Psalmowo
149 Mikafu Yah!*
4 Elabena Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyoa eŋu.+
Etsɔa xɔname ɖoa atsyɔ̃ na ame fafawo.+
5 Nuteƒewɔlawo netso aseye le woƒe bubu ta;
Wonegli kple dzidzɔ le woƒe abawo dzi.+
6 Mawukafukafuha nanɔ nu na wo,
Eye yi nuevee nanɔ woƒe asiwo me,
7 Ne woabia hlɔ̃ dukɔwo,
Eye woahe to na amehawo,
8 Ne woade kɔsɔkɔsɔ woƒe fiawo,
Kple gakunyowu woƒe bubumewo,
9 Ne woahe ʋɔnudɔdrɔ̃ si woŋlɔ ɖi ɖe wo ŋu la ava wo dzi.+
Esiae nye bubu si woade eƒe nuteƒewɔlawo katã ŋu.
Mikafu Yah!*