INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Kronika 28
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

1 Kronika Totoɖeme

      • David ƒo nu tso gbedoxɔa tutu ŋu (1-8)

      • Mɔfiamewo na Salomo; wotsɔ xɔa ƒe nɔnɔmetata nɛ (9-21)

1 Kronika 28:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 27:1
  • +2Mo 18:25
  • +1Kr 3:1-9
  • +1Kr 27:25, 29
  • +1Kr 11:10

1 Kronika 28:2

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ps 132:3-5
  • +1Kr 22:2-4

1 Kronika 28:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 17:4
  • +1Kr 22:7, 8

1 Kronika 28:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 16:1, 13; 2Sa 7:8; Ps 89:20
  • +1Mo 49:10; 1Kr 5:2; Ps 60:7
  • +Ru 4:22
  • +1Sa 13:14; 16:11, 12

1 Kronika 28:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 3:1-9
  • +1Kr 22:9
  • +1Kr 17:14; 2Kr 1:8

1 Kronika 28:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 7:13, 14

1 Kronika 28:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 17:13, 14; Ps 72:8
  • +5Mo 12:1; 1Fi 6:12

1 Kronika 28:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +5Mo 6:3

1 Kronika 28:9

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

  • *

    Alo, “kpakple lɔlɔ̃nu faa.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +5Mo 10:12
  • +1Sa 16:7; 1Kr 29:17; Lod 17:3; Nyɖ 2:23
  • +5Mo 31:21; Ps 139:2
  • +Mt 7:7; Heb 11:6; Yak 4:8
  • +5Mo 31:17; 2Kr 15:2; Heb 10:38

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Te Ðe Yehowa Ŋu, axa 242

    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Agbalẽ, nusɔsrɔ̃ 58

    Gbetakpɔxɔ,

    11/1/2010, axa 30

    10/15/2008, axa 7

    2/15/2005, axa 19

1 Kronika 28:11

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “avuléxɔ.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 3:4
  • +3Mo 16:2; 1Fi 6:19
  • +Heb 8:5

1 Kronika 28:12

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “siwo wotsɔ na.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 6:36; 7:12
  • +1Kr 9:26; 26:20

1 Kronika 28:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 24:1

1 Kronika 28:15

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 4:7

1 Kronika 28:16

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “ŋkumeɖobolo.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 4:8, 19

1 Kronika 28:17

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 7:48, 50

1 Kronika 28:18

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 7:48
  • +Ps 18:10
  • +2Mo 25:20; 1Sa 4:4; 1Fi 6:23

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo, 3/2024, axa 3

1 Kronika 28:19

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 25:9, 40
  • +1Kr 28:11

1 Kronika 28:20

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +5Mo 31:6; Yos 1:6, 9; Ro 8:31
  • +Yos 1:5

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    9/2017, axa 28-29, 32

1 Kronika 28:21

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 24:1
  • +1Kr 24:20
  • +2Mo 36:1, 2
  • +1Kr 22:17; 28:1

Bubuwo

1 Kron. 28:11Kr 27:1
1 Kron. 28:12Mo 18:25
1 Kron. 28:11Kr 3:1-9
1 Kron. 28:11Kr 27:25, 29
1 Kron. 28:11Kr 11:10
1 Kron. 28:2Ps 132:3-5
1 Kron. 28:21Kr 22:2-4
1 Kron. 28:31Kr 17:4
1 Kron. 28:31Kr 22:7, 8
1 Kron. 28:41Sa 16:1, 13; 2Sa 7:8; Ps 89:20
1 Kron. 28:41Mo 49:10; 1Kr 5:2; Ps 60:7
1 Kron. 28:4Ru 4:22
1 Kron. 28:41Sa 13:14; 16:11, 12
1 Kron. 28:51Kr 3:1-9
1 Kron. 28:51Kr 22:9
1 Kron. 28:51Kr 17:14; 2Kr 1:8
1 Kron. 28:62Sa 7:13, 14
1 Kron. 28:71Kr 17:13, 14; Ps 72:8
1 Kron. 28:75Mo 12:1; 1Fi 6:12
1 Kron. 28:85Mo 6:3
1 Kron. 28:95Mo 10:12
1 Kron. 28:91Sa 16:7; 1Kr 29:17; Lod 17:3; Nyɖ 2:23
1 Kron. 28:95Mo 31:21; Ps 139:2
1 Kron. 28:9Mt 7:7; Heb 11:6; Yak 4:8
1 Kron. 28:95Mo 31:17; 2Kr 15:2; Heb 10:38
1 Kron. 28:112Kr 3:4
1 Kron. 28:113Mo 16:2; 1Fi 6:19
1 Kron. 28:11Heb 8:5
1 Kron. 28:121Fi 6:36; 7:12
1 Kron. 28:121Kr 9:26; 26:20
1 Kron. 28:131Kr 24:1
1 Kron. 28:152Kr 4:7
1 Kron. 28:162Kr 4:8, 19
1 Kron. 28:171Fi 7:48, 50
1 Kron. 28:181Fi 7:48
1 Kron. 28:18Ps 18:10
1 Kron. 28:182Mo 25:20; 1Sa 4:4; 1Fi 6:23
1 Kron. 28:192Mo 25:9, 40
1 Kron. 28:191Kr 28:11
1 Kron. 28:205Mo 31:6; Yos 1:6, 9; Ro 8:31
1 Kron. 28:20Yos 1:5
1 Kron. 28:211Kr 24:1
1 Kron. 28:211Kr 24:20
1 Kron. 28:212Mo 36:1, 2
1 Kron. 28:211Kr 22:17; 28:1
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
1 Kronika 28:1-21

1 Kronika

28 David ƒo Israel ƒe amegãwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem: toawo ƒe amegãwo, ame siwo subɔa fia la ƒe hatsotsowo ƒe amegãwo,+ ame akpe ƒe tatɔwo kple ame alafa ƒe tatɔwo,+ kple tatɔ siwo kpɔa fia kple viawo+ ƒe nunɔamesiwo kple woƒe lãhawo katã dzi+ hekpe ɖe fiaŋumewo kple kalẽtɔwo kple ŋutsu veviedolawo katã ŋuti.+ 2 Eye Fia David tso ɖe tsitrenu gblɔ be:

“Nɔvinyewo kple nye dukɔ, miɖo tom. Medi vevie tso dzi me be matu xɔ si anye gbɔɖemeƒe na Yehowa ƒe nubablaɖaka la wòanye mía Mawu la ƒe afɔɖodzinu,+ eye medzra ɖo ɖe etutu ŋu hã.+ 3 Ke Mawu vavã la gblɔ nam be: ‘Màtu xɔ na nye ŋkɔ o,+ elabena aʋame nènye, eye nèkɔ ʋu ɖi.’+ 4 Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tiam tso fofonye ƒe aƒe blibo la me be mazu fia ɖe Israel nu tegbee,+ elabena Yudae wòtia be wòanye kplɔla,+ eye wòtia fofonye ƒe aƒe+ le Yuda ƒe me, eye nye nue dze eŋu le fofonye ƒe viwo dome be wòtsɔm ɖo fiae ɖe Israel blibo la nu.+ 5 Eye le vinyewo katã—elabena Yehowa na vi geɖem+—dome la, etia vinye Salomo+ be wòanɔ Yehowa ƒe fianyenye ɖe Israel dzi ƒe fiazikpui la dzi.+

6 “Egblɔ nam be: ‘Viwò Salomo ye atu nye xɔ kple nye xɔxɔnuwo, elabena metiae be wòanye vinye, eye mazu fofoa.+ 7 Mali ke eƒe fiaɖuɖu tegbee+ nenye be eɖoe kplikpaa wɔ nye sededewo kple nye ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo+ dzi, abe ale si wòle ewɔm fifia ene.’ 8 Eya ta mele egblɔm na mi le Israel blibo, si nye Yehowa ƒe ha la ŋkume, kple mía Mawu la ƒe to me be: Midi Yehowa mia Mawu la ƒe sededewo katã yome mɔ ne miawɔ wo dzi pɛpɛpɛ, be miaxɔ anyigba nyui la wòazu mia tɔ,+ ne miagblẽe ɖi na mia megbeviwo woatsɔ anyi dome tegbee.

9 “Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nàsubɔe kple dzi blibo+ kpakple luʋɔ* kpɔdzidzɔ,* elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna,+ eye wòdzea si tamesusuwo kple dzimedidiwo katã.+ Ne èdii la, ekema ana nàke ɖe eŋu,+ ke ne ègblẽe ɖi la, agbe wò tegbee.+ 10 Eya ta kpɔ ɖa, Yehowa tia wò be nàtu xɔ si anye kɔkɔeƒe. Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ dɔ la ade goe.”

11 Eye David tsɔ xɔ la ƒe akpata+ la, eŋu xɔwo, eme nudzraɖoƒexɔwo, eŋu xɔtaxɔwo, xɔ ememetɔwo kple avuléle ƒe nutunu la ƒe xɔ*+ ƒe nɔnɔmetata+ de asi na via Salomo. 12 Etsɔ nu siwo katã wòxɔ to gbɔgbɔ la dzi la ƒe nɔnɔmetata de asi nɛ: Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnuwo,+ nuɖuxɔawo katã godoo va kpe, kesinɔnudzraɖoƒe siwo le Mawu vavã la ƒe aƒe la me kple nu siwo ŋu wokɔ* la dzraɖoƒewo;+ 13 nunɔlawo kple Lewi viwo ƒe hatsotsoawo,+ Yehowa ƒe aƒe ŋuti subɔsubɔdɔ blibo la katã kple Yehowa ƒe aƒe la ƒe subɔsubɔdɔ la ŋu nuwo katã; 14 sika kpekpeme si nu woada, sika si woazã ɖe sikadɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔdɔa me ŋu, klosalo kpekpeme si nu woazã ɖe klosalodɔwɔnu vovovo siwo katã ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔdɔa me ŋu; 15 ɖe sikakaɖitiawo+ kple wo ŋu sikakaɖigbɛawo ƒe kpekpeme si nu woazã ŋu, ɖe sikakaɖiti vovovoawo kple wo ŋu akaɖigbɛawo ƒe kpekpeme nu, kple klosalokaɖitiawo ɖe akaɖiti ɖe sia ɖe kple eŋu akaɖigbɛawo ƒe kpekpeme nu, le ale si woawɔ akaɖiti vovovoawo ŋu dɔe nu; 16 kple sika kpekpeme si nu woazã ɖe kplɔ̃ siwo dzi woaɖo abolowo ɖe wo nɔewo dzi* ɖo la ŋu,+ ɖe kplɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu, kple klosalo ɖe klosalokplɔ̃awo ŋu, 17 sika nyuitɔ si nu woatsɔ awɔ gafloawo, agba goboeawo kple zeawo, sikagba goboe+ suewo ɖe agba goboe sue ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nu, kple klosalogba goboe suewo ɖe agba goboe sue ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nu. 18 Azɔ hã etsɔ sika si ŋu wodza ƒe kpekpeme si nu woazã ɖe dzudzɔdomlekpui+ la kple nu si le tsitre ɖi na tasiaɖam+ la, si nye sikakerubi+ siwo akeke aʋala me wòatsyɔ Yehowa ƒe nubablaɖakaa dzi ŋu la nɛ. 19 David gblɔ be: “Yehowa ƒe asi si nɔ kplim, eye wòna gɔmesese detom be maŋlɔ+ ale si xɔ la ƒe akpa vovovoawo anɔ la ŋuti mɔfiamewo+ katã ɖi tsitotsito.”

20 Eye David gagblɔ na via Salomo be: “Lé dzi ɖe ƒo, sẽ ŋu, eye nàwɔ dɔ la. Mègavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o, elabena Yehowa Mawu, nye Mawu, li kpli wò.+ Maɖe asi le ŋuwò loo alo agblẽ wò ɖi o,+ ke boŋ anɔ kpli wò va se ɖe esime Yehowa ƒe aƒe ŋuti dɔ blibo la katã wu enu. 21 Eye kpɔ ɖa, nunɔlawo+ kple Lewi+ viwo ƒe hatsotsowoe nye esi hena Mawu vavã la ƒe aƒe la ŋuti subɔsubɔdɔ blibo la katã wɔwɔ. Aɖaŋudɔwɔla siwo katã lɔ̃ faa na dɔ vovovoawo wɔwɔ+ hekpe ɖe amegãwo+ kple dukɔ blibo la katã ŋu le gbɔwò, ame siwo awɔ ɖe wò mɔfiamewo katã dzi.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe