Psalmowo
Na henɔ la; Yedutun.*+ David ƒe ha.
Made ga nye nu,+
Zi ale si ame vɔ̃ɖi la le ŋkunyeme.”
3 Nye dzi ʋu dzo le dɔ me nam.
Zi ale si mele eŋu bum la,* zi nenemae wògaʋua dzo ɖe edzii.
Azɔ meke nu gblɔ be:
4 “Oo Yehowa, na manya nye nuwuwu,
Kple nye agbemeŋkekewo ƒe didime,+
Ne manya ale si nye agbe le kpuie.*
Vavãe, ne edze abe ɖe amegbetɔ li ke ene hã la, ƒuƒu ko wònye.+ (Sela)
6 Vavãe, amegbetɔ le yiyim abe vɔvɔli ene.
Ele dagbadagbam dzodzro.
Eli kɔ kesinɔnuwo ɖi gleglegle, evɔ menya ame ka si me woava yi o.+
7 Ke azɔ Oo Yehowa, nu kae mele mɔ kpɔm na?
Wò ɖeɖe koe mele mɔ kpɔm na.
8 Ðem tso nye dzidadawo katã me.+
Mègana mazu alɔmeɖenu na bometsila o.
10 Ðe xaxa si nèna wòva dzinye la ɖa.
Nu te ŋunye belibeli, elabena wò asi le dzinye.
11 Ètsɔ tohehe ɖɔ ame ɖo le eƒe vodada ta;+
Eye nègblẽ eƒe nu nyuiwo dome abe agbagblaʋui ye ɖui ene.
Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye.+ (Sela)
12 Oo Yehowa, se nye gbedodoɖa,
Eye nàƒu to anyi ɖe nye ɣlidodo ŋu.+
Mègaɖe ŋku ɖa le nye aɖatsiwo ŋu o.
13 Ðe ŋku ɖa le ŋunye, ne makpɔ dzidzɔ vie,
Hafi nunye nayi, eye nyemaganɔ anyi o.”