INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Fiawo 25:13, 14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 13 Eye Kaldeatɔwo gbã akɔblisɔti+ siwo le Yehowa ƒe aƒe la me kple kekeawo+ kpakple akɔbligazɔ+ si le Yehowa ƒe aƒe la me, eye wolɔ akɔbli la yi Babilon.+ 14 Wotsɔ dzofilɔgbaawo, sofiawo, dzotsinuawo, kpluawo, kple akɔblinu siwo katã wozãna na subɔsubɔdɔ wɔwɔ le gbedoxɔa me la dzoe.

  • 2 Kronika 36:18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 Elɔ Mawu vavã la ƒe aƒe la ŋu dɔwɔnuawo katã, gãwo kple sueawo, kple Yehowa ƒe aƒe la me kesinɔnuwo kpakple fia la kple eƒe amegãwo ƒe kesinɔnuwo katã yi Babilon.+

  • Yeremiya 52:17, 18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Kaldeatɔwo gbã akɔblisɔti+ siwo le Yehowa ƒe aƒe la me kple kekeawo+ kpakple akɔbligazɔ+ si le Yehowa ƒe aƒe la me, eye wolɔ akɔbli la yi Babilon.+ 18 Eye wotsɔ dzofilɔgbaawo, sofiawo, dzotsinuawo, agba goboeawo,+ kpluawo+ kple akɔblinu siwo katã wozãna na subɔsubɔdɔ wɔwɔ le gbedoxɔa me la dzoe.

  • Daniel 5:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Ale woyi ɖatsɔ sikanu siwo wolɔ tso gbedoxɔ, si nye Mawu ƒe aƒe, si nɔ Yerusalem me la vɛ, eye fia la kple eƒe amegãwo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãwo no nu le wo me.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe