INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yesaya 29:18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 Gbe ma gbe la, tokunɔwo ase agbalẽ la me nyawo,

      Eye ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋkuwo akpɔ nu tso blukɔ kple viviti me.+

  • Yeremiya 6:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 “Ame kae maƒo nu na ahaxlɔ̃ nui?

      Ame kae aɖo to?

      Kpɔ ɖa! Woƒe to me xe,* eya tae womeléa to ɖe nya ŋu o.+

      Kpɔ ɖa! Yehowa ƒe nya zu alɔmeɖenu na wo;+

      Medoa dzidzɔ na wo o.

  • Marko 7:32-35
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 32 Wokplɔ ŋutsu tokunɔ aɖe si metea ŋu ƒoa nu nyuie o la va egbɔ le afi ma,+ eye woɖe kuku nɛ vevie be wòada asi ɖe edzi. 33 Ekplɔe do le ameha la dome yi adzɔge. Eye wòtsɔ eƒe asibidɛwo de ŋutsua ƒe to me, eɖe ta, eye wòka asi eƒe aɖe ŋu.+ 34 Ekpɔ dziƒo, eɖe hũ, eye wògblɔ nɛ be: “Efata,” si gɔmee nye: “Ʋu.” 35 Ale eƒe towo ʋu,+ eye eƒe aɖeka hã ɖɔ ɖo wòde asi nuƒoƒo me nyuie.

  • Luka 7:22
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 22 Eɖo eŋu na wo be: “Miheyi ɖagblɔ nu siwo miekpɔ kple nu siwo miese la na Yohanes: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm,+ bunɔwo le zɔzɔm, anyidɔlélawo* ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem,+ wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre, eye wole nya nyui la gblɔm na ame dahewo.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe