-
Yeremiya 44:12-14Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
12 Mana Yuda ƒe ame susɔe siwo ɖoe kplikpaa be yewoayi Egipte-nyigba dzi aɖanɔ afi ma la katã natsrɔ̃ le Egipte-nyigba dzi.+ Woatsi yi nu, eye dɔwuame ana wo nu nayi, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, woaku ɖe yi kple dɔwuame si me. Woazu fiƒode, ŋɔdzinu, ɖiŋudonu kple vlodonu.+ 13 Matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃* ahe to na Egipte-nyigba dzi nɔlawo, abe ale si mehe to na Yerusalem ene.+ 14 Yuda ƒe ame susɔe siwo yi be yewoaɖanɔ Egipte-nyigba dzi la dometɔ aɖeke masi alo atsi agbe atrɔ ava Yuda-nyigba dzi o. Adzro wo* be yewoatrɔ ayi aɖanɔ afi ma, gake womate ŋui o, negbe aʋasila ʋɛ aɖewo ko.’”
-
-
Yeremiya 44:27, 28Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
27 Kpɔ ɖa, nye ŋku le wo ŋu hena vɔ̃wɔwɔ, eye menye na nyuiwɔwɔ o;+ yi kple dɔwuame ana Yudatɔ siwo katã le Egipte-nyigba dzi la nu nayi va se ɖe esime woatsrɔ̃ avɔ.+ 28 Ame ʋɛ aɖewo koe asi le yi nu atrɔ tso Egipte-nyigba dzi agbɔ va Yuda-nyigba dzi.+ Eye Yuda ƒe ame susɔe siwo katã yi Egipte-nyigba dzi be yewoaɖanɔ afi ma la adze si ame si ƒe nyawo va eme, be tɔnyee loo alo woawo tɔe hã!”’”
-