Psalmowo
Asaf ƒe ha.+
79 Oo Mawu, dukɔwo va dze wò domenyinu la dzi;+
Wogblẽ kɔ ɖo na wò gbedoxɔ kɔkɔe la;+
Wona Yerusalem zu glikpo.+
2 Wotsɔ wò subɔlawo ƒe kukuawo na dziƒoxewo,
Kple ame siwo wɔa nuteƒe na wò la ƒe lã na gbemelãwo woɖu.+
3 Wokɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene kpe Yerusalem ɖo,
Eye ame aɖeke mekpɔtɔ aɖi wo o.+
4 Míezu vlodonu na mía haviwo;+
Fewuɖunu kple alɔmeɖenu na ame siwo ƒo xlã mí.
5 Oo Yehowa, ɣekaɣi dzi aku wò ase ɖo? Tegbeea?+
Va se ɖe ɣekaɣi wò dɔmedzoe abi abe dzo ene?+
6 Trɔ wò dɔmedzoe la ƒo ɖe dukɔ siwo menya wò o la dzi,
Ðe fiaɖuƒe siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi.+
7 Elabena wovuvu Yakob,
Eye wodo aƒedo wo denyigba la.+
8 Mègabu mía tɔgbuiwo ƒe vodada na mí o.+
Netsɔ, nàkpɔ nublanui na mí,+
Elabena wobɔbɔ mí ɖe anyi kura.
10 Nu ka ŋuti dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be: “Afi kae woƒe Mawu la le?”+
Na woanyae le dukɔwo dome, eye míawo hã míakpɔ eteƒe,
Be nèbia hlɔ̃ ɖe wò subɔlawo ƒe ʋu si wokɔ ɖe anyi la ta.+
11 Gamenɔla ƒe hũɖeɖe nede gbɔwò.+