Hiob
21 Hiob ɖo eŋu be:
2 “Milé to ɖe nye nyawo ŋu nyuie;
Eye mina esia boŋ nanye akɔfafa tso mia gbɔ nam.
3 Migbɔ dzi ɖi nam maƒo nu;
Eye ne meƒo nu vɔ la, ekema miate ŋu aɖe alɔme le ŋunye faa.+
4 Amegbetɔe mele konyi fam naa?
Ne amegbetɔe la, magate ŋu agbɔ dzi ɖia?*
5 Mitrɔ mo ɖe gbɔnye, miaƒe nu neku;
Eye mitsɔ asi ɖo nu.
6 Ne mebu nu sia ŋu la, eɖea fu nam vevie,
Eye medzona nyanyanya.
8 Wo viwo nɔa wo ŋu ɣesiaɣi,
Eye wokpɔa woƒe dzidzimeviwo.
9 Woƒe aƒewo le dedie, ŋɔ medzia wo o,+
Eye Mawu mehea to na wo kple eƒe ameƒoti o.
10 Woƒe nyitsuwo meyɔa asi dzodzro o;
Woƒe nyinɔwo dzina, eye fu megena le wo ƒo o.
11 Wo viŋutsuwo doa go abe lãha ene,
Eye wo vi suewo nɔa kpo tim nɔa yiyim.
12 Wodzia ha ɖe axatsɛ kple saŋku ŋu
Eye wonɔa dzidzɔ kpɔm ɖe dze ƒe ɖiɖi ŋu.+
14 Ke wogblɔna na Mawu vavã la be, ‘Ðe asi le mía ŋu!
Míedi kura be míanya wò mɔwo o.+
15 Ame kae Ŋusẽkatãtɔ la nye, be míasubɔe?+
Viɖe kae wòanye na mí be míadze sii?’+
16 Menyae be woƒe dzidzedzekpɔkpɔ mele woawo ŋutɔwo si me o.+
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe adaŋudede* metsɔ gbɔnye o.+
17 Zi nenie ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina?+
Zi nenie afɔku dzɔna ɖe wo dzi?
Eye zi nenie Mawu hea tsɔtsrɔ̃ vaa wo dzi le eƒe dziku me?
18 Ðe wova le abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu ene kpɔa,
Alo abe tsro si ahom kplɔ dzoe ene kpɔa?
19 Mawu ana vɔ̃wɔla ƒe tohehe natu viawo;
Gake Mawu neɖo eteƒe nɛ, ne wòanya ale si wòle.+
20 Eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo nekpɔ eƒe gbegblẽ teƒe,
Eya ŋutɔ neno Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la.+
21 Elabena ɖe wòagatsɔ ɖe le eƒe aƒemetɔ siwo wògblẽ ɖe megbe la ƒe nya me
23 Ame aɖe ya aku esi wòkpɔtɔ le ŋusẽ blibo me,+
Esime eƒe tome fa, eye wòɖe dzi ɖi bɔkɔɔ,+
24 Esime eƒe atawo da ami nyuie,
Eye ŋusẽ le eƒe ƒuwo ŋu.*
25 Gake ame bubu ya* anɔ nu xam ʋuu atsɔ akui,
Esime eya mese nu nyui aɖeke ƒe vivi kpɔ o.
27 Kpɔ ɖa! Menya nu siwo tututu susum miele
Kple tame vɔ̃ siwo ɖom miele be miatsɔ adze agɔ le dzinye.*+
28 Elabena miebe, ‘Afi kae ame ŋkuta la ƒe aƒe le,
Eye afi kae agbadɔ si me ame vɔ̃ɖiwo nɔ la hã le?’+
29 Ðe miebia nya mɔzɔlawo se kpɔ oa?
Eye ɖe miedzro woƒe nuteƒekpɔkpɔwo* me nyuie,
30 Be wokpɔa ame vɔ̃ɖi ta le vɔ̃dzɔgbe
Eye woxɔna nɛ le dɔmedzoedogbe oa?
31 Ame kae aɖe eƒe zɔzɔme agblɔ ɖe mo nɛ kã,
Eye ame kae aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ?
32 Ne wokɔe yi ameɖibɔ me la,
Woanɔ eƒe yɔdo ŋu dzɔm.
33 Bali me anyikɔwo avivi enu,+
Eye ameƒomea katã dze eyome,*+
Abe ame siwo do ŋgɔ nɛ, siwo mele xexlẽ me o la ene.
34 Nu ka tae miatsɔ nya gbɔlowo anɔ akɔ fam nam?+
Miaƒe ŋuɖoɖowo nye beble sɔŋ ko!”