INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ʋɔnudrɔ̃lawo 11
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

Ʋɔnudrɔ̃lawo Totoɖeme

      • Wonya ʋɔnudrɔ̃la Yefta, eva zu kplɔla emegbe (1-11)

      • Yefta ɖe kuku na Amon (12-28)

      • Yefta ƒe adzɔgbeɖeɖe kple vianyɔnu (29-40)

        • Yefta vinyɔnua ƒe trenɔnɔ (38-40)

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 12:7; 1Sa 12:11; Heb 11:32

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:2

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    4/2016, axa 4-5

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:3

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    5/15/2007, axa 8

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 10:17

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 11:2

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 10:18

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:9

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    5/15/2007, axa 9

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:10

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si see.”

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 10:17; 11:34

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    4/2016, axa 4-5

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:12

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nya kae le nye kpli wò dome?”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 19:36, 38

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 21:23, 24
  • +4Mo 21:26
  • +5Mo 3:16, 17

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:15

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 19:36, 37; 5Mo 2:9
  • +5Mo 2:19, 37

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 14:25
  • +4Mo 20:1

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:17

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 36:1; 4Mo 20:14; 5Mo 2:4
  • +1Mo 19:36, 37
  • +4Mo 20:22

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:18

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 21:4
  • +4Mo 21:11
  • +4Mo 21:13

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:19

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 21:21-26; 5Mo 2:26, 27

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:20

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +5Mo 2:32, 33

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:21

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yos 13:15, 21

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:22

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +5Mo 2:36

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:23

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Neh 9:22

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:24

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 11:7
  • +2Mo 23:28; 34:11; 4Mo 33:53; 5Mo 9:5; 18:12

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    5/15/2007, axa 9

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:25

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 22:2, 3; Yos 24:9

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:26

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 21:25
  • +4Mo 21:26

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:27

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yes 33:22

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    5/15/2007, axa 9

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:29

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 3:9, 10; Zak 4:6
  • +Ʋɔn 10:17

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    5/15/2007, axa 9

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +5Mo 23:21

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:31

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 1:11
  • +1Sa 1:24

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    4/2017, axa 4

    Srɔ̃ Nu Tso Biblia Me, axa 88-89

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    4/2016, axa 5-7

    Gbetakpɔxɔ,

    2/15/2008, axa 7-8

    8/15/2007, axa 19

    5/15/2007, axa 9-10

    1/15/2005, axa 25-26

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:34

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 10:17; 11:11

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:35

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “Èbɔbɔm ɖe anyi ŋutɔ.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 30:2; Ps 15:4; Nyg 5:4

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    4/2017, axa 4

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    4/2016, axa 6-7

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:36

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 11:30, 31

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    4/2016, axa 7-8

    Gbetakpɔxɔ,

    5/15/2007, axa 10

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:37

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    4/2017, axa 4

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:39

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “ɖoɖo.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 1:22, 24

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:40

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    5/15/2007, axa 10

Bubuwo

Ʋɔn. 11:1Ʋɔn 12:7; 1Sa 12:11; Heb 11:32
Ʋɔn. 11:4Ʋɔn 10:17
Ʋɔn. 11:7Ʋɔn 11:2
Ʋɔn. 11:8Ʋɔn 10:18
Ʋɔn. 11:11Ʋɔn 10:17; 11:34
Ʋɔn. 11:121Mo 19:36, 38
Ʋɔn. 11:134Mo 21:23, 24
Ʋɔn. 11:134Mo 21:26
Ʋɔn. 11:135Mo 3:16, 17
Ʋɔn. 11:151Mo 19:36, 37; 5Mo 2:9
Ʋɔn. 11:155Mo 2:19, 37
Ʋɔn. 11:164Mo 14:25
Ʋɔn. 11:164Mo 20:1
Ʋɔn. 11:171Mo 36:1; 4Mo 20:14; 5Mo 2:4
Ʋɔn. 11:171Mo 19:36, 37
Ʋɔn. 11:174Mo 20:22
Ʋɔn. 11:184Mo 21:4
Ʋɔn. 11:184Mo 21:11
Ʋɔn. 11:184Mo 21:13
Ʋɔn. 11:194Mo 21:21-26; 5Mo 2:26, 27
Ʋɔn. 11:205Mo 2:32, 33
Ʋɔn. 11:21Yos 13:15, 21
Ʋɔn. 11:225Mo 2:36
Ʋɔn. 11:23Neh 9:22
Ʋɔn. 11:241Fi 11:7
Ʋɔn. 11:242Mo 23:28; 34:11; 4Mo 33:53; 5Mo 9:5; 18:12
Ʋɔn. 11:254Mo 22:2, 3; Yos 24:9
Ʋɔn. 11:264Mo 21:25
Ʋɔn. 11:264Mo 21:26
Ʋɔn. 11:27Yes 33:22
Ʋɔn. 11:29Ʋɔn 3:9, 10; Zak 4:6
Ʋɔn. 11:29Ʋɔn 10:17
Ʋɔn. 11:305Mo 23:21
Ʋɔn. 11:311Sa 1:11
Ʋɔn. 11:311Sa 1:24
Ʋɔn. 11:34Ʋɔn 10:17; 11:11
Ʋɔn. 11:354Mo 30:2; Ps 15:4; Nyg 5:4
Ʋɔn. 11:36Ʋɔn 11:30, 31
Ʋɔn. 11:391Sa 1:22, 24
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
  • 24
  • 25
  • 26
  • 27
  • 28
  • 29
  • 30
  • 31
  • 32
  • 33
  • 34
  • 35
  • 36
  • 37
  • 38
  • 39
  • 40
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:1-40

Ʋɔnudrɔ̃lawo

11 Gileadtɔ Yefta+ nye aʋakalẽtɔ sesẽ aɖe; enye gbolo aɖe ƒe vi, eye Yefta fofoe nye Gilead. 2 Gilead srɔ̃ dzi ŋutsuvi bubuwo hã nɛ. Esi srɔ̃a ƒe viwo tsi la, wonya Yefta hegblɔ nɛ be: “Domenyinu aɖeke masu asiwò le mía fofo ƒe me o, elabena nyɔnu bubu ƒe vie nènye.” 3 Eya ta Yefta si le nɔviawo nu, eye wòva nɔ Tob-nyigba dzi. Eye ŋutsu dɔaɖekemawɔlawo va wɔ ɖeka kple Yefta, eye wodze eyome.

4 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Amonitɔwo kpe aʋa kple Israel.+ 5 Esi Amonitɔwo kpe aʋa kple Israel la, enumake Gilead-metsitsiwo yi be yewoaɖakplɔ Yefta tso Tob-nyigba dzi vɛ. 6 Wogblɔ na Yefta be: “Va nye míaƒe aʋafia, ne míawɔ aʋa kple Amonitɔwo.” 7 Ke Yefta bia Gilead-metsitsiwo be: “Menye miawoe lé fum vevie henyam le fofonye ƒe me oa?+ Ke nu ka tae mieva gbɔnye azɔ esi mieɖo xaxa me?” 8 Eye Gilead-metsitsiwo gblɔ na Yefta be: “Esia ta míeva gbɔwò ɖo. Ne èyi kpli mí ɖawɔ aʋa kple Amonitɔwo la, àzu mí Gileadtɔwo katã ƒe kplɔla.”+ 9 Eya ta Yefta gblɔ na Gilead-metsitsiawo be: “Ne miekplɔm gbɔe meyi ɖawɔ aʋa kple Amonitɔwo, eye Yehowa ɖu wo dzi nam la, ekema mazu miaƒe kplɔla!” 10 Eye Gilead-metsitsiawo ɖo eŋu na Yefta be: “Yehowa nanye ɖasefo* le mí kpli wò dome ne míewɔ nya si nègblɔ la dzi o.” 11 Eya ta Yefta yi kple Gilead-metsitsiawo, eye dukɔ la tsɔe ɖo woƒe kplɔla kple aʋafia. Eye Yefta gbugbɔ gblɔ nya siwo wògblɔ la katã le Yehowa ŋkume le Mizpa.+

12 Eye Yefta dɔ ame ɖo ɖe Amonitɔwo+ ƒe fia gbɔ be: “Nu kae mewɔ ɖe ŋuwò* hafi nèho aʋa ɖe nye anyigba ŋu?” 13 Amonitɔwo ƒe fia gblɔ na Yefta ƒe ame dɔdɔawo be: “Elabena Israel xɔ nye anyigba esime woʋu tso Egipte va,+ woxɔe tso Arnon+ va se ɖe Yabok va ɖo keke Yordan+ nu ke. Eya ta azɔ la, gbugbɔe nam kpoo.” 14 Ke Yefta gadɔ ame ɖo ɖe Amonitɔwo ƒe fia ake 15 be woagblɔ nɛ be:

“Ale Yefta gblɔe nye esi: ‘Israel mexɔ Moabtɔwo+ ƒe anyigba kple Amonitɔwo ƒe anyigba+ o, 16 elabena esime Israel ʋu tso Egipte la, woto gbedzi va ɖo Ƒudzĩ+ la nu heva Kades.+ 17 Eye Israel dɔ ame ɖo ɖe Edom-fia,+ be woagblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, na míato wò anyigba dzi ayi,” ke Edom-fia+ meɖo toe o. Edɔ ame ɖo ɖe Moab-fia hã, ke eya hã melɔ̃ o. Eye Israel tsi Kades.+ 18 Esi woto gbea dzi la, wotso Edom-nyigba+ kple Moab-nyigba ɖi. Woto Moab-nyigba+ ƒe ɣedzeƒe gome heva ƒu asaɖa anyi ɖe Arnon nuto la me; womege ɖe Moab+ ƒe anyigba dzi o, elabena Arnon ye do liƒo na Moab.

19 “‘Emegbe Israel dɔ ame ɖo ɖe Amoritɔwo ƒe fia Sihon, si nye Hesbon-fia, eye Israel gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, na míato wò anyigba dzi ayi míawo ŋutɔwo mía nɔƒe.”+ 20 Ke Sihon meka ɖe Israel-viwo dzi ne wòana woato eƒe anyigba dzi ayi o, eya ta Sihon ƒo eƒe amewo katã nu ƒu heva ƒu asaɖa anyi ɖe Yahaz, eye wòwɔ aʋa kple Israel.+ 21 Eye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tsɔ Sihon kple eƒe amewo katã de asi na Israel, ale be woɖu wo dzi, eye Israel xɔ Amoritɔ siwo nye anyigba ma dzi tɔwo la ƒe anyigba katã.+ 22 Ale woxɔ Amoritɔwo ƒe anyigba la katã wòzu wo tɔ tso Arnon-tɔsisia nu va se ɖe Yabok-tɔsisia nu, tso gbea dzi va se ɖe Yordan nu.+

23 “‘Yehowa, Israel ƒe Mawu lae nya Amoritɔwo ɖa le eƒe dukɔ Israel+ ŋgɔ, azɔ wòa nèbe yeanya wo ɖa? 24 Menye nu sia nu si wò mawu Kemos+ na wò lae nye tɔwò oa? Eya ta ame sia ame si mía Mawu Yehowa nya ɖa le mía ŋgɔ lae míanya ɖa.+ 25 Azɔ wòe nyo wu Moab-fia Balak,+ Zipor vi la? Ðe wòhe nya kple Israel alo wɔ aʋa kplii kpɔa? 26 Esi Israel nɔ Hesbon kple eŋu duwo,+ Aroer kple eŋu duwo, kpakple du siwo katã le Arnon ŋu la me ƒe alafa etɔ̃ sɔŋ ɖe, nu ka tae mète kpɔ be yeagbugbɔ xɔe le wo si ɣemaɣi o?+ 27 Nyemewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o, eya ta tɔwò medzɔ be nèho aʋa ɖe ŋunye o. Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la+ la, nadrɔ̃e le Israel-viwo kple Amonitɔwo dome egbea.’”

28 Ke Amonitɔwo ƒe fia la meɖo to Yefta ƒe nya siwo wògblɔ ɖo ɖee la o.

29 Ale Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Yefta dzi,+ eye wòto Gilead kple Manase yi Mizpe si le Gilead, eye wòtso Mizpe si le Gilead+ ɖo ta Amonitɔwo gbɔ.

30 Eye Yefta ɖe adzɔgbe+ na Yehowa gblɔ be: “Ne ètsɔ Amonitɔwo de asi nam la, 31 ekema ame si ado tso nye aƒe ƒe agbo nu ava kpem ne megbɔ tso Amonitɔwo gbɔ le ŋutifafa me la, azu Yehowa tɔ,+ eye matsɔ ame ma ana abe numevɔsa+ ene.”

32 Ale Yefta yi ɖawɔ aʋa kple Amonitɔwo, eye Yehowa tsɔ wo de asi nɛ. 33 Esi wo hewu wo dometɔ gbogbo aɖewo ŋutɔ tso Aroer yi keke Minit—exɔ du blaeve—va se ɖe Abel-Keramim ke. Ale wobɔbɔ Amonitɔwo ɖe anyi le Israel-viwo ŋkume.

34 Mlɔeba esi Yefta trɔ gbɔna eƒe me le Mizpa+ la, kpɔ ɖa, vianyɔnue nye ema do go le axatsɛ ƒom hele ɣe ɖum gbɔna ekpe ge! Ke eya koe nye vi ɖeka hɔ̃ si le esi. Viŋutsu alo vinyɔnu bubu aɖeke megale esi kpe ɖe eŋu o. 35 Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo hegblɔ be: “Ao, vinye! Ègbã dzi nam,* elabe èzu ame si menya de gbe. Elabe meɖe adzɔgbe na Yehowa, eye nyemagate ŋu atrɔe o.”+

36 Ke egblɔ nɛ be: “Fofonye, ne èke nu na Yehowa la, ekema wɔm abe ale si nèdo ŋugbee+ ene, elabena Yehowa bia hlɔ̃ wò futɔ Amonitɔwo na wò.” 37 Eye wògblɔ na fofoa be: “Wɔ nu sia ko nam: Ðe mɔ nam ɣleti eve manɔ ɖokuinye si, ne nye kple xɔ̃nyewo míayi toawo dzi aɖafa nye ɖetugbui leaƒe nyenye.”

38 Eye wògblɔ nɛ be: “Heyi!” Ale wòɖe mɔ nɛ wòdzo ɣleti eve, eye eya kple exɔlɔ̃awo yi ɖafa eƒe ɖetugbui leaƒe nyenye le toawo dzi. 39 Esi ɣleti eveawo wu enu la, etrɔ gbɔ va fofoa gbɔ, eye wòwɔ adzɔgbe si wòɖe le eŋu la dzi.+ Ke medɔ kple ŋutsu kpɔ o. Eye wòzu kɔnu* le Israel be, 40 ƒe sia ƒe la, Israel ɖetugbuiwo yina ɖakafua Gileadtɔ Yefta ƒe vinyɔnu la, ŋkeke ene le ƒe ɖeka me.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe