Psalmowo
Xɔŋukɔha. David ƒe ha.
30 Oo Yehowa, mado wò ɖe dzi, elabena wòe hem do goe;
Eye mèna nye futɔwo tso aseye le tanye o.+
2 Oo Yehowa, nye Mawu, medo ɣli na wò, eye nèda gbe le ŋunye.+
Avi ate ŋu adzɔ le fiẽ, ke aseyetsotso vaa aƒe le ŋdi.+
6 Ke nye la, megblɔ le nye dziɖeɖiɣi be:
“Nyemaʋã* akpɔ o.”
7 Oo Yehowa, esi nève nunye* la, èna meli ke sesĩe abe to ene.+
Gake esi nèɣla wò ŋkume la, dzidzi ƒom.+
8 Oo Yehowa, wò yɔm mele;+
Yehowa, wòe mele koko ƒom na be nàve nunye.
9 Viɖe kae wòanye ne meku,* ne meyi yɔdo me?+
Ðe ʋuʋudedi akafu wòa?+ Ðe wòaɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔa?+
10 Oo Yehowa, see, eye nàve nunye.+
Oo Yehowa, kpe ɖe ŋunye.+
11 Ètrɔ nye konyifafa zu ɣeɖuɖu;
Èɖe nye akpanya le ŋunye, eye nèta dzidzɔ nam abe avɔ ene,
12 Ale be madzi ha* akafu wò, eye ɖoɖoe mazi le nunye o.
Oo Yehowa, nye Mawu, makafu wò tegbee.