-
Yeremiya 42:17, 18Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
17 Eye ame siwo katã aɖoe kplikpaa be yewoayi Egipte aɖanɔ afi ma la, woawoe atsi yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃* si me. Woƒe ame aɖeke matsi agbe alo asi o, le vɔ̃ si he ge mala ava wo dzi la ta.”’
18 “Elabena ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: ‘Ale si ko metrɔ nye dziku kple nye dɔmedzoe kɔ ɖe Yerusalem nɔlawo dzi la,+ nenema kee matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe miawo hã mia dzi ne mieyi Egipte, miazu fiƒode kple ŋɔdzinu, ɖiŋudonu kple vlodonu,+ eye miagakpɔ teƒe sia kple ŋku akpɔ o.’
-