:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 23:8, 26
  • +2Kr 11:5, 6; Am 1:1

1 Kronika 27:10

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 11:10, 27

1 Kronika 27:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 21:18
  • +4Mo 26:20

1 Kronika 27:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 23:8, 27
  • +1Kr 6:60, 64

1 Kronika 27:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 23:8, 28
  • +4Mo 26:20

1 Kronika 27:14

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 23:8, 30

1 Kronika 27:18

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 16:1, 6; 17:28

1 Kronika 27:21

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 14:50; 2Sa 3:27

1 Kronika 27:23

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 15:5

1 Kronika 27:24

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 24:2, 15; 1Kr 21:6, 7

1 Kronika 27:25

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “kesinɔnudzraɖoƒe.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 18:15

1 Kronika 27:28

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 9:27
  • +2Kr 26:9, 10

1 Kronika 27:29

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yes 35:2

1 Kronika 27:30

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “tedzinɔwo.”

1 Kronika 27:32

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 13:3; 21:21
  • +1Kr 3:1-9

1 Kronika 27:33

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “ame si fia gblɔa eƒe dzimenyawo na.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 15:12; 16:23; 17:23
  • +2Sa 15:37; 16:16, 17

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    3/2017, axa 29

1 Kronika 27:34

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 23:20-23; 1Fi 2:35
  • +1Fi 1:7
  • +1Kr 11:6

Bubuwo

1 Kron. 27:12Mo 18:25; 5Mo 1:15; 1Sa 8:11, 12
1 Kron. 27:11Kr 28:1
1 Kron. 27:21Kr 11:11
1 Kron. 27:34Mo 26:20, 21
1 Kron. 27:42Sa 23:9
1 Kron. 27:41Kr 8:1, 4
1 Kron. 27:52Sa 23:20-23; 1Fi 4:4
1 Kron. 27:51Kr 12:27
1 Kron. 27:72Sa 2:18; 23:8, 24
1 Kron. 27:71Kr 2:15, 16
1 Kron. 27:92Sa 23:8, 26
1 Kron. 27:92Kr 11:5, 6; Am 1:1
1 Kron. 27:101Kr 11:10, 27
1 Kron. 27:112Sa 21:18
1 Kron. 27:114Mo 26:20
1 Kron. 27:122Sa 23:8, 27
1 Kron. 27:121Kr 6:60, 64
1 Kron. 27:132Sa 23:8, 28
1 Kron. 27:134Mo 26:20
1 Kron. 27:142Sa 23:8, 30
1 Kron. 27:181Sa 16:1, 6; 17:28
1 Kron. 27:211Sa 14:50; 2Sa 3:27
1 Kron. 27:231Mo 15:5
1 Kron. 27:242Sa 24:2, 15; 1Kr 21:6, 7
1 Kron. 27:252Fi 18:15
1 Kron. 27:282Kr 9:27
1 Kron. 27:282Kr 26:9, 10
1 Kron. 27:29Yes 35:2
1 Kron. 27:322Sa 13:3; 21:21
1 Kron. 27:321Kr 3:1-9
1 Kron. 27:332Sa 15:12; 16:23; 17:23
1 Kron. 27:332Sa 15:37; 16:16, 17
1 Kron. 27:342Sa 23:20-23; 1Fi 2:35
1 Kron. 27:341Fi 1:7
1 Kron. 27:341Kr 11:6
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
  • 24
  • 25
  • 26
  • 27
  • 28
  • 29
  • 30
  • 31
  • 32
  • 33
  • 34
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
1 Kronika 27:1-34

1 Kronika

27 Esiawoe nye Israel-viwo le woƒe xexlẽme nu, tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu kple ame akpe kple ame alafa ƒe tatɔwo+ hekpe ɖe woƒe dɔdzikpɔla siwo subɔa fia+ la le hatsotsoawo ƒe nya sia nya gbɔ kpɔkpɔ me, le ame siwo vana kple ame siwo dzona ɣleti sia ɣleti le ƒea ƒe ɣletiawo katã me ŋu; ame akpe blaeve vɔ ene ye le hatsotso ɖe sia ɖe me.

2 Yasobeam,+ Zabdiel vi, le hatsotso gbãtɔ nu le ɣleti gbãtɔ me; eye ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 3 Etso Perez+ viwo dome, eyae le tatɔawo katã nu le ɣleti gbãtɔ me. 4 Dodai,+ Ahohitɔ+ la le ɣleti evelia ƒe hatsotso la nu, eye Miklot nye kplɔla; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 5 Dɔwɔha etɔ̃lia si vana le ɣleti etɔ̃lia me ƒe tatɔe nye Benaya,+ nunɔlawo ƒe tatɔ Yehoyada+ ƒe vi; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 6 Benaya sia nye kalẽtɔ le ame blaetɔ̃awo dome, eye wòle ame blaetɔ̃awo nu; eye via Amizabad le eƒe hatsotso la nu. 7 Tatɔ enelia, le ɣleti enelia mee nye Asahel,+ Yoab nɔvi,+ eye via Zebadiya kplɔe ɖo; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 8 Tatɔ atɔ̃lia, le ɣleti atɔ̃lia mee nye Samhut, Yizra vi; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 9 Tatɔ adelia, le ɣleti adelia mee nye Ira,+ Tekoatɔ+ Ikes ƒe vi; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 10 Tatɔ adrelia, le ɣleti adrelia mee nye Pelonitɔ Helez+ tso Efrayim viwo dome; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 11 Tatɔ enyilia, le ɣleti enyilia mee nye Husatɔ Sibekai+ tso Zera+ viwo dome; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 12 Tatɔ asiekelia, le ɣleti asiekelia mee nye Abi-Ezer,+ Anatottɔ+ tso Benyamin viwo dome; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 13 Tatɔ ewolia, le ɣleti ewolia mee nye Maharai,+ Netofatɔ tso Zera+ viwo dome; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 14 Tatɔ wuiɖekɛlia, le ɣleti wuiɖekɛlia mee nye Benaya,+ Piratontɔ tso Efrayim viwo dome; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 15 Tatɔ wuievelia, le ɣleti wuievelia mee nye Heldai, Netofatɔ tso Otniel viwo dome; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me.

16 Ame siwo le Israel-toawo nue nye esi: le Ruben viwo dome la, Eliezer, Zikri vi, nye kplɔla; ame si tso Simeon viwo domee nye Sefatiya, Maaka vi; 17 ame si tso Lewi viwo domee nye Hasabiya, Kemuel vi; ame si tso Aron viwo domee nye Zadok; 18 ame si tso Yuda viwo domee nye Elihu,+ si nye David nɔviwo dometɔ ɖeka; ame si tso Isakar viwo domee nye Omri, Mikael vi; 19 ame si tso Zebulon viwo domee nye Yismaya, Obadiya vi; ame si tso Naftali viwo domee nye Yerimot, Azriel vi; 20 ame si tso Efrayim viwo domee nye Hosea, Azaziya vi; ame si tso Manase-to afã la mee nye Yoel, Pedaya vi; 21 ame si tso Manase-to afã si le Gilead mee nye Ido, Zakariya vi; ame si tso Benyamin viwo domee nye Yaasiel, Abner+ vi; 22 ame si tso Dan viwo domee nye Azarel, Yeroham vi. Ame siawoe nye Israel-toawo ƒe amegãwo.

23 Ke David mexlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o la o, elabena Yehowa do ŋugbe be yeana Israel nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.+ 24 Yoab, Zeruya vi, dze wo xexlẽ gɔme, ke mewu enu o; eye Mawu ƒe dɔmedzoe va Israel dzi le esia ta,+ ale womede xexlẽme la Fia David ƒe ŋutinyagbalẽ me o.

25 Azmavet, Adiel vi, le fia ƒe kesinɔnudzraɖoƒewo+ nu. Eye Yonatan, Uziya vi, le nudzraɖoƒe* siwo le agblewo, duwo, kɔƒewo kple mɔ́ sesẽwo me la nu. 26 Ezri, Kelub vi, le agbledela siwo ŋlɔa agble la nu. 27 Ramatɔ Simei le waingblewo nu; Sifmottɔ Zabdi le wain siwo wotsɔna tso waingblewo me va dzrana ɖo la nu. 28 Gedertɔ Baal-Hanan le amitibɔ kple gboti+ siwo le Sefela+ nu; eye Yoas le ami siwo wodzrana ɖo la nu. 29 Sitrai, Sarontɔ le nyiha siwo ɖua gbe le Saron+ la nu, eye Safat, Adlai vi, le nyiha siwo le bali la me nu. 30 Obil, Ismael vi, le kposɔwo nu; eye Yehdeya, Meronottɔ le tedziwo* nu. 31 Yaziz, Hagritɔ le alẽhawo nu. Ame siawo katã nye tatɔwo le Fia David ƒe nuwo nu.

32 Ke David tɔɖiyɔvi Yonatan+ nye aɖaŋuɖola, enye ŋutsu si si gɔmesese le, eye wònye agbalẽŋlɔla hã, eye Yehiel, Hakmoni vi, kpɔa fia ƒe viwo dzi.+ 33 Ahitofel+ nye fia ƒe aɖaŋuɖola, eye Husai,+ Arkitɔ nye fia xɔlɔ̃.* 34 Ame siwo kplɔ Ahitofel ɖoe nye Yehoyada, Benaya+ vi kple Abiatar;+ eye Yoab+ nye fia la ƒe aʋafia.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe