-
2 Fiawo 25:13-16Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
13 Eye Kaldeatɔwo gbã akɔblisɔti+ siwo le Yehowa ƒe aƒe la me kple kekeawo+ kpakple akɔbligazɔ+ si le Yehowa ƒe aƒe la me, eye wolɔ akɔbli la yi Babilon.+ 14 Wotsɔ dzofilɔgbaawo, sofiawo, dzotsinuawo, kpluawo, kple akɔblinu siwo katã wozãna na subɔsubɔdɔ wɔwɔ le gbedoxɔa me la dzoe. 15 Fiaŋudzɔlawo ƒe amegã la tsɔ dzoɖenu kple agba goboe siwo wotsɔ sika nyuitɔ+ kple klosalo nyuitɔ+ wɔ la dzoe. 16 Ke sɔti eveawo, gazɔ gã la kple keke siwo Salomo wɔ na Yehowa ƒe aƒea ƒe akɔbli ya mele dada me o.+
-