-
4 Mose 15:8-10Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
8 “‘Ke ne ètsɔ nyitsu vɛ be woatsɔ asa numevɔ+ alo adzɔgbeɖeɖe tɔxɛ+ ƒe vɔ alo ŋutifafavɔ na Yehowa+ la, 9 ekema nàtsɔ wɔ memee efa me mama ɖe ewo ƒe akpa etɔ̃, si wotsɔ ami hin afã dzabae la, asa nuɖuvɔ+ akpe ɖe nyitsu la ŋu. 10 Eye nàtsɔ wain hin afã avɛ be woatsɔ asa nunovɔ+ be wòanye dzovɔsa si aʋẽ lilili* na Yehowa.
-