Psalmowo
Na henɔ la; ɖe Mahalat* ƒe atsyã nu. Maskil.* David ƒe ha.
53 Bometsila* gblɔna le eƒe dzi me be:
“Yehowa aɖeke meli o.”+
Wowɔa nu madzɔmadzɔwo, nu tovo siwo nyɔa ŋu;
Ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o.+
2 Ke Mawu léa ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tso dziƒo+
Be yeakpɔe ɖa be ame aɖe li si sea nu gɔme, eye wòbiaa Yehowa ta sena hã.+
3 Wo katã wote ɖe aga;
Wo katã wogblẽ keŋ.
Ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o,
Ðeka hɔ̃ hã meli o.+
4 Ðe nu tovo wɔlawo dometɔ aɖeke medzea si nu oa?
Wole nye dukɔ la ɖum hamham abe abolo ene.
Womeyɔa Yehowa hã o.+
5 Ke ŋɔdzi gã alé wo,
Ŋɔdzi si tɔgbi melé wo kpɔ o,*
Elabena Mawu aka ame si ho* ɖe ŋuwò la ƒe ƒuwo ahlẽ.
Àna ŋukpe nalé wo, elabena Yehowa gbe wo.
6 Oo, ne ɖe xɔname atso Zion+ ava na Israel ɖe!
Ne Yehowa gakplɔ eƒe aboyomewo gbɔe la,
Ekema Yakob nekpɔ dzidzɔ, Israel netso aseye.