Psalmowo
Na henɔ la. David ƒe ha.
21 Oo Yehowa, wò ŋusẽ mee fia la kpɔa dzidzɔ le;+
Eye aleke gbegbe wòle aseye tsom le wò xɔxɔdɔwo tae nye esi!+
2 Èwɔ eƒe dzimedidiwo dzi nɛ,+
Eye mègbe nu si wòke nu bia la nanae o. (Sela)
4 Ebia agbe tso asiwò, eye nètsɔe nɛ,+
Èna agbe didii ɖaa tegbee.
5 Wò xɔnamedɔwo na ŋutikɔkɔe gã aɖe eya amea,+
Èɖo bubu kple atsyɔ̃ eŋu.
8 Wò asi atu wò futɔwo katã;
Wò nuɖusi asu wò ketɔwo dzi.
9 Àna woanɔ abe kpodzo ene le ɣeyiɣi si nèɖo be yeatrɔ ɖe wo ŋu la dzi.
Yehowa ami wo le eƒe dɔmedzoe me, eye dzo afiã wo.+
10 Àtsrɔ̃ wo viwo* ɖa le anyigba la dzi,
Kple woƒe dzidzimeviwo ɖa le amegbetɔviwo dome.
13 Oo Yehowa, tso le wò ŋusẽ me.
Míadzi kafukafuha* le wò gãnyenye ŋuti.