INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Psalmo 53:etamenuŋɔŋlɔ-6
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • Na henɔ la; ɖe Mahalat* ƒe atsyã nu. Maskil.* David ƒe ha.

      53 Bometsila* gblɔna le eƒe dzi me be:

      “Yehowa aɖeke meli o.”+

      Wowɔa nu madzɔmadzɔwo, nu tovo siwo nyɔa ŋu;

      Ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o.+

       2 Ke Mawu léa ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tso dziƒo+

      Be yeakpɔe ɖa be ame aɖe li si sea nu gɔme, eye wòbiaa Yehowa ta sena hã.+

       3 Wo katã wote ɖe aga;

      Wo katã wogblẽ keŋ.

      Ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o,

      Ðeka hɔ̃ hã meli o.+

       4 Ðe nu tovo wɔlawo dometɔ aɖeke medzea si nu oa?

      Wole nye dukɔ la ɖum hamham abe abolo ene.

      Womeyɔa Yehowa hã o.+

       5 Ke ŋɔdzi gã alé wo,

      Ŋɔdzi si tɔgbi melé wo kpɔ o,*

      Elabena Mawu aka ame si ho* ɖe ŋuwò la ƒe ƒuwo ahlẽ.

      Àna ŋukpe nalé wo, elabena Yehowa gbe wo.

       6 Oo, ne ɖe xɔname atso Zion+ ava na Israel ɖe!

      Ne Yehowa gakplɔ eƒe aboyomewo gbɔe la,

      Ekema Yakob nekpɔ dzidzɔ, Israel netso aseye.

  • Romatɔwo 3:10-12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Ame dzɔdzɔe aɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ hã meli o;+ 11 ame aɖeke meli si sea nu gɔme nyuie o; ame aɖeke meli si dia Mawu o. 12 Amegbetɔwo katã tra mɔ, wo katã wozu ame maɖinuwo; ame aɖeke meli si nyoa dɔme o, ɖeka pɛ hã meli o.”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe