Psalmowo
Mikafu Mawu le eƒe kɔkɔeƒe la.+
Mikafui le alili si wòtsɔ eƒe ŋusẽ wɔ* la me.+
2 Mikafui ɖe eƒe dɔ klitsuwo ta.+
Mikafui, elabena eƒe gãnyenye ƒo ɖe sia ɖe ta.+
3 Miku lãdzo miatsɔ akafui.+
Mitsɔ kasaŋku kple saŋku kafui.+
4 Mitsɔ axatsɛ,+ eye miado to aɖu ɣe akafui.
Mitsɔ kasaŋkuwo+ kple dze+ kafui.
5 Mitsɔ ayawagba siwo ƒe gbe me kɔ kafui.
Mitsɔ ayawagba siwo ɖina sesĩe kafui.+
6 Nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la nekafu Yah.