-
4 Mose 11:11Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
11 Eye Mose gblɔ na Yehowa be: “Nu ka tae nèdo nuxaxa na wò subɔla? Nu ka tae mève nunye o, ale be nètsɔ dukɔ blibo sia katã ƒe agba dro ɖe dzinye?+
-
-
4 Mose 11:15Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
15 Ne aleae nèle nu wɔ ge ɖe ŋunyee la, ekema meɖe kuku, wum fifia.+ Ne ève nunye la, ke mègana makpɔ dzivedonamenu siawo teƒe azɔ o.”
-
-
1 Fiawo 19:3, 4Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
3 Ale vɔvɔ̃ ɖo Eliya, eya ta esi dzo be yeaɖe yeƒe agbe.*+ Esi yi Beer-Seba,+ si le Yuda,+ ke egblẽ eƒe subɔvi la ɖe afi ma. 4 Eye wòzɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ yi gbedzi, eye wòva bɔbɔ nɔ ati dodoe aɖe te. Eye wòbia be yeaku* hegblɔ be: “Esɔ gbɔ! Oo Yehowa, ɖe nye agbe* ɖa azɔ,+ elabena nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.”
-