INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Korintotɔwo 3
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

1 Korintotɔwo Totoɖeme

      • Korintotɔwo ganye ŋutilãmemewo kokoko (1-4)

      • Mawue nana wòtsina (5-9)

        • Mawu ƒe hadɔwɔlawo (9)

      • Zã xɔtunu siwo dzo mate ŋu afiã o (10-15)

      • Mienye Mawu ƒe gbedoxɔ (16, 17)

      • Xexea me nunya nye bometsitsi le Mawu gbɔ (18-23)

1 Korintotɔwo 3:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Ko 2:15; Kol 1:9
  • +1Ko 14:20

1 Korintotɔwo 3:2

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Heb 5:12-14

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    1/1/1996, axa 29

1 Korintotɔwo 3:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ro 8:7, 8
  • +Ga 5:19, 20

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ, 3/1/2009, axa 31

1 Korintotɔwo 3:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 18:24, 25

1 Korintotɔwo 3:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Ko 3:5, 6; Kol 1:23; 1Ti 1:12

1 Korintotɔwo 3:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 18:4
  • +Dw 18:26-28; 19:1

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    7/2021, axa 3

    Gbetakpɔxɔ (1999),

    7/15/1999, axa 12

    10/1/1996, axa 22

1 Korintotɔwo 3:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ro 9:16

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    7/15/2008, axa 12, 16

1 Korintotɔwo 3:8

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “taɖodzinu ɖekae le wo si.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ro 2:6; 1Ko 4:5; Nyɖ 22:12

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    5/2018, axa 15

    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!, axa 92

    Gbetakpɔxɔ,

    7/15/2008, axa 13-14

    Mawuɖekaetɔ̃, axa 24

1 Korintotɔwo 3:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ef 2:22; 1Pe 2:5

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    7/2021, axa 3

    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Agbalẽ, nusɔsrɔ̃ 21

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    8/2018, axa 23

    Gbetakpɔxɔ,

    11/15/2012, axa 17

    7/15/1999, axa 12

    11/1/1998, axa 8

1 Korintotɔwo 3:10

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “xɔtulagã dzeaɖaŋu.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ro 15:20; Heb 6:1

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (1999),

    7/15/1999, axa 13

    11/1/1998, axa 8-10, 14-15

1 Korintotɔwo 3:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ps 118:22; Yes 28:16; Mt 21:42; Ef 2:20; 1Pe 2:6

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (1999),

    7/15/1999, axa 13-14

    11/1/1998, axa 9-10

1 Korintotɔwo 3:12

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (1999),

    7/15/1999, axa 12-13

    11/1/1998, axa 10-13

    Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ, axa 55

1 Korintotɔwo 3:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Pe 4:12

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (1999),

    7/15/1999, axa 12-13

    12/15/1998, axa 30

    11/1/1998, axa 10-11

1 Korintotɔwo 3:14

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (1998),

    11/1/1998, axa 11-12

1 Korintotɔwo 3:15

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (1998),

    11/1/1998, axa 11-13

1 Korintotɔwo 3:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Ko 6:16; Ef 2:21; 1Pe 2:5
  • +1Ko 6:19

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Nyaɖeɖefia, axa 29

1 Korintotɔwo 3:17

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Pe 2:5

1 Korintotɔwo 3:18

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

1 Korintotɔwo 3:19

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Hio 5:13

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Srɔ̃ Woƒe Xɔse, nyati 5

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    5/2019, axa 21-25

1 Korintotɔwo 3:20

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Kpɔ Megbenyawo A5.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ps 94:11

1 Korintotɔwo 3:22

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Wogayɔnɛ be Petro.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Ko 1:12

1 Korintotɔwo 3:23

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yh 17:9; 2Ko 10:7

Bubuwo

1 Kor. 3:11Ko 2:15; Kol 1:9
1 Kor. 3:11Ko 14:20
1 Kor. 3:2Heb 5:12-14
1 Kor. 3:3Ro 8:7, 8
1 Kor. 3:3Ga 5:19, 20
1 Kor. 3:4Dw 18:24, 25
1 Kor. 3:52Ko 3:5, 6; Kol 1:23; 1Ti 1:12
1 Kor. 3:6Dw 18:4
1 Kor. 3:6Dw 18:26-28; 19:1
1 Kor. 3:7Ro 9:16
1 Kor. 3:8Ro 2:6; 1Ko 4:5; Nyɖ 22:12
1 Kor. 3:9Ef 2:22; 1Pe 2:5
1 Kor. 3:10Ro 15:20; Heb 6:1
1 Kor. 3:11Ps 118:22; Yes 28:16; Mt 21:42; Ef 2:20; 1Pe 2:6
1 Kor. 3:131Pe 4:12
1 Kor. 3:162Ko 6:16; Ef 2:21; 1Pe 2:5
1 Kor. 3:161Ko 6:19
1 Kor. 3:171Pe 2:5
1 Kor. 3:19Hio 5:13
1 Kor. 3:20Ps 94:11
1 Kor. 3:221Ko 1:12
1 Kor. 3:23Yh 17:9; 2Ko 10:7
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
1 Korintotɔwo 3:1-23

1 Korintotɔwo

3 Eya ta nɔviwo, nyemete ŋu ƒo nu na mi abe ame siwo tsi le gbɔgbɔ me ene o,+ ke boŋ abe ŋutilãmemewo ene, abe vidzĩwo+ le Kristo me ene. 2 Mena notsi mi mieno, ke menye nuɖuɖu sesẽ o, elabena miesẽ ŋu nyuie ɣemaɣi o. Le nyateƒe me la, miesẽ ŋu nyuie fifia hã o,+ 3 elabena ŋutilãmemewo ko mieganye.+ Esi ŋuʋaʋã kple dzre le mia dome la, ɖe menye ŋutilãmemewoe mieganye,+ eye miegale zɔzɔm abe ame bubuwo ke ene oa? 4 Elabena ne ame aɖe be, “Paulo tɔe menye,”+ eye ame bubu be, “Apolo tɔe nye ya menye” la, ekema menye ɖe miele nu wɔm abe ame bubuwo ke ene oa?

5 Evɔ ɖe, ame kae nye Apolo? Eye ame kae nye Paulo? Subɔla+ siwo dzi mieto zu xɔsetɔwoe wonye, abe ale si Aƒetɔ la dee asi na ame sia ame ene. 6 Medo nu,+ Apolo de tsii,+ ke Mawue nana wòtsina, 7 ale be ame si do nu la menye naneke o, eye ame si de tsii hã menye naneke o, ke Mawu, ame si nana wòtsina la boŋ.+ 8 Ame si doa nu kple ame si dea tsii la wosɔ,* ke ame sia ame axɔ eya ŋutɔ ƒe fetu le eƒe agbagbadzedze nu.+ 9 Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye. Miawoe nye Mawu ƒe agble si dem wòle, Mawu ƒe xɔtutu.+

10 Le Mawu ƒe amenuveve la ta la, meɖo xɔ gɔme anyi+ abe xɔtula bibi* ene, ke ame bubu le etum ɖe edzi. Gake ame sia ame nakpɔ ale si wòle etum ɖe edzii la gbɔ nyuie. 11 Elabena ame aɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖoanyi bubu aɖeke wu esi li xoxo, si nye Yesu Kristo o.+ 12 Ke ne ame aɖe tsɔ sika, klosalo, kpe xɔasiwo, ati, bè, alo gbe tui ɖe gɔmeɖoanyia dzi la, 13 ame sia ame ƒe dɔwɔwɔ ava dze ƒãa woakpɔ, elabena ŋkeke la aɖee afia, elabena dzoe woatsɔ aɖee afia;+ eye dzo la ŋutɔ ado xɔ si ƒomevi ame sia ame tu la kpɔ. 14 Ne ame aɖe ƒe xɔ si wòtu ɖe edzi la tsi anyi la, axɔ fetu; 15 ne ame aɖe ƒe dɔ fiã la, ke nu abu nɛ, ke woaɖe eya ŋutɔ ya; gake anɔ abe dzo mee woɖee tsoe ene.

16 Ðe mienyae be Mawu ƒe gbedoxɔe mienye,+ eye Mawu ƒe gbɔgbɔ la le mia me oa?+ 17 Ne ame aɖe gblẽ Mawu ƒe gbedoxɔ la dome la, Mawu atsrɔ̃ eya hã; elabena Mawu ƒe gbedoxɔ la le kɔkɔe, eye miawoe nye gbedoxɔ ma.+

18 Ame aɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dometɔ aɖe susu be yenye nunyala le nuɖoanyi* sia me la, nezu bometsila, ale be wòazu nunyala. 19 Elabena xexe sia me nunya nye bometsitsi le Mawu gbɔ; elabena woŋlɔ ɖi be, “Eléa nunyalawo le woawo ŋutɔwo ƒe ayedzedze me.”+ 20 Eye wogaŋlɔ ɖi be: “Yehowa* nya be nunyalawo ƒe tamebubuwo nye dzodzro.”+ 21 Eya ta ame aɖeke megaƒo adegbe le amewo ŋuti o; elabena nuwo katã nye mia tɔ, 22 eɖanye Paulo, Apolo, alo Kefas*+ o, eɖanye xexea o, eɖanye agbe alo ku o, eɖanye nu siwo li fifia alo nu siwo gbɔna o, nuwo katã nye mia tɔ; 23 ke miawo hã mienye Kristo tɔ;+ ke Kristo hã nye Mawu tɔ.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe