1 Kronika
8 Benyamin+ dzi Bela,+ si nye eƒe ŋgɔgbevi, eveliae nye Asbel,+ etɔ̃liae nye Ahara, 2 eneliae nye Noha, eye atɔ̃liae nye Rafa. 3 Bela viwoe nye Adar, Gera,+ Abihud, 4 Abisua, Naaman, Ahoa, 5 Gera, Sefufam kple Huram. 6 Ame siawoe nye Ehud viwo. Woawoe nye Gebatɔwo+ ƒe tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu, siwo woɖe aboyo yi Manahat: 7 Naaman, Ahiya kple Gera—Gera ye ɖe aboyo wo, eye eyae dzi Uza kple Ahihud. 8 Saharayim dzi viwo le Moab-nyigba dzi esime wònya amewo megbe. Srɔ̃awoe nye Husim kple Baara.* 9 Srɔ̃a Hodes dzi Yobab, Zibiya, Mesa, Malkam, 10 Yeuz, Sakiya kple Mirma nɛ. Ame siawoe nye viawo, eye wonye tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu.
11 Husim dzi Abitub kple Elpaal nɛ. 12 Elpaal viwoe nye Eber, Misam kple Semed (ame si tsò Ono+ kpakple Lod+ kple eŋu duwo), 13 Beria kple Sema. Ame siawoe nye Aiyalontɔwo+ ƒe tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu. Woawoe nya Gattɔwo. 14 Ahiyo, Sasak, Yeremot, 15 Zebadiya, Arad, Eder, 16 Mikael, Yispa kple Yoha nye Beria viwo; 17 kple Zebadiya, Mesulam, Hizki, Heber, 18 Yismerai, Yizliya kple Yobab nye Elpaal viwo; 19 kple Yakim, Zikri, Zabdi, 20 Elienai, Ziletai, Eliel, 21 Adaya, Beraya kple Simrat nye Simei viwo; 22 kple Yispan, Eber, Eliel, 23 Abdon, Zikri, Hanan, 24 Hananiya, Elam, Antotiya, 25 Yifdeya kple Penuel nye Sasak viwo; 26 kple Samserai, Sehariya, Ataliya, 27 Yaaresiya, Eliya kple Zikri nye Yeroham viwo. 28 Ame siawoe nye tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu le woƒe dzidzimeviwo nu. Tatɔ siawo nɔ Yerusalem.
29 Gibeon fofo Yeiel nɔ du si nye Gibeon me.+ Srɔ̃a ŋkɔe nye Maaka.+ 30 Eƒe ŋgɔgbevie nye Abdon, eyometɔwoe nye Zur, Kis, Baal, Nadab, 31 Gedor, Ahiyo kple Zeker. 32 Miklot dzi Simea. Ame siawo katã nɔ teƒe si gogo wo nɔviwo le Yerusalem le wo nɔvi bubuwo gbɔ.
33 Ner+ dzi Kis; Kis dzi Saul;+ Saul dzi Yonatan,+ Malki-Sua,+ Abinadab+ kple Esbaal.*+ 34 Yonatan dzi Merib-Baal.*+ Eye Merib-Baal dzi Mika.+ 35 Mika viwoe nye Piton, Melek, Tarea kple Ahaz. 36 Ahaz dzi Yehoada; Yehoada dzi Alemet, Azmavet kple Zimri. Zimri dzi Moza. 37 Moza vie nye Binea, eya hã ƒe vie nye Rafa, eya hã ƒe vie nye Eleasa, eye eya hã ƒe vie nye Azel. 38 Vi ade le Azel si, eye woƒe ŋkɔwoe nye: Azrikam, Bokeru, Ismael, Seariya, Obadiya kple Hanan. Ame siawo katã nye Azel viwo. 39 Nɔvia Esek ƒe viwoe nye: Ulam, si nye eƒe ŋgɔgbevi, eveliae nye Yeus, eye etɔ̃liae nye Elifelet. 40 Ulam viwo nye ŋutsu kalẽtɔwo, wobi ɖe aŋutrɔdada me,* eye vi kple tɔgbuiyɔvi geɖewo le wo si, wole ame alafa ɖeka blaatɔ̃. Ame siawo katã tso Benyamin ƒe dzidzimeviwo dome.