-
Yeremiya 47:1Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
47 Esiae nye Yehowa ƒe gbe si va na nyagblɔɖila Yeremiya ɖe Filistitɔwo+ ŋu hafi Farao va si Gaza.
-
-
Yoel 3:4Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
4 Oo Tiro kple Sidon kpakple mi Filistia nutowo katã,
Miawo hã nya kae le nye kpli mi dome?
Nane teƒe ɖom miele nama?
Ne nenemae la,
Ekema mawɔ kaba ahe miaƒe nuwɔna ava miaƒe ta dzi alɔtsɔtsɔe.+
-
-
Zefaniya 2:4Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
4 Elabena Gaza azu du si me ame aɖeke manɔ o;
Eye Askelon azu aƒedo.
Woanya Asdod le ŋdɔkutsu dzatsɛ,
Eye woaho Ekron kple ke.
-
-
Zakariya 9:5Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
5 Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe;
Ŋɔdzi alé Gaza hã vevie,
Eye aleae wòanɔ na Ekron hã, elabena eƒe ŋuɖoɖeŋua azu ŋukpe nɛ.
Fia atsrɔ̃ le Gaza,
Eye ame maganɔ Askelon o.+
-