Yosua
12 Azɔ esiawoe nye anyigba la dzi fia siwo dzi Israel-viwo ɖu, ame siwo ƒe anyigba woxɔ le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome, tso Arnon Bali+ la nu va se ɖe Hermon To+ la gbɔ kple Araba blibo la le ɣedzeƒe:+ 2 Sihon,+ Amori-fia si nɔ Hesbon ƒe dziɖuƒe tso Aroer+ si le Arnon Bali+ nu, kple tso balia titina hekpe ɖe Gilead ƒe afã ŋu va se ɖe keke Yabok Bali, si nye Amonitɔwo ƒe liƒo, la me ke. 3 Eƒe dziɖuƒe la gatso Araba va se ɖe keke Kineret-ƒu*+ la nu le ɣedzeƒe gome va se ɖe keke Araba-ƒu, si nye Dzeƒu* la nu le ɣedzeƒe ɖo ta Bet-Yesimot, va se ɖe Pisga-to+ ƒe aga nu le anyiehe.
4 Hekpe ɖe Og,+ Basan-fia, si nye Refaimtɔ+ mamlɛawo dometɔ ɖeka si nɔ Astarot kple Edrei la ƒe anyigba hã ŋu, 5 ame si ƒe dziɖuƒe nye Hermon To, Saleka kple Basan+ blibo la va se ɖe keke Gesurtɔwo kple Maakatitɔwo+ ƒe liƒo dzi ke, hekpe ɖe Gilead ƒe afã ŋu va se ɖe Hesbon-fia,+ Sihon, ƒe anyigba dzi ke.
6 Yehowa ƒe subɔla Mose kple Israel-viwo ɖu wo dzi,+ eye Yehowa ƒe subɔla Mose tsɔ woƒe anyigba na Ruben viwo kple Gad viwo kpakple Manase-toa ƒe afã+ la be wòanye wo tɔ.
7 Esiawoe nye anyigba la dzi fia siwo dzi Yosua kple Israel-viwo ɖu le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe gome, tso Baal-Gad+ si le Lebanon Bali+ la me va se ɖe keke Halak To,+ si ɖo ta Seir+ gbɔ ke; emegbe Yosua ma woƒe anyigba la na Israel-toawo wotɔwotɔwoe be wòanye wo tɔ,+ 8 le tonuto la me, le Sefela, Araba, agawo me, gbegbe kple Negeb.+ Esiawoe nye Hititɔwo, Amoritɔwo+ kple Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo+ ƒe anyigba. Fia siawoe nye:
9 Yeriko-fia,+ ɖeka; Ai,+ si le Betel xa la ƒe fia, ɖeka;
10 Yerusalem-fia, ɖeka; Hebron-fia,+ ɖeka;
11 Yarmut-fia, ɖeka; Lakis-fia, ɖeka;
12 Eglon-fia, ɖeka; Gezer-fia,+ ɖeka;
13 Debir-fia,+ ɖeka; Geder-fia, ɖeka;
14 Horma-fia, ɖeka; Arad-fia, ɖeka;
15 Libna-fia,+ ɖeka; Adulam-fia, ɖeka;
16 Makeda-fia,+ ɖeka; Betel-fia,+ ɖeka;
17 Tapua-fia, ɖeka; Hefer-fia, ɖeka;
18 Afek-fia, ɖeka; Lasaron-fia, ɖeka;
19 Madon-fia, ɖeka; Hazor-fia,+ ɖeka;
20 Simron-Meron fia, ɖeka; Aksaf-fia, ɖeka;
21 Taanak-fia, ɖeka; Megido-fia, ɖeka;
22 Kedes-fia, ɖeka; Yokneam-fia+ si le Karmel, ɖeka;
23 Dor-fia si le Dor togbɛ+ dzi, ɖeka; Goim-fia si le Gilgal, ɖeka;
24 Tirza-fia, ɖeka; fiaawo katã le blaetɔ̃ vɔ ɖekɛ.