INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Hawo Ƒe Ha 1
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

Hawo ƒe ha Totoɖeme

    • SULAM ÐETUGBUI LA LE FIA SALOMO ƑE ASAÐA ME (1:1–3:5)

        • Hawo ƒe ha (1)

        • Ðetugbui la (2-7)

        • Yerusalem vinyɔnuwo (8)

        • Fia la (9-11)

          • “Míatsɔ sika awɔ atsyɔ̃ɖonu na wò” (11)

        • Ðetugbui la (12-14)

          • ‘Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe miregoe ene’ (13)

        • Alẽkplɔla la (15)

          • “Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo!”

        • Ðetugbui la (16, 17)

          • “Nye lɔlɔ̃tɔ, wò hã èdze ɖeka ŋutɔ” (16)

Hawo Ƒe Ha 1:1

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “Ha si ƒo hawo ta.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 4:29, 32

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    11/15/2006, axa 17

Hawo Ƒe Ha 1:2

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Haw 4:10

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    1/15/2015, axa 30

    11/15/2006, axa 18

Hawo Ƒe Ha 1:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Lod 27:9; Nyg 9:8; Haw 5:5
  • +Nyg 7:1

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    1/15/2015, axa 30

    11/15/2006, axa 18

Hawo Ƒe Ha 1:4

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “Hem ɖe ɖokuiwò ŋu.”

  • *

    Efia, Ðetugbuiawo.

Hawo Ƒe Ha 1:5

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame yibɔ.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ps 120:5; Eze 27:21
  • +2Mo 36:14

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    11/15/2006, axa 18

Hawo Ƒe Ha 1:6

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    1/15/2015, axa 31-32

Hawo Ƒe Ha 1:7

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “nye luʋɔ lɔ̃na.”

  • *

    Alo, “nyɔnu si tsɔ konyifavɔ tsyɔ ŋkume.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Haw 6:3

Hawo Ƒe Ha 1:9

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “nye sɔnɔ.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 10:28; 2Kr 1:16, 17; Haw 6:4

Hawo Ƒe Ha 1:10

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Agate ŋu afia, “Ða gbigbi siwo kɔ ɖe tonu na wò la na wò alɔgo nya le kpɔkpɔm.”

Hawo Ƒe Ha 1:11

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “gavi kotoekotoewo.”

Hawo Ƒe Ha 1:12

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “gbe ʋeʋĩ (nardomi).”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Haw 4:13, 14

Hawo Ƒe Ha 1:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 30:23, 25; Es 2:12; Ps 45:8; Haw 4:6; 5:13

Hawo Ƒe Ha 1:14

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “lele; lali.” Wotitinɛ ɖe asi kple afɔ wòbiãna, eye wotsɔnɛ dea ama nu bubuwo hã.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Haw 4:13
  • +Yos 15:20, 62; 1Sa 23:29; 2Kr 20:2

Hawo Ƒe Ha 1:15

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Haw 4:1; 5:2

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    11/15/2006, axa 18

Hawo Ƒe Ha 1:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Haw 5:10

Hawo Ƒe Ha 1:17

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “aƒe nyui la.”

Bubuwo

Haw. 1:11Fi 4:29, 32
Haw. 1:2Haw 4:10
Haw. 1:3Lod 27:9; Nyg 9:8; Haw 5:5
Haw. 1:3Nyg 7:1
Haw. 1:5Ps 120:5; Eze 27:21
Haw. 1:52Mo 36:14
Haw. 1:7Haw 6:3
Haw. 1:91Fi 10:28; 2Kr 1:16, 17; Haw 6:4
Haw. 1:12Haw 4:13, 14
Haw. 1:132Mo 30:23, 25; Es 2:12; Ps 45:8; Haw 4:6; 5:13
Haw. 1:14Haw 4:13
Haw. 1:14Yos 15:20, 62; 1Sa 23:29; 2Kr 20:2
Haw. 1:15Haw 4:1; 5:2
Haw. 1:16Haw 5:10
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Hawo Ƒe Ha 1:1-17

Hawo Ƒe Ha

1 Hawo ƒe ha,* si nye Salomo ƒe ha:+

 2 “Ne ɖe wòagbugbɔ nu nam ɖe!

Elabena wò lɔlɔ̃ɖeɖefia nyo wu wain.+

 3 Wò amiwo le ʋeʋẽm lilili.+

Wò ŋkɔ le abe ami ʋeʋĩ si wokɔ ɖi la ene.+

Esia tae ɖetugbuiwo lɔ̃a wò ɖo.

 4 Kplɔm ɖe asi;* na míaƒu du.

Fia la kplɔm yi eƒe xɔ gãwo me!

Na míakpɔ dzidzɔ atso aseye ɖe ŋuwò.

Na míakafu wò lɔlɔ̃ɖeɖefia wu wain.

Wo* tɔ dzɔ be wolɔ̃a wò.

 5 Oo, mi Yerusalem vinyɔnuwo, ame yii* menye, gake menya kpɔ,

Abe Kedar ƒe agbadɔwo ene,+ abe Salomo ƒe agbadɔvɔwo+ ene.

 6 Miganɔ kpɔyem, le esi menyɔ ta o,

Le esi ɣe ɖum ta o.

Danye viŋutsuwoe do dziku ɖe ŋunye;

Woɖom waingbleawo ŋu dzɔlae,

Evɔ megblẽ nye ŋutɔ nye waingble ya ɖi.

 7 Gblɔe nam, wò ame si melɔ̃na* vevie,

Gblɔ afi si wò lãhawo ɖua gbe le,+

Afi si nènana wotsyɔa akɔ ɖo le ŋdɔ me la nam.

Nu ka tae wòle be manɔ tsatsam abe nyɔnu si tsyɔ nu ŋkume* ene

Le hawòviwo ƒe lãhawo dome?”

 8 “Oo tugbewo ƒe tugbe, ne mènyae o la,

Ekema do afɔ na lãhawo,

Eye nàna wò gbɔ̃viwo naɖu gbe le lãkplɔlawo ƒe avɔgbadɔwo gbɔ.”

 9 “Nye lɔlɔ̃tɔ, èle nam abe sɔnɔ* le Farao ƒe tasiaɖamwo ŋu ene.+

10 Atsyɔ̃ɖonuwo dze tonu na wò ale gbegbe,*

Wò kɔdzonuwo hã dze wò ŋutɔ!

11 Míatsɔ sika awɔ atsyɔ̃ɖonu* na wò,

Eye klosalokpeviwo anɔ eŋu.”

12 “Esi fia la bɔbɔ nɔ eƒe kplɔ̃ ŋu la,

Nye ami ʋeʋĩ*+ la xɔ teƒea katã.

13 Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe miregoe+ ene

Le nye nowo domee zã bliboa.

14 Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe henaseƒoƒo*+ ene

Le En-Gedi+ waingblewo me.”

15 “Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo!

Mebe, èdze tugbe ŋutɔ! Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛ ƒe ŋkuwo ene.”+

16 “Oo nye lɔlɔ̃tɔ, wò hã èdze ɖeka ŋutɔ, eye wò nu nyoa ame ŋu.+

Míaƒe mlɔƒe le gbe damawo dome.

17 Míaƒe aƒe* ƒe daɖedziwo nye sedertiwo,

Eye míaƒe xɔdzisasrãwo nye sesewutiwo.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe