NEHEMIYA
1 Esiae nye Nehemiya,*+ Hakaliya vi, ƒe nyawo: Le ƒe blaevelia ƒe ɣleti Kislev* me la, menɔ Susan*+ mɔ́* me. 2 Ɣemaɣi la, Hanani,+ si nye nɔvinyewo dometɔ ɖeka, kple ŋutsu aɖewo tso Yuda va, eye mebia Yudatɔ mamlɛ siwo meyi aboyo me+ o la ta eye mebia Yerusalem hã ta. 3 Eye wogblɔ nam be: “Ame siwo susɔ ɖe anyigba la dzi, siwo meyi aboyo me o la le nɔnɔme sesẽ ŋutɔ aɖe me, eye wònye ŋukpe sɔŋ.+ Wogbã Yerusalem ƒe gli+ la, eye wotɔ dzo eƒe agbowo.”+
4 Esi mese nya siawo ko la, mebɔbɔ nɔ anyi hede asi avifafa me, mexa nu ŋkeke geɖe, eye metsi nu dɔ+ hedo gbe ɖa le dziƒowo ƒe Mawu la ŋkume. 5 Eye megblɔ be: “Oo Yehowa, dziƒowo ƒe Mawu, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, ame si wɔa eƒe nubabla dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ heléa eƒe sededewo me ɖe asi la nu,+ 6 meɖe kuku, ƒu to anyi, eye wò ŋkuwo nanɔ te, ne nàɖo to gbe si dom wò subɔla le ɖa egbea le ŋkuwòme zã kple keli+ ɖe wò subɔla Israel-viwo ta hele Israel-viwo ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ ɖe ŋuwò la me ʋum. Nye kple fofonye ƒe aƒe la siaa míewɔ nu vɔ̃.+ 7 Nyateƒee, míewɔ nu gbegblẽ ɖe ŋuwò,+ eye míelé sedede kple ɖoɖo kpakple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo nède asi na wò subɔla Mose la me ɖe asi o.+
8 “Meɖe kuku, ɖo ŋu nya si nègblɔ na* wò subɔla Mose be: ‘Ne miewɔ nuteƒe o la, ekema nye hã maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome.+ 9 Ke ne mietrɔ ɖe ŋunye, eye mielé nye sededewo me ɖe asi hewɔ wo dzi la, ekema ne mieka hlẽ ɖe keke dziƒowo ƒe mlɔenu ke hã la, maƒo mia nu ƒu+ tso afi ma, eye makplɔ mi ava teƒe si metia be nye ŋkɔ nanɔ la.’+ 10 Wò subɔlawo kple wò dukɔ wonye, ame siwo nèɖe kple wò ŋusẽ gã kpakple wò alɔ sesẽ.+ 11 O, Yehowa, meɖe kuku, ƒu to anyi ɖe wò subɔla ƒe gbedodoɖa kple wò subɔla siwo wòdzɔa dzi na be yewoavɔ̃ wò ŋkɔ la ƒe gbedodoɖa ŋu, eye na wòadze edzi na wò subɔla egbea dzro, eye na ŋutsu sia nave nunye.”+
Ɣemaɣi la, fia ƒe ahakulae menye.+
2 Le ɣleti Nisan* me, le Fia Artasasta+ ƒe ƒe blaevelia+ me la, wain le fia la ŋkume, eye abe ale si mewɔna ɖaa ene la, meku wain la na fia la.+ Ke nyemelé blanui le eŋkume kpɔ o. 2 Eya ta fia la biam be: “Nu ka tae nèlé blanui evɔ mèle dɔ lém o? Menye nu bubu aɖekee o, ke boŋ nu xam nèle le dzi me.” Ale vɔvɔ̃ ɖom ŋutɔ.
3 Eye megblɔ na fia la be: “Fia nenɔ agbe tegbee! Nu ka tae nyemalé blanui o, esi du si me woɖi tɔgbuinyewo ɖo la zu aƒedo, eye dzo fiã eƒe agbowo keŋkeŋ?”+ 4 Eye fia la biam be: “Nu ka dim nèle?” Enumake medo gbe ɖa na dziƒowo ƒe Mawu la.+ 5 Eye meɖo eŋu na fia la be: “Ne enyo fia ŋu, eye wò subɔvi ƒe nu nyo ŋuwò la, ekema ɖom ɖe Yuda, du si nye tɔgbuinyewo ɖiƒe la, ne magbugbɔe atso.”+ 6 Eye fia la, ame si xa fiasrɔ̃* bɔbɔ nɔ la, biam be: “Ɣeyiɣi didi kae wò mɔzɔzɔa axɔ, eye ɣekaɣie nàtrɔ agbɔ?” Ale esi meɖo ɣeyiɣi+ na fiaa la, edze eŋu be yeaɖom ɖa.+
7 Eye megblɔ na fia la be: “Ne enyo fia ŋu la, ekema na agbalẽm matsɔ ana nutodziɖula siwo le nuto si le Tɔsisi*+ la godo, ne woaɖe mɔ nam matso eme ayi, va se ɖe esime maɖo Yuda dedie, 8 eye na agbalẽm matsɔ ana Fia Ƒe Ave la dzi kpɔla Asaf hã, ne wòana atiwom hena Gbedoxɔa Ƒe Mɔ́+ la ƒe agbowo kpakpa, hena du la ƒe gli+ kple aƒe si me nɔ ge mala la.” Eya ta fia la tsɔ wo nam+ le nye Mawu ƒe asi nyui si le dzinye la ta.+
9 Mlɔeba meva ɖo nutodziɖula siwo le nuto si le Tɔsisia godo la gbɔ, eye metsɔ fia la ƒe agbalẽawo na wo. Azɔ hã, fia la dɔ aʋakplɔlawo kple sɔdolawo ɖa kpe ɖe ŋunye. 10 Esi Horontɔ Sanbalat+ kple Amonitɔwo+ ƒe dumegã* Tobiya+ see la, mevivi wo nu be ame aɖe va nyui di ge na Israel-viwo o.
11 Mlɔeba meva ɖo Yerusalem, eye menɔ afi ma ŋkeke etɔ̃. 12 Eye nye kple ŋutsu ʋɛ aɖewo siwo le ŋunye la míefɔ le zã me, ke nyemegblɔ nu si nye Mawu de dzi me nam be mawɔ na Yerusalem la na ame aɖeke o, eye lã aɖeke menɔ ŋunye o, negbe esi dom menɔ la ko. 13 Eye meto Balimegbo+ la nu do go le zã me le Dagãvudo la ŋgɔ ɖo ta Aɖukpogbo+ la gbɔ, eye melé ŋku ɖe Yerusalem ƒe gli siwo wogbã kple agbo siwo dzo fiã+ la ŋu. 14 Emegbe meyi ŋgɔ va ɖo Vudogbo+ la gbɔ kple Fia Ƒe Ta la gbɔ, eye teƒe aɖeke meli na lã si dom mele be wòato ayi ŋgɔ o. 15 Gake meto bali+ la me le zã me henɔ ŋku lém ɖe glia ŋu, emegbe metrɔ va to Balimegbo la nu hetrɔ gbɔ.
16 Dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔwo+ menya afi si meyi kple nu si meyi ɖawɔ o; eye nyemegblɔ nya aɖeke na Yudatɔwo, nunɔlawo, bubumewo, dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔawo kple ame bubu siwo le dɔa wɔ ge la haɖe o. 17 Emegbe megblɔ na wo be: “Mikpɔ nɔnɔme wɔnublanui si me míele, ale si Yerusalem zu aƒedo, eye wotɔ dzo eƒe agboawo la ɖa. Miva ne míagbugbɔ Yerusalem gli la aɖo, be ŋukpe gã sia nu nayi.” 18 Eye megblɔ ale si nye Mawu ƒe asi nyui nɔ dzinye+ kple fia ƒe nya siwo wògblɔ nam la hã na wo.+ Eye wogblɔ nam be: “Mina míatso, ne míaɖo glia.” Eya ta wodo ŋusẽ wo ɖokuiwo* ɖe dɔ nyui la wɔwɔ ŋu.+
19 Ke esi Horontɔ Sanbalat kple Amonitɔwo+ ƒe dumegã* Tobiya+ kpakple Arabiatɔ+ Gesem see la, woɖu fewu le mía ŋu+ hebia mí gbɔɖiametɔe be: “Nu kae nye esia wɔm miele? Fia ŋue miele aglã dzem ɖoa?”+ 20 Gake meɖo eŋu na wo be: “Dziƒowo ƒe Mawu lae nye Ame si ana wòadze edzi na mí,+ eye mí, eƒe subɔlawo, míatso aɖo gli la; ke miawo la, miaƒe asi manɔ dɔ sia me loo alo akpɔ gome le eme o, eye ŋkuɖodzinu aɖeke manɔ anyi na mi le Yerusalem o.+
3 Eye nunɔlagã Eliyasib+ kple nɔvia nunɔlawo tso, eye wogbugbɔ Alẽgbo+ la tu. Wokɔ eŋu,+ eye wode ʋɔtruwo enu; wokɔ eŋu va ɖo Mea Ƒe Mɔ́+ la gbɔ kple Hananel Ƒe Mɔ́+ la gbɔ ke. 2 Yeriko+ ŋutsuwo hã ɖɔ glia ɖo tso afi ma; eye Zakur, Imri vi, hã ɖɔe ɖo tso wo tɔ nu.
3 Hasenaa viwo tu Tɔmelãgbo+ la; wode ʋɔtrutiwo eŋu,+ eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtruŋugawo kple gametiwo enu. 4 Meremot,+ Uriya vi, Hakoz vi, ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, eye Mesulam,+ Berekiya vi, Mesezabel vi, ɖɔ akpa si kplɔe ɖo la ɖo, Zadok, Baana vi, ɖɔ akpa si kplɔe ɖo la ɖo. 5 Tekoatɔwo+ ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, gake woƒe bubumewo ya mebɔbɔ wo ɖokuiwo ne woakpe asi ɖe woƒe aƒetɔwo ƒe dɔ la ŋu o.*
6 Yoyada, Pasea vi, kple Mesulam, Besodeya vi, ɖɔ Du Xoxo La Ƒe Agbo+ la ɖo; wode ʋɔtrutiwo eŋu, eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtruŋugawo kple gametiwo enu. 7 Gibeontɔ+ Melatia kple Meronottɔ Yadon, siwo nye Gibeon kple Mizpa+ ŋutsuwo, ame siwo le nutodziɖula si le nuto si le Tɔsisia*+ godo ƒe ŋusẽ te la, ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo. 8 Uziel, Harhaya vi, ame si nye sikanutulawo dometɔ ɖeka, ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, eye Hananiya, ame si nye atike ʋeʋĩ wɔlawo* dometɔ ɖeka ɖɔ akpa si kplɔe ɖo la ɖo; eye woɖo kpe gbadzɛwo ɖe Yerusalem va ɖo Gli Gbadza+ la gbɔ. 9 Refaya, Hur vi, si nye Yerusalem nuto la ƒe afã dzi ɖula ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo. 10 Yedaya, Harumaf vi, ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo le eya ŋutɔ ƒe aƒe ŋgɔ la ɖo, eye Hatus, Hasabneya vi, ɖɔ akpa si kplɔe ɖo la ɖo.
11 Malkiya, Harim vi,+ kple Hasub, Pahat-Moab+ vi, ɖɔ glia ƒe akpa bubu* ɖo hekpe ɖe Abolomèkpowo Ƒe Mɔ́+ la hã ŋu. 12 Salum, Halohes vi, si nye Yerusalem nuto la ƒe afã dzi ɖula kple vianyɔnuwo ɖɔ glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo.
13 Hanun kple Zanoa+ nɔlawo ɖɔ Balimegbo+ la ɖo; wogbugbɔ tui, eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtruŋugawo kple gametiwo enu; eye woɖɔ gli la ɖo va ɖo Aɖukpogbo+ la gbɔ ke wòle abɔklugui akpe ɖeka.* 14 Malkiya, Rekab vi, si nye Bet-Hakerem+ nuto la dzi ɖula, ɖɔ Aɖukpogbo la ɖo; eɖɔe ɖo, eye wòde ʋɔtruwo, ʋɔtruŋugawo kple gametiwo enu.
15 Salun, Kolhoze vi, si nye Mizpa+ nuto la dzi ɖula, ɖɔ Vudogbo+ la ɖo; eɖɔe ɖo hegba etame, eye wòde ʋɔtruwo, ʋɔtruŋugawo kple gametiwo enu, egaɖɔ Sela-ta+ ƒe gli si le Fia Ƒe Abɔ+ ŋu va ɖo keke Atrakpui+ si ɖiɖi tso David Ƒe Du+ la me gbɔ la ɖo.
16 Eya yome Nehemiya, Azbuk vi, si nye Bet-Zur+ nuto la ƒe afã dzi ɖula, ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo va ɖo David Ƒe Ameɖiƒe+ ŋgɔ, yi ta+ si woɖe la gbɔ, va se ɖe keke Kalẽtɔwo Ƒe Xɔ la gbɔ ke.
17 Eya yome Lewi viwo ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo: Rehum, Bani vi ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo; eyome Hasabiya, si nye Keila+ nuto la ƒe afã dzi ɖula ɖɔ akpa aɖe ɖo hena eƒe nuto la. 18 Eya yome wo nɔviwo ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo: Bavai, Henada vi, si nye Keila nuto la ƒe afã dzi ɖula ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo.
19 Eyome Ezer, Yesua+ vi, si nye Mizpa dziɖula, ɖɔ glia ƒe akpa bubu si le todzimɔ si yi Aʋawɔnuwo Dzraɖoƒe le Sɔti+ la gbɔ la ɖo.
20 Eya yome Baruk, Zabai+ vi, do vevie nu ɖɔ glia ƒe akpa bubu si tso Sɔti la gbɔ va se ɖe keke nunɔlagã Eliyasib+ ƒe aƒe mɔnu ke la ɖo.
21 Eya yome Meremot,+ Uriya vi, Hakoz vi, ɖɔ glia ƒe akpa bubu si tso Eliyasib ƒe aƒe la ƒe mɔnu va se ɖe Eliyasib ƒe aƒe la ƒe mlɔenu la ɖo.
22 Eya yome nunɔla siwo nye Yordan-nuto*+ la me ŋutsuwo, ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo. 23 Woawo yome Benyamin kple Hasub ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo le woawo ŋutɔwo ƒe aƒe ŋgɔ. Woawo yome Azariya, Maaseya vi, Ananiya vi, ɖɔ akpa aɖe ɖo le eya ŋutɔ ƒe aƒe gbɔ. 24 Le eya yome Binui, Henada vi, ɖɔ glia ƒe akpa bubu si tso Azariya ƒe aƒe gbɔ yi Sɔti+ la gbɔ, va se ɖe keke dzogoe la dzi ke la ɖo.
25 Eya yome Palal, Uzai vi ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo le Sɔti la kple xɔ tsrala si le Fia Ƒe Aƒe*+ la ŋu ŋgɔ, si nye dzigbetɔ si le Dzɔlawo Ƒe Xɔxɔnu+ la ŋu. Eya yome Pedaya, Paros+ vi ɖo glia kplɔe ɖo.
26 Gbedoxɔmesubɔla*+ siwo nɔ Ofel+ ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo va ɖo keke Tsigbo+ la ŋgɔ le ɣedzeƒekpa dzi kple xɔ tsrala si do gɔ̃ɔ la ŋu ke.
27 Woawo yome Tekoatɔwo+ ɖɔ glia ƒe akpa bubu si tso xɔ tsrala si do gɔ̃ɔ la ŋgɔ va ɖo keke Ofel gli la gbɔ ke la ɖo.
28 Nunɔlawo ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo tso Sɔgbo+ la tame, ame sia ame le eya ŋutɔ ƒe aƒe ŋgɔ.
29 Woawo yome Zadok,+ Imer vi, ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo le eya ŋutɔ ƒe aƒe ŋgɔ.
Eya yome Semaya, Sekaniya vi, si nye Ɣedzeƒegbo+ la ŋu dzɔla, ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo.
30 Eya yome Hananiya, Selemiya vi kple Hanun, si nye Zalaf vi adelia, ɖɔ glia ƒe akpa bubu ɖo.
Eya yome Mesulam,+ Berekiya vi, ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo le eya ŋutɔ ƒe aƒe ŋgɔ.
31 Eya yome Malkiya, si nye sikanutulawo dometɔ ɖeka ɖɔ glia ƒe akpa aɖe ɖo va ɖo gbedoxɔmesubɔlawo*+ kple asitsalawo ƒe aƒe la gbɔ, le Ŋkuléɖeŋugbo la ŋgɔ va se ɖe keke xɔtaxɔ dzogoedzitɔ la gbɔ ke.
32 Eye sikanutulawo kple asitsalawo ɖɔ glia ɖo le xɔtaxɔ dzogoedzitɔ la kple Alẽgbo+ la dome.
4 Esi Sanbalat+ se be míegbugbɔ glia le ɖoɖom la, eku dzi nɛ, eye wòdo domedzoe vevie heɖe alɔme le Yudatɔwo ŋu. 2 Egblɔ le nɔviawo kple Samaria-ʋakɔ la ŋkume be: “Nu ka wɔm Yudatɔ beliawo le? Ðe wosusu be yewoate ŋuia? Ðe woasa vɔa? Ðe woawu enu le ŋkeke ɖeka mea? Ðe woaho kpe ƒodzowo tso gli gbagbã siwo li kɔ ɖi la mea azãa?”+
3 Ke Amonitɔ+ Tobiya+ le exa, eye wògblɔ be: “Gli si ɖom wole la, ne abei teti de edzi la, akaka woƒe kpegli la.”
4 Oo mía Mawu, see, elabena míezu alɔmeɖenu,+ eya ta na woƒe vlododo la natrɔ ava woawo ŋutɔwo ƒe ta dzi,+ eye nàna woaha wo ayi aboyonyigba dzi. 5 Mègatsyɔ nu woƒe vodada kple woƒe nu vɔ̃ dzi le ŋkuwòme o.+ Mègana woatutu wo ɖa o, elabena wodzu gliɖolaawo.
6 Ke míegbugbɔ ɖo gli bliboa va kpe wòɖo eƒe kɔkɔme ƒe afã, eye dzi nɔ dukɔ la ƒo ɖe dɔwɔwɔ ŋu.
7 Esi Sanbalat, Tobiya,+ Arabiatɔwo,+ Amonitɔwo kple Asdodtɔwo+ se be Yerusalem ƒe gliawo ɖɔɖɔ ɖo dɔa le zɔ ɖem nyuie eye wole glia ƒe gbagbãƒewo xem la, dzi ku wo vevie. 8 Eya ta wo katã woɖo nugbe be yewoava wɔ aʋa kple Yerusalem, ne yewoade zitɔtɔ eme. 9 Ke míedo gbe ɖa na mía Mawu la, eye míeɖo dzɔlawo ɖe wo ŋu zã kple keli.
10 Ke Yudatɔwo nɔ gbɔgblɔm be: “Ŋusẽ vɔ le ame siwo le gli gbagbãwo lɔm la ŋu,* eye gli gbagbãwo gali zã míalɔ; míete ŋu le gli sia ɖo ge gbeɖe o.”
11 Eye míaƒe futɔwo nɔ gbɔgblɔm be: “Kaka woanya alo akpɔe la, míage ɖe wo dome, eye míawu wo ahana dɔ la natɔ.”
12 Ɣesiaɣi si Yudatɔ siwo te ɖe wo ŋu la va la, wogblɔna na mí enuenu* be: “Woatso goawo katã me ava dze mía dzi.”
13 Eya ta meɖe amewo ɖo glia godo le akpa siwo le anyime siwo le nuvo, eye meɖo wo ɖe woƒe ƒomewo nu, eye wolé woƒe yiwo, akplɔwo kple datiwo ɖe asi. 14 Esi mekpɔ be vɔvɔ̃ ɖo wo la, enumake metso, eye megblɔ na bubumeawo+ kple dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔwo kpakple ame susɔeawo be: “Migavɔ̃ wo o.+ Miaƒe susu nenɔ Yehowa, Ŋusẽtɔ si ŋu ŋɔdzi le la ŋu;+ eye miwɔ aʋa ɖe mia nɔviwo, mia viŋutsuwo, mia vinyɔnuwo, mia srɔ̃wo, kple miaƒe aƒewo ta.”
15 Esi míaƒe futɔwo se be míese nugbe si ɖom yewole, eye be Mawu vavã la gblẽ yewoƒe adaŋudede me la, mí katã míetrɔ yi ɖate gli la ɖoɖo. 16 Tso ŋkeke ma dzi la, nye ɖekakpuiawo ƒe afã wɔa dɔ la,+ eye woƒe afã hã léa akplɔwo, akpoxɔnuwo kple aŋutrɔwo ɖe asi eye wodo gawuwo. Amegãwo+ tɔ ɖe Yuda ƒe aƒe blibo si nɔ 17 glia ɖom la megbe. Agbatsɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔ asi ɖeka le dɔa wɔm, eye wotsɔ asi evelia lé aʋawɔnu ɖe asi. 18 Eye gliɖolawo dometɔ ɖe sia ɖe ta yi ɖe ali hafi le glia ɖom, eye lãdzokula+ la le tsitre ɖe axanye.
19 Eye megblɔ na bubumeawo kple dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔawo kpakple ame susɔeawo be: “Dɔ la lolo hekeke ta, eye míekaka ɖe glia dzi hele adzɔge tso mía nɔewo gbɔ akpa. 20 Ne miese lãdzo ƒe ɖiɖi la, ekema miava ƒo ƒu ɖe mía gbɔ. Mía Mawu la awɔ aʋa na mí.”+
21 Míaƒe afã le dɔa dzi, eye míaƒe afã mamlɛa hã léa akplɔ ɖe asi tso agudzedze va se ɖe esime ɣletiviwo tona. 22 Megblɔ na dukɔ la ɣemaɣi be: “Ŋutsu ɖe sia ɖe kple eƒe subɔvi netsi Yerusalem dɔ le zã me, ne woanye dzɔlawo na mí le zã me, eye woawɔ dɔ le ŋkeke me.” 23 Eya ta nye kple nɔvinyewo kple nye subɔviwo+ kpakple dzɔla siwo nɔ yonyeme ya míeɖe míaƒe awuwo ɖi kpɔ o, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe léa eƒe aʋawɔnu ɖe eƒe nuɖusi.
5 Gake dukɔ la kple wo srɔ̃wo fa konyi vevie ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ƒe nuwɔna ta.+ 2 Ame aɖewo gblɔ be: “Mía kple mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo míesɔ gbɔ. Ehiã be míakpɔ nu aɖu anɔ agbe.” 3 Ame aɖewo hã gblɔ be: “Míetsɔ míaƒe agblewo, míaƒe waingblewo kple míaƒe aƒewo le awɔba ɖom hafi le nu kpɔm le ɖuɖum le dɔŋɔli sia.” 4 Eye ame bubuwo hã gblɔ be: “Ðe míedo ga hafi xe adzɔ na fia la ɖe míaƒe agblewo kple míaƒe waingblewo ta.+ 5 Evɔ ɖeko míaƒe ŋutilã le abe mía nɔviwo tɔ ene, eye mía viwo le abe wo viwo ene; gake kpɔ ɖa, ele na mí be míatsɔ mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo awɔ kluviwoe, eye mía vinyɔnu aɖewo zu kluviwo+ xoxo. Evɔ wɔna aɖeke mele mía ŋu ne míatsi nu sia nu o, elabena míaƒe agblewo kple míaƒe waingblewo zu ame bubuwo tɔ keŋ.”
6 Esi mese woƒe ɣli kple nya siawo la, dɔme vem ŋutɔ. 7 Eya ta mede ŋugble tso nya siawo ŋu, eye mehe nya ɖe bubumeawo kple dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔawo ŋu hegblɔ na wo be: “Mia dometɔ ɖe sia ɖe le deme* biam tso eya ŋutɔ nɔvia si.”+
Azɔ hã, meyɔ takpekpe gã aɖe le woawo ta. 8 Eye megblɔ na wo be: “Míedze agbagba ale si míate ŋui gbugbɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo wodzra na dukɔwo la ƒle, eye azɔ la, ɖe miawo ŋutɔwo miatsɔ mia nɔviwo adzra+ be míagbugbɔ wo aƒle le miawo hã mia sia?” Ke wozi kpi, eye womekpɔ nya aɖeke gblɔ o. 9 Eye megagblɔ be: “Nu si wɔm miele la menyo o. Ðe mele be miazɔ le mía Mawu+ la vɔvɔ̃ me be dukɔ siwo nye míaƒe futɔwo la nagado vlo mí oa? 10 Eye nye kple nɔvinyewo kpakple nye subɔviwo hã míedoa ga kple nuku gbana na wo. Meɖe kuku, mina míadzudzɔ demexɔxɔ alea.+ 11 Meɖe kuku, migbugbɔ woƒe agblewo,+ woƒe waingblewo, woƒe amitibɔwo kple woƒe aƒewo na wo egbe sia, eye migbugbɔ deme, si nye akpa ɖeka le alafa ɖe sia ɖe me si miexɔna* ɖe ga, nuku, wain yeye kple ami ta la hã na wo.”
12 Woɖo eŋu be: “Míagbugbɔ wo ana wo, eye míabia naneke tso wo si azɔ o. Míawɔe pɛpɛpɛ abe ale si nègblɔ ene.” Eya ta meyɔ nunɔlawo, eye mena ŋutsuawo ka atam be yewoawɔ ɖe ŋugbedodo sia dzi. 13 Azɔ hã, meʋuʋu nye awu ƒe akɔnu,* eye megblɔ be: “Ale Mawu vavã la aʋuʋu ame sia ame si mawɔ ŋugbedodo sia dzi o la tso eƒe aƒe kple eƒe nunɔamesi gbɔe, eye wòaʋuʋui alea wòaɖi gbɔlo.” Eye ha blibo la katã ɖo eŋu be: “Amen!”* Eye wode asi Yehowa kafukafu me. Eye dukɔ la wɔ ɖe ŋugbedodo sia dzi.
14 Azɔ hã, tso gbe si gbe wòɖom nutodziɖulae+ le Yuda-nyigba dzi, tso Fia Artasasta+ ƒe ƒe blaevelia+ me va se ɖe ƒe blaetɔ̃ vɔ evelia+ me, si le ƒe wuieve la, mía kple nɔvinyewo míeɖu abolo si nutodziɖula dze na la kpɔ o.+ 15 Ke nutodziɖula siwo do ŋgɔ nam ya do agba na dukɔ la, eye woxɔa klosalo sekel* blaene le wo si ɖe abolo kple wain ŋu gbe sia gbe. Woƒe dɔlawo hã te dukɔ la ɖe anyi. Ke nye ya nyemewɔ nenema o,+ le esi mevɔ̃a Mawu ta.+
16 Hekpe ɖe eŋu la, mekpe asi ɖe gliɖoɖodɔ sia ŋu, eye míeƒle agble aɖeke o;+ eye nye dɔlawo katã kpe asi ɖe dɔa ŋu le afi ma. 17 Nye kplɔ̃ ŋue Yudatɔwo kple dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔawo, siwo nye ame alafa ɖeka blaatɔ̃, kple ame siwo tso dukɔ siwo ƒo xlã mí me va mía gbɔ la ɖua nu le. 18 Nu siwo woɖana nam* gbe sia gbee nye nyitsu ɖeka, alẽ tiatia ade kple xewo; hekpe ɖe wain ƒomevi geɖe ŋu zi ɖeka ŋkeke ewo ɖe sia ɖe. Azɔ hã, nyemebia nuɖuɖu si nutodziɖula dze na la kpɔ o, elabena dɔ si le dukɔ sia dzi la kpe. 19 Oo nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ ɖe dukɔ sia ta la dzi hena nye nyui.+
6 Esi wogblɔ na Sanbalat, Tobiya,+ Arabiatɔ+ Gesem kple míaƒe futɔ susɔeawo be megbugbɔ gli la ɖo,+ eye gbagbãƒe aɖeke mesusɔ ɖe eŋu o la (gake va se ɖe ɣemaɣi la, nyemekpɔ de ʋɔtru agboawo nu haɖe o),+ 2 enumake Sanbalat kple Gesem dɔ ame ɖem gblɔ be: “Va míaɖo ɣeyiɣi ado go le kɔƒe siwo le gbadzaƒe si le Ono Balia+ me la dometɔ ɖeka me.” Ke ɖe woɖo tame be yewoawɔ nu vevim. 3 Eya ta medɔ ame ɖe wo be: “Dɔ gã aɖe wɔm mele, eya ta nyemate ŋu ava o. Nu ka tae matɔ te dɔa, eye madzo le dɔa gbɔ ava mia gbɔ?” 4 Wogaɖo du ɖem alea zi ene sɔŋ, eye metsɔ nya ma ke ɖo eŋu na wo.
5 Eye Sanbalat dɔ eƒe dɔla ɖem kple nya ma ke zi atɔ̃lia, eye agbalẽ aɖe si nu wometre o la le esi. 6 Ale woŋlɔ ɖe emee nye esi: “Wosee le dukɔwo me, eye Gesem+ hã le gbɔgblɔm be, wò kple Yudatɔwo mieɖoe be yewoadze aglã.+ Esia tae nèle gli sia ɖom, eye le nya si gblɔm wole nu la, èdi be yeazu fia ɖe wo nu. 7 Èɖo nyagblɔɖilawo gɔ̃ hã ne woaɖe gbeƒã le ŋuwò le Yerusalem blibo la katã be, ‘Fia le Yuda si!’ Azɔ wole nya siawo gblɔ ge na fia la. Eya ta va ne míade adaŋu.”
8 Ke meɖo eŋu ɖo ɖee be: “Nu siwo gblɔm nèle la dometɔ aɖeke mele eme o, ke boŋ wò ŋutɔe le wo kpam.”* 9 Elabena wo katã wole didim be yewoado ŋɔdzi na mí hele gbɔgblɔm be: “Woƒe asiwo ado agblɔ ale be womawɔ dɔa ade goe o.”+ Eya ta mele gbe dom ɖa be nàdo ŋusẽ nye asiwo.+
10 Eye meyi Semaya, Delaya vi, Mehetabel vi, si do ʋɔ ɖe eɖokui nu la, ƒe aƒe me. Eye wògblɔ be: “Na míaɖo ɣeyiɣi ado go le Mawu vavã ƒe aƒe la me, le gbedoxɔa me, eye míado gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo, elabena wogbɔna wu wò ge. Zã mee wogbɔna wu wò ge.” 11 Ke megblɔ be: “Ame abe nye ene nasia? Eye ame abe nye ene nayi gbedoxɔ me aganɔ agbea?+ Nyemele eme yi ge o!” 12 Eya ta mekpɔe dze sii be menye Mawue dɔe o, ke boŋ egblɔ nya sia ɖi ɖe ŋunye le esi Tobiya kple Sanbalat+ dae ta. 13 Wodae be wòado vɔvɔ̃ nam ne mawɔ nu vɔ̃, ale be woakpɔ nya le ŋunye agblẽ nye ŋkɔ ahado vlom.
14 Oo nye Mawu, ɖo ŋku Tobiya+ kple Sanbalat dzi, le wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nuwɔna siawo nu, hekpe ɖe nyɔnunyagblɔɖila Noadiya kple nyagblɔɖila susɔe siwo le didim be yewoado vɔvɔ̃ nam la ŋuti.
15 Ale míewu gli la ɖoɖo nu le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve me, le Elul* ƒe ŋkeke blaeve vɔ atɔ̃lia dzi.
16 Esi míaƒe futɔwo katã see, eye dukɔ siwo katã ƒo xlã mí la kpɔe ko la, ŋukpe lé wo vevie,*+ eye wodze sii be, mía Mawu la gbɔe wòtso be wowɔ dɔ sia. 17 Le ŋkeke mawo me la, Yuda bubumewo+ ŋlɔ agbalẽ geɖe ɖo ɖe Tobiya, eye Tobiya hã ŋlɔ agbalẽ geɖe tsɔ ɖo eŋu na wo. 18 Yudatɔ geɖewo de edzi, elabena Sekaniya, Arak+ vi, ƒe toyɔvie wònye, eye via Yehohanan hã ɖe Berekiya viŋutsu Mesulam+ ƒe vinyɔnu. 19 Azɔ hã, woƒoa nu nyui le eŋu le gbɔnye zi geɖe. Eye wotoa nya siwo katã megblɔna la nɛ. Eye Tobiya ɖoa agbalẽwo ɖa be yeatsɔ ado ŋɔdzi nam.+
7 Esi wonya gbugbɔ gliawo ɖo vɔ ko la,+ mede ʋɔtruawo+ enumake, eye woɖo agbonudzɔlawo+ kple hadzilawo+ kpakple Lewi viwo.+ 2 Eye metsɔ Yerusalem dzi kpɔkpɔ de asi na nɔvinye Hanani+ kple Hananiya, si nye Mɔ́+ la ƒe amegã, elabena enye ŋutsu si dzi woate ŋu aka ɖo, eye wòvɔ̃a Mawu vavã+ la wu ame bubu geɖewo. 3 Eye megblɔ na wo be: “Womegaʋu Yerusalem ƒe agboawo o, va se ɖe esime ŋdɔ ʋu hafi, eye ne agbonudzɔlawo tɔ ɖe ʋɔtruawo nu la, woado wo ade gameti wo me. Woaɖo Yerusalem nɔla aɖewo dzɔlawoe, wo dometɔ aɖewo nadzɔ teƒe siwo wode asi na wo, eye wo dometɔ aɖewo nanɔ woawo ŋutɔwo ƒe aƒewo ŋgɔ.” 4 Ke du la keke helolo, gake ame ʋɛ aɖewo koe le eme,+ eye womekpɔ gbugbɔ xɔwo tu haɖe o.
5 Ke nye Mawu dee dzi me nam be maƒo bubumewo kple dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔawo kpakple dukɔ la nu ƒu ne woaŋlɔ wo ŋkɔwo le dzidzimeawo nu.+ Azɔ meke ɖe ame siwo gbɔ zi gbãtɔ la ƒe dzidzimenuŋlɔɖiawo ŋu, eye mekpɔ woŋlɔ ɖe eme be:
6 Babilon dziɖuƒea me tɔ siwo gbɔ tso aboyo me, ame siwo Babilon-fia Nebukadnezar+ ɖe aboyoe,+ eye wotrɔ gbɔ va Yerusalem kple Yuda, eye ame sia ame yi eya ŋutɔ ƒe du me la woe nye esi,+ 7 ame siwo gbɔ kple Zerubabel,+ Yesua,+ Nehemiya, Azariya, Raamiya, Nahamani, Mordekai, Bilsan, Misperet, Bigvai, Nehum, kple Baana.
Israel dukɔ la me ŋutsuwo ƒe xexlẽmee nye esi:+ 8 Paros viwo le ame akpe eve alafa ɖeka blaadre vɔ eve; 9 Sefatiya viwo le ame alafa etɔ̃ blaadre vɔ eve; 10 Arak+ viwo le ame alafa ade blaatɔ̃ vɔ eve; 11 Pahat-Moab+ viwo tso Yesua kple Yoab+ viwo me le ame akpe eve alafa enyi wuienyi; 12 Elam+ viwo le ame akpe ɖeka alafa eve blaatɔ̃ vɔ ene; 13 Zatu viwo le ame alafa enyi blaene vɔ atɔ̃; 14 Zakai viwo le ame alafa adre blaade; 15 Binui viwo le ame alafa ade blaene vɔ enyi; 16 Bebai viwo le ame alafa ade blaeve vɔ enyi; 17 Azgad viwo le ame akpe eve alafa etɔ̃ blaeve vɔ eve; 18 Adonikam viwo le ame alafa ade blaade vɔ adre; 19 Bigvai viwo le ame akpe eve kple blaade vɔ adre; 20 Adin viwo le ame alafa ade blaatɔ̃ vɔ atɔ̃; 21 Ater vi siwo tso Hizkiya me le ame blaasieke vɔ enyi; 22 Hasum viwo le ame alafa etɔ̃ blaeve vɔ enyi; 23 Bezai viwo le ame alafa etɔ̃ blaeve vɔ ene; 24 Harif viwo le ame alafa ɖeka wuieve; 25 Gibeon+ viwo le ame blaasieke vɔ atɔ̃; 26 Betlehem kple Netofa ŋutsuwo le ame alafa ɖeka blaenyi vɔ enyi; 27 Anatot+ ŋutsuwo le ame alafa ɖeka blaeve vɔ enyi; 28 Bet-Azmavet ŋutsuwo le ame blaene vɔ eve; 29 Kiriat-Yearim,+ Kefira kple Beerot+ ŋutsuwo le ame alafa adre blaene vɔ etɔ̃; 30 Rama kple Geba+ ŋutsuwo le ame alafa ade blaeve vɔ ɖekɛ; 31 Mikmas+ ŋutsuwo le ame alafa ɖeka blaeve vɔ eve; 32 Betel+ kple Ai+ ŋutsuwo le ame alafa ɖeka blaeve vɔ etɔ̃; 33 Nebo kemɛa ƒe ŋutsuwo le ame blaatɔ̃ vɔ eve; 34 Elam kemɛa ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve blaatɔ̃ vɔ ene; 35 Harim viwo le ame alafa etɔ̃ blaeve; 36 Yeriko viwo le ame alafa etɔ̃ blaene vɔ atɔ̃; 37 Lod viwo, Hadid viwo kple Ono+ viwo le ame alafa adre blaeve vɔ ɖekɛ; 38 Senaa viwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke blaetɔ̃.
39 Nunɔlawoe nye:+ Yedaya vi siwo tso Yesua ƒe me, wole ame alafa asieke blaadre vɔ etɔ̃; 40 Imer viwo le ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve; 41 Pashur+ viwo le ame akpe ɖeka alafa eve blaene vɔ adre; 42 Harim+ viwo le ame akpe ɖeka kple wuiadre.
43 Lewi viwoe+ nye Yesua viwo kple Kadmiel+ vi siwo katã tso Hodeva viwo dome, wole ame blaadre vɔ ene. 44 Hadzila+ siwo nye Asaf+ viwo le ame alafa ɖeka blaene vɔ enyi. 45 Agbonudzɔlawoe nye:+ Salum viwo, Ater viwo, Talmon viwo, Akub+ viwo, Hatita viwo, Sobai viwo: wole ame alafa ɖeka blaetɔ̃ vɔ enyi.
46 Gbedoxɔmesubɔlawoe* nye:+ Ziha viwo, Hasufa viwo, Tabaot viwo, 47 Keros viwo, Sia viwo, Padon viwo, 48 Lebana viwo, Hagaba viwo, Salmai viwo, 49 Hanan viwo, Gidel viwo, Gahar viwo; 50 Reaya viwo, Rezin viwo, Nekoda viwo, 51 Gazam viwo, Uza viwo, Pasea viwo, 52 Besai viwo, Meunim viwo, Nefusesim viwo, 53 Bakbuk viwo, Hakufa viwo, Harhur viwo, 54 Bazlit viwo, Mehida viwo, Harsa viwo, 55 Barkos viwo, Sisera viwo, Tema viwo, 56 Neziya viwo kple Hatifa viwo.
57 Salomo ƒe subɔviwo+ ƒe viwoe nye: Sotai viwo, Soferet viwo, Perida viwo, 58 Yaala viwo, Darkon viwo, Gidel viwo, 59 Sefatiya viwo, Hatil viwo, Pokeret-Hazebayim viwo kple Amon viwo. 60 Gbedoxɔmesubɔlawo*+ kple Salomo ƒe subɔviwo ƒe viwo katã le alafa etɔ̃ blaasieke vɔ eve.
61 Ame siwo tso Tel-Mela, Tel-Harsa, Kerub, Adon kple Imer, eye womete ŋu fia wo fofowo ƒe aƒekɔwo kple woƒe dzɔtsoƒe be Israel-viwoe yewonye o lae nye:+ 62 Delaya viwo, Tobiya viwo, Nekoda viwo: wole ame alafa ade blaene vɔ eve. 63 Ame siwo tso nunɔlawo domee nye: Habayiya viwo, Hakoz+ viwo, Barzilai, si ɖe srɔ̃ tso Gileadtɔ Barzilai+ ƒe vinyɔnuwo dome, eye wòtsɔ woƒe ŋkɔ la, ƒe viwo. 64 Ame siawoe di woƒe ƒomeŋkɔ le dzidzimenuŋlɔɖiawo me, ne woaɖo kpe dzidzime si me wotso la dzi, ke womekpɔe o, eya ta woɖe wo le nunɔladɔ la me.*+ 65 Nutodziɖula*+ la gblɔ na wo be womaɖu nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔeawo+ ƒe ɖeke o, va se ɖe esime nunɔla aɖe bia gbe to Urim kple Tumim+ la dzi hafi.
66 Ha blibo la katã le ame akpe blaene vɔ eve alafa etɔ̃ blaade,+ 67 woƒe kluviwo kple kosiwo+ mele eme o, woawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ blaetɔ̃ vɔ adre; woƒe ŋutsuhadzilawo kple nyɔnuhadzilawo+ le alafa eve blaene vɔ atɔ̃. 68 Woƒe sɔwo le alafa adre blaetɔ̃ vɔ ade, eye woƒe tedzisɔwo le alafa eve blaene vɔ atɔ̃, 69 woƒe kposɔwo le alafa ene blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, eye woƒe tedziwo le akpe ade alafa adre blaeve.
70 Tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu dometɔ aɖewo na nu ɖe dɔ la ŋu.+ Nutodziɖula* la na sika drakma* akpe ɖeka, agba goboe blaatɔ̃, kple nunɔlawu ʋlaya alafa atɔ̃ blaetɔ̃ wotsɔ de kesinɔnudzraɖoƒe la.+ 71 Tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu dometɔ aɖewo na sika drakma akpe blaeve kple klosalo mina* akpe eve alafa eve wotsɔ de kesinɔnudzraɖoƒe la ɖe dɔ la ŋu. 72 Nu siwo dukɔ la ƒe ame susɔeawo na la le sika drakma akpe blaeve kple klosalo mina akpe eve kpakple nunɔlawu ʋlaya blaade vɔ adre.
73 Eye nunɔlawo, Lewi viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo,+ dukɔ la me tɔ aɖewo kple gbedoxɔmesubɔlawo* kpakple Israel-vi susɔeawo katã* yi ɖanɔ woƒe duwo me.+ Kaka ɣleti adrelia naɖo la,+ Israel-viwo nɔ woƒe duwo me.+
8 Dukɔ blibo la kpe ta ɖekae ɖe ablɔ si le Tsigboa+ ŋgɔ la me, eye wogblɔ na nugbugbɔŋlɔla* Ezra+ be wòatsɔ Mose ƒe Se,+ si Yehowa de na Israel+ la, ƒe agbalẽ la vɛ. 2 Eya ta nunɔla Ezra tsɔ Se la va ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nya ahase egɔme la ƒe ha+ bliboa ŋkume le ɣleti adrelia+ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. 3 Eye wòxlẽe sesĩe+ le ablɔ si le Tsigboa ŋgɔ la me, tso ŋdi va se ɖe ɣeɖota, le ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ame bubu siwo ate ŋu ase nu gɔme la ŋkume; eye dukɔ blibo la ƒe to nɔ Segbalẽ la ŋu vevie.+ 4 Eye nugbugbɔŋlɔla* Ezra tɔ ɖe teƒe kɔkɔ si wotsɔ ʋuƒo wɔ ɖe wɔnaa ŋu; eye Matitiya, Sema, Anaiya, Uriya, Hilkiya kple Maaseya tɔ ɖe exa le eƒe ɖusime, eye Pedaya, Misael, Malkiya,+ Hasum, Has-Badana, Zakariya kple Mesulam le eƒe miame.
5 Ezra ʋu agbalẽ la le dukɔ blibo la ŋkume, elabena eya le kɔkɔƒe wu dukɔ blibo la. Esi wòʋui la, dukɔ blibo la tso. 6 Eye Ezra kafu Yehowa, Mawu vavã, Mawu gã la, eye dukɔ blibo la katã wu woƒe asiwo dzi ɖo eŋu be: “Amen!* Amen!”+ Azɔ wobɔbɔ tsyɔ mo anyi hede ta agu na Yehowa. 7 Yesua, Bani, Serebiya,+ Yamin, Akub, Sabetai, Hodiya, Maaseya, Kelita, Azariya, Yozabad,+ Hanan, Pelaya, siwo nye Lewi viwo, nɔ Se la me ɖem na dukɔ la,+ esime dukɔ la le tsitrenu. 8 Eye wokɔ gbe dzi xlẽ agbalẽ si nye Mawu vavã la ƒe Se la, woɖe eme tsitotsito, wona gɔmesese si le eŋu la dze, ale wona ameawo se nu si xlẽm wole la gɔme.*+
9 Eye Nehemiya, si nye nutodziɖula* la, kple nunɔla Ezra,+ si nye nugbugbɔŋlɔla* la kpakple Lewi vi siwo nɔ nu fiam dukɔa la gblɔ na dukɔ blibo la be: “Egbeŋkeke sia le kɔkɔe na Yehowa mia Mawu la.+ Migaxa nu alo afa avi o.” Elabena dukɔ blibo la katã nɔ avi fam esime wonɔ Se la me nyawo sem. 10 Eye wògagblɔ na wo be: “Miyi, ne miaɖu nu damiwo, eye miano nu viviwo, eye miɖo ɖe ɖe+ ame siwo si naneke mele o; elabena ŋkeke sia le kɔkɔe na míaƒe Aƒetɔ la, eya ta migaxa nu o, elabena dzidzɔ si tsoa Yehowa gbɔe nye miaƒe mɔ́ sesẽ.”* 11 Eye Lewi viwo gblɔ na dukɔ blibo la be: “Mizi ɖoɖoe! Elabena ŋkeke sia le kɔkɔe, eya ta migaxa nu o.” 12 Eya ta dukɔ blibo la katã dzo yi ɖaɖu nu no nu, eye woɖo ɖewo ɖe amewo, eye wotu aglo gã,+ elabena wose nya siwo wogblɔ na wo la gɔme.+
13 Le ŋkeke evelia dzi la, dukɔ blibo la ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu, nunɔlawo kple Lewi viwo, kpe ta ɖe nugbugbɔŋlɔla* Ezra gbɔ, ne woase Se la me nyawo gɔme nyuie wu. 14 Eye wokpɔ woŋlɔ ɖe Se si Yehowa de to Mose dzi me be, Israel-viwo nanɔ agbadɔwo me le ŋkekenyui la dzi le ɣleti adrelia+ me, 15 eye be woaɖe gbeƒã+ ahaɖo du ɖe woƒe duwo katã me kple Yerusalem blibo la be: “Miyi tonuto la me, eye mitso amiti ƒe alɔwo, gbemiti ƒe alɔwo, mirte ƒe alɔwo, deʋayawo kple ati dodoewo ƒe alɔwo vɛ, ne míatsɔ atu agbadɔwo, abe ale si woŋlɔe ɖi ene.”
16 Eye dukɔ la do go yi ɖatso wo vɛ, eye wotu agbadɔwo, wo dometɔ ɖe sia ɖe tui ɖe eya ŋutɔ ƒe xɔ ta, woƒe xɔxɔnuwo, Mawu vavã+ la ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnuwo, Tsigbo+ la ƒe ablɔ me kple Efrayim-gbo+ la ƒe ablɔ me. 17 Ale ame siwo gbɔ tso aboyo me la ƒe ha blibo la katã tu agbadɔwo, eye wonɔ agbadɔawo me, elabena tso Yosua,+ Nun vi, ƒe ŋkekeawo me va se ɖe ŋkeke ma dzi la, Israel-viwo mewɔe alea kpɔ o, ale wokpɔ dzidzɔ gã aɖe.+ 18 Eye woxlẽ Mawu vavã la ƒe Segbalẽ+ la gbe sia gbe, tso ŋkeke gbãtɔ dzi va se ɖe ŋkeke mamlɛtɔ dzi. Woɖu ŋkekenyui la ŋkeke adre, eye le ŋkeke enyia gbe la, wowɔ takpekpe tɔxɛ le ɖoɖo la nu.+
9 Le ɣleti sia ƒe ŋkeke blaeve vɔ enelia dzi la, Israel-viwo kpe ta; wotsi nu dɔ, wota akpanya, eye wolɔ ke kɔ ɖe tame.+ 2 Eye Israel vidzidziwo ɖe wo ɖokuiwo ɖa tso amedzroviwo katã ŋu,+ eye wotso heʋu woƒe nu vɔ̃wo kple wo fofowo ƒe vodadawo me.+ 3 Azɔ wotso ɖe tsitrenu le wo nɔƒe, eye wokɔ gbe dzi xlẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe Segbalẽ+ la gaƒoƒo etɔ̃; eye wotsɔ gaƒoƒo etɔ̃* bubu ʋu woƒe nu vɔ̃wo me hede ta agu na Yehowa, woƒe Mawu la.
4 Eye Yesua, Bani, Kadmiel, Sebaniya, Buni, Serebiya,+ Bani kple Kenani tsi tsitre ɖe Lewi viwo ƒe kɔkɔƒe+ la, eye wodo ɣli kple gbe sesẽ na Yehowa, woƒe Mawu la. 5 Eye Lewi vi siwo nye Yesua kple Kadmiel, Bani, Hasabneya, Serebiya, Hodiya, Sebaniya kple Petahiya gblɔ be: “Mitso, ne miakafu Yehowa mia Mawu la tso mavɔ me yi mavɔ me.+ Woakafu wò bubuŋkɔ si ƒo yayra kple kafukafu ɖe sia ɖe ta la.
6 “Wò ɖeka koe nye Yehowa;+ wòe wɔ dziƒowo, ɛ̃, dziƒowo ƒe dziƒo kple woƒe aʋakɔ blibo la katã, anyigba kple edzinuwo katã, atsiaƒuwo kple wo me nuwo katã. Eye wòe lé wo katã ƒe agbe ɖe te, eye dziƒoʋakɔ la bɔbɔna na wò. 7 Wòe nye Yehowa, Mawu vavã la, Ame si tia Abram,+ eye nèkplɔe tso Ur,+ le Kaldea-nyigba dzi, eye nèna ŋkɔe be Abraham.+ 8 Èkpɔ nuteƒewɔwɔ le dzi me nɛ;+ eya ta èbla nu kplii be yeatsɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigbawo ana eya kple eƒe dzidzimeviwo;+ eye nèwɔ wò nyawo dzi, elabena dzɔdzɔetɔ nènye.
9 “Èkpɔ mía tɔgbuiwo ƒe fukpekpe le Egipte,+ eye nèse woƒe ɣlidodo le Ƒudzĩ la nu. 10 Azɔ èwɔ dzesiwo kple nukunuwo tsɔ tu nu kple Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba la dzi nɔlawo katã,+ elabena èkpɔ ale si wowɔ nu ɖe wo ŋu dadatɔe.+ Eye nèwɔ ŋkɔ na ɖokuiwò, abe ale si wòle egbe sia ene.+ 11 Èma atsiaƒu la me le wo ŋgɔ, ale be woto ƒuƒuiƒe+ le atsiaƒua me, eye nètsɔ wo yome tilawo ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒewo, abe kpe le ƒu dzeagbo me ene.+ 12 Ètsɔ alilikpo dodo kplɔ wo le ŋkeke me, eye nètsɔ dzobibi kplɔ wo le zã me, be wòana mɔ si woato la dzi nakɔ na wo.+ 13 Èɖi va Sinai To+ la dzi, eye nèƒo nu kpli wo tso dziƒo,+ ètsɔ ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo dzɔdzɔewo kple se vavãwo,* mɔfiamewo kple sedede nyuiwo na wo.+ 14 Èna wonya wò Sabat+ kɔkɔe la, eye nètsɔ sededewo kple ɖoɖowo kpakple se na wo to wò subɔla Mose dzi. 15 Esi dɔ wu wo la, èna abolo wo tso dziƒo,+ eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi do tso agakpe me na wo,+ eye nègblɔ na wo be woayi anyigba si nèka atam* be yeatsɔ ana wo la dzi ahaxɔe wòazu wo tɔ.
16 “Ke woawo, ɛ̃, mía tɔgbuiwo, wɔ nu dadatɔe,+ wosẽ dzi me,*+ eye womeɖo to wò sededewo o. 17 Wogbe nusese,+ eye womeɖo ŋku wò nukudɔ siwo nèwɔ na wo la dzi o, ke boŋ wosẽ dzi me,* eye woɖo kplɔla na wo ɖokui be yewoatrɔ ayi kluvinyenye me le Egipte.+ Ke ènye Mawu si tsɔa vodada kena faa, ame si sea veve ɖe ame nu* hekpɔa nublanui, ame si medoa dziku kabakaba o, ame si ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la sɔ gbɔ,+ ale wɔ mègblẽ wo ɖi o.+ 18 Esi wotsɔ ga wɔ nyivilegba* na wo ɖokui, eye wonɔ gbɔgblɔm be, ‘Esiae nye wò Mawu si kplɔ wò tso Egipte,’+ eye wowɔ amemabumabunu gãwo hã la, 19 le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe ta la, mègblẽ wo ɖe gbea dzi o.+ Alilikpo dodo la medzo le wo tame le ŋkeke me o, ne wòakplɔ wo le mɔa dzi, eye dzobibi la medzo le wo gbɔ le zã me o, ne wòaklẽ na wo le mɔ si dzi woato la dzi.+ 20 Èna wò gbɔgbɔ nyui la wo, be nugɔmesese deto nasu wo si,+ eye mèɖe wò mana la ɖa le nu me na wo o,+ eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi wo wono.+ 21 Ƒe blaene sɔŋ nèna nuɖuɖu wo le gbea dzi.+ Naneke mehiã wo o. Awu mevuvu le wo ŋu o,+ eye woƒe afɔwo hã mete o.
22 “Ètsɔ fiaɖuƒewo kple dukɔwo de asi na wo, eye nèma woƒe anyigbawo na wo;+ ale be woxɔ Sihon+ ƒe anyigba, si nye Hesbon-fia+ ƒe anyigba hekpe ɖe Basan-fia Og+ ƒe anyigba ŋu wòzu wo tɔ. 23 Èna wo viwo sɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.+ Eye nèkplɔ wo va anyigba si ŋugbe nèdo na wo tɔgbuiwo be woaxɔe wòazu wo tɔ la dzi.+ 24 Ale wo viwo yi ɖaxɔ anyigba la wòzu wo tɔ,+ eye nèbɔbɔ Kanaantɔ+ siwo nye anyigba la dzi nɔlawo ɖe anyi le wo ŋkume, eye nètsɔ wo de asi na wo, woƒe fiawo kple anyigba la dzi dukɔwo siaa, ne woawɔ wo ale si wodi. 25 Woxɔ du sesẽwo+ kple anyigba wɔnu*+ la, eye woxɔ aƒe siwo me nu nyuiwo katã yɔ fũu, vudo* siwo woɖe, waingblewo kple amitibɔwo+ kple ati tseku ɖuɖuawo taŋtaŋ wòzu wo tɔ. Woɖu nu ɖi ƒo, eye woda ami heɖu agbe le wò nyuiwɔwɔ geɖeawo me.
26 “Ke wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò,+ wotrɔ megbe de wò Sewo.* Wowu wò nyagblɔɖila siwo xlɔ̃ nu wo be woatrɔ wo ɖe ŋuwò, eye wowɔ amemabumabunu gãwo.+ 27 Esia tae nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo,+ ame siwo do nuxaxa na wo.+ Ke ne woɖo xaxa me la, wodoa ɣli na wò, eye nèsenɛ le dziƒowo; ènaa xɔnametɔwo wo le wò nublanuikpɔkpɔ gbogbo la ta, eye woxɔna na wo tso woƒe futɔwo si me.+
28 “Ke ne wonya kpɔ gbɔdzɔe ko la, wogawɔa nu si nye vɔ̃ le ŋkuwòme,+ eye nègblẽa wo ɖe woƒe futɔwo si me, be woate wo ɖe to.*+ Emegbe wotrɔna heyɔa wò be nàxɔ na yewo;+ èsenɛ le dziƒowo, eye nèɖea wo le wò nublanuikpɔkpɔ gbogbo la ta enuenu.+ 29 Togbɔ be èxlɔ̃a nu wo be nàtrɔ wo ɖe wò Se la ŋu hã la, wowɔ nu dadatɔe, eye womeɖo to wò sededewo o;+ woda wò ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo dzi, evɔ wònye ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi.+ Ke wosẽ dzi me trɔ megbe de wò, wolia kɔ, eye wogbe nusese. 30 Ke ègbɔ dzi ɖi na wo+ ƒe geɖe, eye nèto wò gbɔgbɔ la dzi xlɔ̃ nu wo to wò nyagblɔɖilawo dzi, ke womeɖo to o. Mlɔeba ètsɔ wo de asi na anyigba la dzi dukɔwo.+ 31 Le wò nublanuikpɔkpɔ gbogbo la ta la, mètsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ+ alo gbe wo o, elabena Mawu veveseɖeamenula* kple nublanuikpɔlae nènye.+
32 “Azɔ Oo mía Mawu, Mawu gã sẽŋu si ŋu ŋɔdzi le, ame si wɔa nubabla dzi, eye wòvea ame nu,+ mègana fukpekpe blibo si va míawo ŋutɔwo, míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo,+ míaƒe nunɔlawo,+ míaƒe nyagblɔɖilawo,+ mía tɔgbuiwo kple wò dukɔ blibo la katã dzi, tso Asiria-fiawo+ ƒe ŋkekeawo me va se ɖe egbe sia la, naɖi nu tsɛ le ŋkuwòme o. 33 Tɔwò dzɔ le nu siwo katã va mía dzi la me, elabena èwɔ nuteƒe, gake míawo ya míewɔ nu vɔ̃ɖi.+ 34 Míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo, míaƒe nunɔlawo kple mía tɔgbuiwo mewɔ wò Se la dzi o, eye womelé to ɖe wò sededewo kple ŋkuɖodzinya* siwo nètsɔ xlɔ̃ nu wo la ŋu o. 35 Esi wonɔ woƒe fiaɖuƒea me nɔ vivi sem na nu nyui gbogbo siwo nèna wo, eye wonɔ anyigba gã wɔnu* si nètsɔ na wo dzi hã la, womesubɔ wò o,+ eye wometrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me o. 36 Gake míawoe nye esia zu kluviwo+ egbea, ɛ̃, míezu kluviwo le anyigba si nètsɔ na mía tɔgbuiwo be woaɖu edzi kutsetse kple eƒe nu nyuiwo la dzi. 37 Edzi agblemenuku gbogboawo yina na fia siwo te nètsɔ mí dee la le míaƒe nu vɔ̃wo ta.+ Wole míaƒe ametia kple míaƒe lãwo dzi ɖum ale si dze wo ŋu, eye míele xaxa gã aɖe me.
38 “Eya ta le nu siawo katã ta la míebla nu,+ si dzi míawɔ ɖo godoo, eye míeŋlɔe hetsɔ míaƒe amegãwo, míaƒe Lewi viwo kple míaƒe nunɔlawo ƒe nutrenu ɖo kpe edzi.”+
10 Ame siwo da asi ɖe nubabla la dzi hetre enue+ nye:
Nehemiya, si nye nutodziɖula* la, si nye Hakaliya vi,
Kple Zedekiya, 2 Seraya, Azariya, Yeremiya, 3 Pashur, Amariya, Malkiya, 4 Hatus, Sebaniya, Maluk, 5 Harim,+ Meremot, Obadiya, 6 Daniel,+ Gineton, Baruk, 7 Mesulam, Abiya, Miyamin, 8 Maaziya, Bilgai kple Semaya; ame siawoe nye nunɔlawo.
9 Lewi vi siwo hã tre enue nye: Yesua, si nye Azaniya vi, Binui, si tso Henada viwo dome, Kadmiel+ 10 kple nɔvia siwo nye Sebaniya, Hodiya, Kelita, Pelaya, Hanan, 11 Mika, Rehob, Hasabiya, 12 Zakur, Serebiya,+ Sebaniya, 13 Hodiya, Bani kple Beninu.
14 Dukɔ la ƒe tatɔ siwo tre enue nye: Paros, Pahat-Moab,+ Elam, Zatu, Bani, 15 Buni, Azgad, Bebai, 16 Adoniya, Bigvai, Adin, 17 Ater, Hizkiya, Azur, 18 Hodiya, Hasum, Bezai, 19 Harif, Anatot, Nebai, 20 Magpias, Mesulam, Hezir, 21 Mesezabel, Zadok, Yadua, 22 Pelatiya, Hanan, Anaiya, 23 Hosea, Hananiya, Hasub, 24 Halohes, Pilha, Sobek, 25 Rehum, Hasabna, Maaseya, 26 Ahiya, Hanan, Anan, 27 Maluk, Harim kple Baana.
28 Ke dukɔ la dometɔ susɔeawo—nunɔlawo, Lewi viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo, gbedoxɔmesubɔlawo* kple ame siwo katã ɖe wo ɖokuiwo ɖa le anyigba la dzi dukɔwo ŋu helé Mawu vavã la ƒe Se+ la me ɖe asi, wo srɔ̃wo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo, ame siwo katã si sidzedze kple gɔmesese le la*— 29 wɔ ɖeka kple wo nɔvi, siwo nye woƒe bubumeawo, eye woka atam be fiƒode nava yewo dzi ne yewomezɔ le Mawu vavã la ƒe se, si wode to Mawu vavã la ƒe subɔla Mose dzi la nu helé Yehowa míaƒe Aƒetɔ la ƒe sededewo, eƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo kple eƒe ɖoɖowo katã me ɖe asi hewɔ wo dzi pɛpɛpɛ o. 30 Míatsɔ mía vinyɔnuwo ana anyigba la dzi dukɔwo o, eye míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o.+
31 Ne anyigba la dzi dukɔwo tsɔ adzɔnuwo kple agblemenuku ɖe sia ɖe ƒomevi va dzadzra ge le Sabat ŋkeke dzi la, míaƒle naneke le wo si le Sabat+ la dzi alo le ŋkeke kɔkɔe+ dzi o. Azɔ hã, míade agble le ƒe adrelia+ me o, eye míatsɔ ame sia ame ƒe fe akee.+
32 Míeɖoe mía ɖokuiwo dzi hã be mía dometɔ ɖe sia ɖe nana sekel* me mama ɖe etɔ̃ ƒe akpa ɖeka ƒe sia ƒe ɖe Mawu ƒe aƒe* la me subɔsubɔdɔ la ŋu,+ 33 ɖe abolo siwo woɖona ɖe wo nɔewo dzi,*+ nuɖuvɔsa+ si wonana ɖaa kple numevɔsa si wonana ɖaa, le Sabat+ kple dzinu yeyewo+ dzi la ŋu, ɖe azã ɖoɖiwo,+ nu kɔkɔewo kple nuvɔ̃vɔsawo+ ŋu, be woalé avu ɖe Israel kple mía Mawu ƒe aƒe la me dɔ blibo la katã ta.
34 Azɔ hã, míedzidze nu ɖe nake si nunɔlawo, Lewi viwo kple dukɔ la atsɔ ava mía Mawu ƒe aƒea me, le mía fofowo ƒe aƒekɔwo nu, le ɣeyiɣi ɖoɖiawo dzi ƒe sia ƒe la dzi, be woatsɔ ado dzo ɖe Yehowa mía Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.+ 35 Eye míebla se na mía ɖokuiwo be míatsɔ míaƒe anyigba la dzi kutsetse gbãtɔwo kple ati sia ati ƒomevi ƒe tsetse gbãtɔwo katã ava Yehowa ƒe aƒe la me ƒe sia ƒe,+ 36 eye míakplɔ mía viŋutsu ŋgɔgbeawo kple míaƒe aƒemelãwo ƒe vi gbãtɔwo+ kple míaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe vi gbãtɔwo avɛ, abe ale si woŋlɔe ɖe se la me ene. Míakplɔ wo ava mía Mawu ƒe aƒe la me, na nunɔla siwo le subɔsubɔm le mía Mawu ƒe aƒea me.+ 37 Eye míatsɔ míaƒe wɔ gbãtɔwo+ kple míaƒe nudzɔdzɔwo kple ati sia ati ƒomevi ƒe tsetse,+ wain yeye kple ami+ avɛ na nunɔlawo le mía Mawu ƒe aƒe+ la ƒe nudzraɖoƒexɔwo* me, hekpe ɖe míaƒe anyigbadzinuwo ƒe ewolia ŋu na Lewi viwo,+ elabena Lewi viwoe xɔa míaƒe agblededuwo katã ƒe nuwo ƒe ewolia.
38 Eye nunɔla, si nye Aron viŋutsu, nanɔ Lewi viwo ŋu ne Lewi viwo le nuawo ƒe ewolia xɔm; Lewi viwo hã natsɔ nu ewoliawo ƒe ewolia ana le nudzraɖoƒexɔ la ƒe xɔwo* me le mía Mawu ƒe aƒe la me.+ 39 Elabena nudzraɖoƒexɔawo* mee Israel-viwo kple Lewi viwo atsɔ agblemenuku, wain yeye kple ami+ ƒe nudzɔdzɔ la ayii,+ afi mae kɔkɔeƒe la ŋu dɔwɔnuawo, nunɔla siwo le subɔsubɔm, agbonudzɔlawo kple hadzilawo le. Míagblẽ mía Mawu ƒe aƒe la ɖi o.+
11 Dukɔ la ƒe amegãwo nɔ Yerusalem;+ ke dukɔ la dometɔ susɔeawo dzidze nu,+ ne woakplɔ wo dometɔ ɖeka le ame ewo ɖe sia ɖe dome vɛ be wòava nɔ du kɔkɔe Yerusalem me, ne asieke bubuawo nanɔ du bubuawo me. 2 Eye dukɔ la yra ŋutsu siwo katã lɔ̃ faa be yewoava nɔ Yerusalem.
3 Nutoa* dzi kpɔla siwo nɔ Yerusalem woe nye esiwo gbɔna. (Ame siwo susɔ le Israel-viwo, nunɔlawo, Lewi viwo, gbedoxɔmesubɔlawo*+ kple Salomo ƒe subɔviwo+ ƒe viwo katã dome ya nɔ Yuda du bubuawo me, wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, le eƒe du me.+
4 Yuda vi aɖewo kple Benyamin vi aɖewo hã nɔ Yerusalem.) Ame siwo nye tatɔwo tso Yuda viwo domee nye Ataya, si nye Uziya vi, Zakariya vi, Amariya vi, Sefatiya vi, Mahalalel vi tso Perez+ viwo dome, 5 Maaseya, si nye Baruk vi, Kolhoze vi, Hazaya vi, Adaya vi, Yoyarib vi, Zakariya vi, tso Sela viwo dome. 6 Perez vi siwo katã nɔ Yerusalem la le ame alafa ene blaade vɔ enyi, eye wonye ŋutsu veviedolawo.
7 Ame siwo tso Benyamin viwo domee nye Salu,+ si nye Mesulam vi, Yoed vi, Pedaya vi, Kolaya vi, Maaseya vi, Itiel vi, Yesaya vi, 8 hekpe ɖe Gabai kple Salai ƒe aƒekɔwo ŋu, wole ame alafa asieke blaeve vɔ enyi; 9 Yoel, si nye Zikri vi, ye nye woƒe dzikpɔla, eye Yuda, Hasenua vi, nye dua dzi kpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ.
10 Ame siwo tso nunɔlawo domee nye: Yedaya, si nye Yoyarib vi, Yakin,+ 11 Seraya, si nye Hilkiya vi, Mesulam vi, Zadok vi, Merayot vi, Ahitub+ vi, eye wònye ŋgɔxɔla le Mawu vavã la ƒe aƒe* la me, 12 wo nɔvi siwo nye aƒe la me dɔwɔlawo le ame alafa enyi blaeve vɔ eve; Adaya, si nye Yeroham vi, Pelaliya vi, Amzi vi, Zakariya vi, Pashur+ vi, Malkiya vi, 13 kple nɔvia siwo nye tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu le ame alafa eve blaene vɔ eve, kple Amasai, si nye Azarel vi, Ahzai vi, Mesilemot vi, Imer vi, 14 kple nɔvia siwo nye ŋutsu kalẽtɔ sesẽwo, wole ame alafa ɖeka blaeve vɔ enyi, eye dzikpɔla si nye Zabdiel, si tso ƒome xɔŋkɔ aɖe me, le wo nu.
15 Ame siwo tso Lewi viwo domee nye: Semaya,+ si nye Hasub vi, Azrikam vi, Hasabiya vi, Buni vi, 16 Sabetai+ kple Yozabad,+ wotso Lewi viwo ƒe tatɔwo dome, eye wole Mawu vavã la ƒe aƒe la ƒe gotadɔwo nu; 17 Mataniya,+ ame si nye Mika vi, Zabdi vi, Asaf+ vi, si nye kafukafuhawo dzi kpɔla la, doa kafukafuha ɖa le gbedoɖaɣi,+ eye Bakbukia nye evelia kplɔe ɖo le nɔviawo dome, hekpe ɖe Abda, si nye Samua vi, Galal vi, Yedutun+ vi ŋu. 18 Lewi vi siwo katã le du kɔkɔe la me la le ame alafa eve blaenyi vɔ ene.
19 Agbonudzɔlawoe nye Akub, Talmon+ kple wo nɔvi siwo nye dzɔlawo le agboawo nu, wole ame alafa ɖeka blaadre vɔ eve.
20 Ke ame siwo susɔ le Israel-viwo, nunɔlawo kple Lewi viwo dome ya nɔ Yuda du bubuawo katã me, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.* 21 Gbedoxɔmesubɔlawo*+ nɔ Ofel;+ eye Ziha kple Gispa le gbedoxɔmesubɔlawo* nu.
22 Ame si nye Lewi viwo ƒe dzikpɔla le Yerusalem ye nye Uzi, si nye Bani vi, Hasabiya vi, Mataniya+ vi, Mika vi, eye wòtso hadzila Asaf viwo dome; eyae le Mawu vavã la ƒe aƒe la ƒe dɔ la nu. 23 Elabena fia la de se le hadzilawo ŋuti,+ eye woɖo be woanɔ nu siwo hiã wo gbe sia gbe la nam wo. 24 Petahiya, si nye Mesezabel vi, tso Yuda vi Zera viwo dome la, nye fia la ƒe aɖaŋuɖola* le dukɔ la ƒe nya sia nya gbɔ kpɔkpɔ me.
25 Ke wo nɔƒewo kple wo ŋu anyigbawoe nye esi: Yuda viwo dometɔ aɖewo nɔ Kiriat-Arba+ kple eŋu duwo, Dibon kple eŋu duwo kpakple Yekabzeel+ kple eŋu kɔƒewo me, 26 kple Yesua, Molada,+ Bet-Pelet,+ 27 Hazar-Sual+ kpakple Beer-Seba kple eŋu duwo me, 28 Ziklag+ kpakple Mekona kple eŋu duwo, 29 En-Rimon,+ Zora,+ Yarmut, 30 Zanoa,+ Adulam kple wo ŋu kɔƒewo, Lakis+ kple eŋu gblewo kpakple Azeka+ kple eŋu duwo me. Eye wonɔ* Beer-Seba va se ɖe keke Hinom Bali+ la me ke.
31 Benyamin viwo nɔ Geba,+ Mikmas, Aya kpakple Betel+ kple eŋu duwo me, 32 Anatot,+ Nob,+ Ananiya, 33 Hazor, Rama,+ Gitayim, 34 Hadid, Zeboim, Nebalat, 35 Lod kple Ono,+ si nye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe bali la me. 36 Eye woɖo Lewi viwo ƒe hatsotso siwo nɔ Yuda la dometɔ aɖewo ɖe Benyamin.
12 Nunɔla kple Lewi vi siwo trɔ gbɔ kple Zerubabel,+ Sealtiel+ vi, kpakple Yesua+ la woe nye: Seraya, Yeremiya, Ezra, 2 Amariya, Maluk, Hatus, 3 Sekaniya, Rehum, Meremot, 4 Ido, Ginetoyi, Abiya, 5 Miyamin, Maadiya, Bilga, 6 Semaya, Yoyarib, Yedaya, 7 Salu, Amok, Hilkiya kple Yedaya. Ame siawo nye nunɔlawo ƒe tatɔwo kple wo nɔviwo ƒe tatɔwo le Yesua ŋɔli.
8 Lewi viwoe nye Yesua, Binui, Kadmiel,+ Serebiya, Yuda, kple Mataniya,+ ame si kple nɔviawo xɔa ŋgɔ le akpedahawo dzidzi me. 9 Eye wo nɔvi Bakbukia kple Uni nɔa tsitre ɖe woƒe dzɔladɔwɔƒewo dzea ŋgɔ wo.* 10 Yesua dzi Yoyakim, Yoyakim dzi Eliyasib, eye Eliyasib+ dzi Yoyada.+ 11 Yoyada dzi Yonatan, eye Yonatan hã dzi Yadua.
12 Nunɔla siwo nye tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu le Yoyakim ŋɔli woe nye: Meraya na Seraya+ ƒe aƒekɔ; Hananiya na Yeremiya ƒe aƒekɔ; 13 Mesulam na Ezra+ ƒe aƒekɔ; Yehohanan na Amariya ƒe aƒekɔ; 14 Yonatan na Maluki ƒe aƒekɔ; Yosef na Sebaniya ƒe aƒekɔ; 15 Adna na Harim+ ƒe aƒekɔ; Helkai na Merayot ƒe aƒekɔ; 16 Zakariya na Ido ƒe aƒekɔ; Mesulam na Gineton ƒe aƒekɔ; 17 Zikri na Abiya+ ƒe aƒekɔ . . . ;* na Miniamin ƒe aƒekɔ; Piltai na Moadia ƒe aƒekɔ; 18 Samua na Bilga+ ƒe aƒekɔ; Yehonatan na Semaya ƒe aƒekɔ; 19 Matenai na Yoyarib ƒe aƒekɔ, Uzi na Yedaya+ ƒe aƒekɔ; 20 Kalai na Salai ƒe aƒekɔ; Eber na Amok ƒe aƒekɔ; 21 Hasabiya na Hilkiya ƒe aƒekɔ; Netanel na Yedaya ƒe aƒekɔ.
22 Le Eliyasib, Yoyada, Yohanan kple Yadua+ ŋɔli la, woŋlɔ Lewi viwo kple nunɔlawo siaa ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu ƒe ŋkɔwo ɖi va ɖo Persiatɔ Dario ƒe fiaɖuɣi.
23 Woŋlɔ Lewi vi siwo nye tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu ƒe ŋkɔwo ɖe ŋutinyagbalẽ me va ɖo Yohanan, Eliyasib vi ŋɔli. 24 Lewi viwo ƒe tatɔwoe nye Hasabiya, Serebiya kple Yesua,+ Kadmiel+ vi, kple wo nɔvi siwo nɔa tsitre dzea ŋgɔ wo dzia kafukafuha kple akpedaha na Mawu, abe ale si Mawu vavã la ƒe ame David de se ene,+ dzɔlawo ƒe ha ɖeka nɔa akpa si, eye dzɔlawo ƒe ha bubu nɔa akpa kemɛ. 25 Mataniya+ kple Bakbukia, Obadiya, Mesulam, Talmon kple Akub+ nye agbonudzɔla+ siwo nɔa tsitre dzɔa nudzraɖoƒexɔ siwo le agboawo nu la ŋu. 26 Ame siawo subɔ le Yoyakim, Yesua+ vi, Yozadak vi, ƒe ŋkekeawo kple nutodziɖula Nehemiya kpakple nunɔla Ezra,+ si nye nugbugbɔŋlɔla* ŋɔli.
27 Esi wole Yerusalem glia ŋu kɔ ge la, woyi ɖadi Lewi viwo be woakplɔ wo tso wo nɔƒewo katã ava Yerusalem, ne woatsɔ akpedaha,+ hadzidziwo, gakogoewo, kasaŋkuwo, kple saŋkuwo akɔ eŋu kple dzidzɔ. 28 Eye hadzilawo* viŋutsuwo va kpe ta tso nuto* la kple du siwo le Yerusalem ŋu godoo la me kpakple Netofatɔwo+ ƒe kɔƒewo me, 29 kple Bet-Gilgal,+ Geba-gblewo+ kple Azmavet,+ elabena hadzilawo tso kɔƒewo na wo ɖokuiwo ɖe Yerusalem ŋu godoo. 30 Eye nunɔlawo kple Lewi viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, eye wokɔ dukɔ la+ kple agboawo+ kpakple gli+ la ŋu.
31 Eye mena Yuda-megãwo de gli la dzi. Azɔ hã, meɖo akpedahadziha gã eve kple ameha eve siwo kplɔ wo ɖo, eye ɖeka zɔ ɖusime to glia dzi ɖo ta Aɖukpogbo+ la gbɔ. 32 Eye Hosaya kple Yuda-megãwo ƒe afã zɔ dze wo yome, 33 hekpe ɖe Azariya, Ezra kple Mesulam, 34 Yuda, Benyamin, Semaya kple Yeremiya ŋu. 35 Nunɔlawo ƒe viwo dometɔ siwo kpe ɖe wo ŋu, siwo si kpẽwo+ le la woe nye: Zakariya, si nye Yonatan vi, Semaya vi, Mataniya vi, Mikaya vi, Zakur vi, Asaf+ vi, 36 kple nɔvia siwo nye Semaya kple Azarel, Milalai, Gilalai, Maai, Netanel, Yuda kple Hanani, ame siwo si Mawu vavã la ƒe ame David ƒe haƒonuwo+ le; eye nugbugbɔŋlɔla* Ezra+ le wo ŋgɔ. 37 Esi woɖo Vudogbo+ la gbɔ la, woyi ŋgɔ tẽe va to David Ƒe Du+ La Ƒe Atrakpuimɔ+ la tame hezɔ gli la dzi le David Ƒe Aƒe la tame va do ɖe Tsigbo+ la gbɔ, le ɣedzeƒe gome.
38 Akpedahadziha kemɛa to akpa kemɛ,* eye medze wo yome hekpe ɖe dukɔ la ƒe afã ŋu, to glia dzi va to Abolomèkpowo Ƒe Mɔ́+ la ŋu va ɖo Gli Gbadza+ la gbɔ, 39 to Efrayim-gbo+ la tame va ɖo Du Xoxo La Ƒe Agbo+ la gbɔ ɖado ɖe Tɔmelãgbo+ la kple Hananel Mɔ́+ la gbɔ kple Mea Mɔ́ la kpakple Alẽgbo+ la gbɔ; eye wova tɔ ɖe Dzɔlawo Ƒe Agbo la nu.
40 Mlɔeba akpedahadziha eveawo va tɔ ɖe Mawu vavã la ƒe aƒe la ŋgɔ; nye kple dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔwo ƒe afã si le ŋunye, 41 kple nunɔla siwo nye Eliyakim, Maaseya, Miniamin, Mikaya, Elioenai, Zakariya kple Hananiya, siwo lé kpẽwo ɖe asi 42 kple Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yehohanan, Malkiya, Elam kple Ezer hã míeva tɔ ɖe afi ma. Eye hadzila siwo le Yizrahiya ƒe dzikpɔkpɔ te la dzi ha sesĩe.
43 Wosa vɔ gã aɖe gbe ma gbe, eye wokpɔ dzidzɔ,+ elabena Mawu vavã la na wokpɔ dzidzɔ gã aɖe. Eye nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ,+ ale be wose Yerusalem ƒe aseyetsotso le didiƒe ke.+
44 Gbe ma gbe woɖo ŋutsuwo ɖe nudzraɖoƒexɔawo+ kple xɔ siwo me nudzɔdzɔawo,+ agblemenuku gbãtɔwo+ kple nuwo ƒe ewoliawo+ le la nu. Ne woaƒo nu siwo Se la bia be woana+ nunɔlawo kple Lewi+ viwo la nu ƒu tso agblededuwo me ade wo me, elabena amewo kpɔ dzidzɔ le Yuda le nunɔla kple Lewi vi siwo le subɔsubɔm ta. 45 Wowɔa woƒe Mawu ƒe dɔ kple nuŋukɔkɔdɔ la, eye hadzilawo kple agbonudzɔlawo hã wɔa woƒe dɔ abe ale si David kple via Salomo ɖoe ene. 46 Elabena tso gbe aɖe gbe ke le David kple Asaf ŋɔli la, woɖo hadzilawo dzikpɔlawo* hena kafukafuhawo dzidzi kple akpedada na Mawu.+ 47 Eye le Zerubabel+ ŋɔli kple Nehemiya ŋɔli la, Israel blibo la katã tsɔa hadzilawo+ kple agbonudzɔlawo+ ƒe gome nana le gbe sia gbe ƒe hiahiã nu. Woɖea nu si nye Lewi viwo+ tɔ gome la na wo, eye Lewi viwo hã ɖea nu si nye Aron ƒe dzidzimeviwo tɔ gome la na wo.
13 Gbe ma gbe la, woxlẽ Mose ƒe agbalẽ la ɖe dukɔ la ƒe to me;+ eye wokpɔ woŋlɔ ɖe eme be, Amonitɔ loo alo Moabtɔ+ megava Mawu vavã la ƒe ha la me gbeɖegbeɖe o,+ 2 elabena wometsɔ abolo kple tsi yi ɖakpe Israel-viwo o, ke boŋ woda Bileam ɖe wo ŋu be wòaƒo fi ade wo.+ Gake mía Mawu trɔ fiƒode la wòzu yayra.+ 3 Esime wose Se la ko la, woɖe amedzroviwo katã ɖa le Israel dome.+
4 Ke do ŋgɔ na esia la, nunɔla si ƒe dzikpɔkpɔ te mía Mawu ƒe aƒe*+ la ƒe nudzraɖoƒexɔwo* lee nye Eliyasib,+ si do ƒome kple Tobiya.+ 5 Edzra nudzraɖoƒexɔ* gã aɖe me ɖo nɛ, afi si wotsɔa nuɖuvɔsa, lifi, ŋudɔwɔnuawo, agblemenuku, wain yeye kple ami+ ƒe ewolia, siwo Lewi viwo,+ hadzilawo kple agbonudzɔlawo dze na, kpakple nunɔlawo ƒe nudzɔdzɔ,+ dana ɖo tsã.
6 Le ɣeyiɣi mawo katã me la, nyemenɔ Yerusalem o, elabena le Babilon-fia Artasasta+ ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ evelia+ me la, meyi ɖe fia la gbɔ, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mebia mɔ le fia la gbɔ. 7 Metrɔ va Yerusalem hekpɔ nu vɔ̃ɖi si Eliyasib+ wɔ esi wòdzra nudzraɖoƒexɔ ɖeka me ɖo na Tobiya+ le Mawu vavã la ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu. 8 Esia medze ŋunye kura o. Eya ta mefɔ Tobiya ƒe xɔmenuwo katã tso nudzraɖoƒexɔ* la me ƒu gbe. 9 Meɖe gbe wokɔ nudzraɖoƒexɔwo* ŋu; eye megafɔ Mawu vavã la ƒe aƒe+ la me ŋudɔwɔnuawo kple nuɖuvɔsa kpakple lifi+ la va eme.
10 Eye mese be womenaa Lewi viwo+ ƒe gome wo o,+ ale be Lewi viwo kple hadzila siwo nɔ subɔsubɔdɔa wɔm la dzo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe yi eya ŋutɔ ƒe agble me.+ 11 Mehe nya ɖe dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔawo+ ŋu gblɔ be: “Nu ka ŋuti miegblẽ Mawu vavã la ƒe aƒe la ɖi?”+ Eya ta meƒo Lewi viawo nu ƒu hetsɔ wo ɖo woƒe dɔwo nu. 12 Yuda blibo la katã tsɔ agblemenuku kple wain yeye kpakple ami ƒe ewoliawo+ va nudzraɖoƒeawo.+ 13 Metsɔ nunɔla Selemiya kple nugbugbɔŋlɔla* Zadok kpakple Pedaya, si tso Lewi viwo dome, ɖo nudzraɖoƒeawo nu, eye Hanan, Zakur vi, Mataniya vi, nye woƒe kpeɖeŋutɔ, elabena wobua wo nuteƒewɔlawoe. Woawo ŋkumee wòkpɔ be woama nu na wo nɔviwo.
14 Oo nye Mawu, ɖo ŋku dzinye,+ le esia ta, eye mègaŋlɔ dɔ nyui siwo mewɔ ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu kple eŋutisubɔsubɔdɔwo*+ be o.
15 Le ŋkeke mawo me la, mekpɔ be amewo le waintsetse fiãm le Sabat+ dzi le Yuda, eye wotsɔa agblemenuku bablawo doa agba ɖe tedziwo dzi vanɛ, hekpe ɖe wain, waintsetsewo, gbotsetsewo kple agba ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, eye wotsɔa wo vaa Yerusalem le Sabat ŋkeke dzi.+ Eya ta mexlɔ̃ nu wo be woagadzra nu le ŋkeke ma dzi o.* 16 Tirotɔ siwo le dua me tsɔa tɔmelã kple adzɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi va dzrana na Yuda viwo le Yerusalem le Sabat dzi.+ 17 Eya ta mehe nya ɖe Yuda bubumewo ŋu hebia wo be: “Nu vɔ̃ɖi kae nye esi wɔm miele hele kɔ gblẽm ɖo na Sabat ŋkeke la? 18 Ðe menye aleae mia tɔgbuiwo wɔ, eye mía Mawu la he vɔ̃ siawo katã va mía kple du sia dzi oa? Azɔ miele dɔmedzoe dzim ɖe edzi na Israel esi miele kɔ gblẽm ɖo na Sabat la.”+
19 Eya ta esi vɔvɔli nya ɖo Yerusalem ƒe agbowo nu do ŋgɔ na Sabat la ko la, meɖe gbe be woado ʋɔawo. Megblɔ hã be woagaʋu wo o, va se ɖe esime Sabat la va yi, eye meɖe nye ŋutɔ nye dɔla aɖewo ɖo agboawo nu, ne woagatsɔ agba aɖeke ava eme le Sabat ŋkeke dzi o. 20 Eya ta asitsalawo kple adzɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi dzralawo tsi Yerusalem godo dɔ zi ɖeka alo eve. 21 Eye mehe nya ɖe wo ŋu be: “Nu ka tae mietsia gli la godo dɔna? Ne miegawɔe la, matu nu kpli mi.” Tso ɣemaɣi la, womegavana le Sabat dzi o.
22 Eye megblɔ na Lewi viwo be woanɔ wo ɖokuiwo ŋu kɔm, eye woava nɔ agboawo ŋu dzɔm, be woakɔ Sabat ŋkeke la ŋu.+ Oo nye Mawu, ɖo ŋku esia hã dzi, eye nàkpɔ nublanui nam le wò amenuveve gbogbo la nu.+
23 Azɔ hã, le ŋkeke mawo me la, mekpɔe be Yudatɔ aɖewo ɖe Asdod,+ Amon kple Moab+ nyɔnuwo.*+ 24 Eye wo viwo ƒe afã doa Asdodgbe, eye woƒe afã doa dukɔ bubuwo ƒe gbe, wo dometɔ aɖeke metea ŋu doa Yudagbe o. 25 Mehe nya ɖe wo ŋu heka mo na wo, meƒo fi de wo, meƒo ŋutsuawo dometɔ aɖewo+ henyɔ ɖa na wo, mena wotà Mawu, eye megblɔ na wo be: “Migatsɔ mia vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo o, eye migaɖe wo vinyɔnuwo dometɔ aɖeke na mia viŋutsuwo alo miawo ŋutɔwo miaɖe wo o.+ 26 Ðe menye esiawoe na Israel-fia Salomo wɔ nu vɔ̃ oa? Fia aɖeke mede enu le dukɔwo dome o;+ eye eƒe Mawu lɔ̃e,+ eye Mawu tsɔe ɖo fiae ɖe Israel blibo la nu. Gake dutanyɔnuwo na eya gɔ̃ hã wɔ nu vɔ̃.+ 27 Ðe woagase le mia ŋu ake be miewɔ nu vɔ̃ɖi sia gbegbe hedo kpo nuteƒewɔwɔ na mía Mawu la to dutanyɔnuwo ɖeɖe mea?”+
28 Nunɔlagã Eliyasib+ viŋutsu Yoyada+ ƒe viwo dometɔ ɖeka nye Horontɔ Sanbalat+ ƒe toyɔvi. Eya ta menyae ɖa le ɖokuinye ŋu.
29 Oo nye Mawu, ɖo ŋku wo dzi, le esi wogblẽ kɔ ɖo na nunɔlanyenye la kpakple nunɔlawo+ kple Lewi viwo ƒe nubabla la ta.+
30 Eye mekɔ wo ŋu tso dutatɔwo ƒe ɖiƒoƒo ɖe sia ɖe me, eye mede dɔ asi na nunɔlawo kple Lewi viwo, ame sia ame kple etɔ,+ 31 eye mewɔ ɖoɖo ɖe nakenana+ ɖe ɣeyiɣi ɖoɖiawo dzi kple kutsetse gbãtɔwo nana ŋu.
Oo nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, hena nye nyui.+
Egɔmee nye, “Yah Ye Faa Akɔ Na Ame.”
Alo, “Susa.”
Alo, “fiasã.”
Alo, “ɖo ŋku nuxlɔ̃ame si nèna.”
Alo, “fianyɔnu.”
Alo, “Frat-tɔsisi la godo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “subɔla.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woƒe alɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “subɔla.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “mede ta woƒe aƒetɔwo ƒe dɔ la te o.”
Alo, “Frat-tɔsisi la godo.”
Alo, “ami ʋeʋĩ wɔlawo.”
Alo, “akpa bubu si wodzidze.”
Anɔ abe meta 445 ene. Kpɔ Megbenyawo B14.
Agate ŋu afia, “nuto si gogo afi ma.”
Alo, “Fiasã.”
Alo, “Netinimwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Alo, “Netinimwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Alo, “Ŋusẽ vɔ le agbatsɔlawo ŋu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “zi ewo.”
Alo, “deme gã.”
Efia, woxɔna ɣleti sia ɣleti.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “meʋuʋu nye akɔnu.”
Alo, “Neva eme!”
Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “tso nye ŋutɔ nye kotoku me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le wo ɖom le dzi me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wokpɔe be yewoda yewo ɖokui ɖe anyi ŋutɔ.”
Alo, “Netinimwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Alo, “Netinimwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Alo, “woɖe wo le nunɔladɔ la me be wo ŋu mekɔ o.”
Alo, “Tirsata,” bubuŋkɔ si Persiatɔwo zãna na woƒe nutodziɖulawo.
Alo, “Tirsata,” bubuŋkɔ si Persiatɔwo zãna na woƒe nutodziɖulawo.
Zi geɖe la wotsɔnɛ sɔna kple Persiatɔwo ƒe sika dariko si ƒe kpekpeme le gram 8.4. Menye drakma si ŋu woƒo nu tsoe le Hela Ŋɔŋlɔawo mee wowɔnɛ o. Kpɔ Megbenyawo B14.
Mina ɖeka le Hebri Ŋɔŋlɔwo me le gram 570. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “Netinimwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Israel blibo la katã.”
Alo, “agbalẽfiala.”
Alo, “agbalẽfiala.”
Alo, “Neva eme!”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woxlẽ nua egɔme nya se.”
Alo, “Tirsata,” bubuŋkɔ si Persiatɔwo zãna na woƒe nutodziɖulawo.
Alo, “agbalẽfiala.”
Alo, “ŋusẽ.”
Alo, “agbalẽfiala.”
Alo, “ŋkeke mama ɖe akpa ene ƒe ɖeka.”
Alo, “se siwo ŋu kakaɖedzi le.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nèdo asi ɖe dzi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wolia kɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wolia kɔ.”
Alo, “bua ame ŋu.”
Alo, “legba siwo wolólo ga kɔ̀.”
Alo, “anyigba dami.”
Alo, “tsido.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wotsɔ wò Se la ƒu gbe ɖe megbe.”
Alo, “woafanya wo.”
Alo, “ameŋubula.”
Alo, “nuxlɔ̃amenya.”
Alo, “dami.”
Alo, “Tirsata,” bubuŋkɔ si Persiatɔwo zãna na woƒe nutodziɖulawo.
Alo, “Netinimwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Agate ŋu afia, “ame siwo tsi ate ŋu ase nu gɔme.”
Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “gbedoxɔ.”
Efia, ŋkumeɖobolo.
Alo, “nuɖuxɔwo.”
Alo, “nuɖuxɔwo.”
Alo, “nuɖuxɔwo.”
Alo, “Dziɖuƒea.”
Alo, “Netinimwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Alo, “gbedoxɔ.”
Alo, “domenyinu si wonae la dzi.”
Alo, “Netinim.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Alo, “Netinim.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame siwo wotsɔ na.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nɔ fia ƒe alɔ dzi.”
Alo, “woƒu asaɖa anyi ɖe.”
Agate ŋu afia, “le subɔsubɔdɔa wɔɣi.”
Ŋkɔ aɖeke medze le Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔa me le afi sia o.
Alo, “agbalẽfiala.”
Alo, “hadzila bibiwo.”
Efia nuto si le Yordan ŋu.
Alo, “agbalẽfiala.”
Alo, “kemɛa dze ŋgɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “tatɔwo.”
Alo, “gbedoxɔ.”
Alo, “nuɖuxɔwo.”
Alo, “nuɖuxɔ gã aɖewo.”
Alo, “nuɖuxɔ.”
Alo, “nuɖuxɔwo.”
Alo, “agbalẽfiala.”
Alo, “ame siwo subɔna le afi ma.”
Agate ŋu afia, “mexlɔ̃ nu wo gbe ma gbe be woagadzra nu o.”
Alo, “kplɔ Asdod, Amon kple Moab nyɔnuwo va woƒe aƒewo me.”