INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ʋɔnudrɔ̃lawo 12
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

Ʋɔnudrɔ̃lawo Totoɖeme

      • Aʋawɔwɔ kple Efrayimtɔwo (1-7)

        • Sibolet ƒe dodokpɔa (6)

      • Ʋɔnudrɔ̃la Ibzan, Elon kple Abdon (8-15)

Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:1

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Agate ŋu afia, “wotso tɔ le dziehe gome.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 8:1

Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:3

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “matsɔ nye luʋɔ aɖo nye asiƒome.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 11:29

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    5/15/2007, axa 10

Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +5Mo 3:12, 13

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    5/15/2007, axa 10

Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 3:28; 7:24

Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:7

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    5/15/2007, axa 10

Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 2:16

Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:15

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 36:12; 2Mo 17:16; 4Mo 13:29; 1Sa 15:2

Bubuwo

Ʋɔn. 12:1Ʋɔn 8:1
Ʋɔn. 12:3Ʋɔn 11:29
Ʋɔn. 12:45Mo 3:12, 13
Ʋɔn. 12:5Ʋɔn 3:28; 7:24
Ʋɔn. 12:8Ʋɔn 2:16
Ʋɔn. 12:151Mo 36:12; 2Mo 17:16; 4Mo 13:29; 1Sa 15:2
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:1-15

Ʋɔnudrɔ̃lawo

12 Azɔ Efrayim ŋutsuwo kpe ta, eye wotso tɔ la va Zafon,* eye wogblɔ na Yefta be: “Nu ka ŋuti nètso tɔ yi ɖawɔ aʋa kple Amonitɔwo, gake mèyɔ mí be míayi kpli wò o?+ Míatɔ dzo wò aƒe ɖe dziwò.” 2 Ke Yefta gblɔ na wo be: “Nye kple nye dukɔ míekpe aʋa dziŋɔ aɖe kple Amonitɔwo. Meyɔ mi be miava kpe ɖe ŋunye, gake mieva ɖem le wo si me o. 3 Esi mekpɔe be miegbɔna xɔxɔ ge nam o la, meɖoe be matsɔ nye agbe ade afɔku me* ahaho ɖe Amonitɔwo ŋu,+ eye Yehowa tsɔ wo de asi nam. Ke nu ka tae mieva egbea be miawɔ aʋa kplim?”

4 Enumake Yefta ƒo Gilead+ ŋutsuwo katã nu ƒu, eye wowɔ aʋa kple Efrayim; eye Gilead ŋutsuwo ɖu Efrayimtɔ siwo gblɔ be, “Mi Gileadtɔ siwo le Efrayim kple Manase la, sisilawo koe mienye tso Efrayim” la dzi. 5 Gileadtɔwo va xe mɔ le Yordan tɔtsoƒewo+ le Efrayim ŋgɔ; eye ne Efrayim ŋutsuwo si va yina la, wogblɔna be, “Mina matso tɔ la”; eye Gilead ŋutsuwo biaa wo dometɔ ɖe sia ɖe be, “Efrayimtɔe nènyea?” Ne eɖo eŋu be, “Ao!” la, 6 wogblɔna nɛ be, “Taflatsɛ, gblɔ be Sibolet.” Ke egblɔna be, “Zibolet,” elabena metea ŋu yɔa nyaa nyuie o. Eye wolénɛ wuna ɖe Yordan tɔtsoƒe la. Ale Efrayimtɔ akpe blaene vɔ eve tsi yi nu ɣemaɣi.

7 Yefta drɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe ade; emegbe Yefta, Gileadtɔ la ku, eye woɖii ɖe wo dedu me le Gilead.

8 Le eyome la, Ibzan si tso Betlehem drɔ̃ ʋɔnu na Israel.+ 9 Viŋutsu blaetɔ̃ kple vinyɔnu blaetɔ̃ le esi. Ena vianyɔnuawo yi ɖaɖe ŋutsu siwo tso hlɔ̃ bubuwo me, eye wòna wokplɔ nyɔnu blaetɔ̃ vɛ na viaŋutsuwo woɖe. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe adre. 10 Emegbe Ibzan ku, eye woɖii ɖe Betlehem.

11 Le eyome Elon, Zebulontɔ la, drɔ̃ ʋɔnu na Israel. Edrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe ewo. 12 Emegbe Elon, Zebulontɔ la ku, eye woɖii ɖe Aiyalon le Zebulon-nyigba dzi.

13 Le eyome la, Abdon, Piratontɔ Hilel vi, drɔ̃ ʋɔnu na Israel. 14 Viŋutsu blaene kple tɔgbuiyɔvi blaetɔ̃ le esi, eye wodoa tedzi blaadre. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe enyi. 15 Emegbe Abdon, Piratontɔ Hilel vi la ku, eye woɖii ɖe Piraton le Efrayim-nyigba dzi le Amalektɔwo+ ƒe to la dzi.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe