HOSEA
1 Yehowa ƒe gbe va na Hosea,* Beeri vi, le Uziya,+ Yotam,+ Ahaz+ kple Hizkiya,+ siwo nye Yuda-fiawo,+ kple Yeroboam,+ Yoas vi,+ si nye Israel-fia ŋɔli. 2 Esi Yehowa dze nuƒoƒo gɔme to Hosea dzi la, Yehowa gblɔ na Hosea be: “Heyi nàɖe gbolo, eye wòadzi ahasiviwo na wò, elabena anyigba la wɔ ahasi hetrɔ ɖa le Yehowa yome.”+
3 Eya ta eyi ɖaɖe Diblayim vinyɔnu Gomer, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi nɛ.
4 Eye Yehowa gblɔ nɛ be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Yezreel,* elabena esusɔ vie ko mabia akɔnta Yehu ƒe aƒe+ la ɖe Yezreel ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la ta, eye mana Israel ƒe aƒe la ƒe fiaɖuɖu nu natso.+ 5 Ava eme gbe ma gbe be, maŋe Israel ƒe dati le Yezreel Bali me.”
6 Eye wògafɔ fu dzi nyɔnuvi. Eye Mawu gblɔ nɛ be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Lo-Ruhama,* elabena nyemagakpɔ nublanui+ na Israel ƒe aƒe la azɔ o, manya wo ɖa godoo.+ 7 Ke makpɔ nublanui na Yuda ƒe aƒe la,+ eye nye Yehowa, woƒe Mawu, maxɔ na wo;+ menye dati alo yi alo aʋawɔwɔ, sɔ alo sɔdolawo dzie mato axɔ na wo o.”+
8 Esi wòtso no na Lo-Ruhama la, egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. 9 Eye Mawu gblɔ be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Lo-Ami,* elabena menye nye dukɔe mienye o, eye nye hã nyemanye mia Mawu o.
10 “Israel-viwo ƒe xexlẽme anɔ abe ƒutake, si womate ŋu adzidze alo axlẽ o ene.+ Eye afi si wogblɔ na wo le be, ‘Menye nye dukɔe mienye o’+ la, woagblɔ na wo le afi ma be, ‘Mawu gbagbe la ƒe viwo mienye.’+ 11 Woaƒo Yuda viwo kple Israel-viwo nu ƒu ɖekae,+ eye woaɖo tatɔ ɖeka na wo ɖokui aho tso anyigba la dzi, elabena Yezreel ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe.+
2 “Migblɔ na mia nɔviŋutsuwo be, ‘Nye dukɔ!’*+
Eye na mia nɔvinyɔnuwo be, ‘Oo nyɔnu si wokpɔ nublanui na!’*+
2 Mihe nya ɖe mia dada ŋu; mihe nya ɖe eŋu,
Elabena menye srɔ̃nyee wònye o,+ eye nye hã nyemenye srɔ̃a o.
Neɖe gbolowɔwɔ ɖa le eɖokui gbɔ,
Kple ahasiwɔwɔ ɖa le eƒe nowo domee,
3 Ne magaɖe amae ana wòanɔ abe gbe si gbe wodzii ene o,
Ne nyemagawɔe abe gbegbe ene
Ahana wòanɔ abe kuɖiɖinyigba ene,
Eye mana tsikɔ nawui wòaku o.
4 Nyemakpɔ nublanui na viawo o,
Elabena ahasiviwo wonye.
5 Elabena wo dada wɔ gbolo.+
Eya ame si fɔ woƒe fu la wɔ ŋukpenanu,+ elabena egblɔ be:
‘Medi be madze nye ahiãviwo yome,+
Ame siwo naa abolo kple tsi,
Lãfuwu kple aklala, ami kple nunonom.’
8 Medze sii be nyee na agblemenuku,+ wain yeye kple amii o,
Eye be nyee na klosalo
Kple sika, siwo wòzã le Baal subɔsubɔ me la, bɔ ɖe esi o.+
9 ‘Eya ta magbugbɔ axɔ nye nuku ne eƒe ɣeyiɣi ɖo
Kple nye wain yeye ne eƒe azã de,+
Eye maxɔ nye lãfuwu kple nye aklala si wòtsɔna tsyɔa eƒe amae la.
10 Azɔ maklo nu le eƒe ama dzi le eƒe ahiãviwo ŋkume,
Eye ame aɖeke maxɔe le asinye o.+
11 Mana eƒe aseyetsotso,
Eƒe ŋkekenyui,+ eƒe dzinu yeye, eƒe sabat kple eƒe azãɖuɣiwo katã nu natso.
12 Magblẽ eƒe wainka kple eƒe gboti siwo ŋu wògblɔ le be,
“Esiawoe nye fetu si nye ahiãviwo nam”;
Mana woazu ave,
Eye gbemelãwo avuvu wo.
13 Mabia akɔntae ɖe ŋkeke siwo me wòdo dzudzɔ na Baal legbawo,+
Esime wòtsɔ eƒe togɛ kple eƒe atsyɔ̃ɖonu ɖo atsyɔ̃e hedze eƒe ahiãviwo yome
Eye wòŋlɔm be,’+ Yehowa ye gblɔe.
15 Magbugbɔ eƒe waingblewo nɛ tso ɣemaɣi,+
Eye matsɔ Akor Bali+ la nɛ wòanye mɔkpɔkpɔ ƒe agbo nɛ.
Atɔ nam le afi ma abe le eƒe ɖetugbuimeŋkekewo me ene,
Abe gbe si gbe wòʋu tso Egipte-nyigba dzi ene.+
18 Gbe ma gbe mabla nu kple gbemelãwo,+
Dziƒoxe dzodzoewo kple nu siwo tana le anyigba dzi;+
Maɖe dati kple yi kpakple aʋawɔwɔ ɖa le anyigba la dzi,+
19 Mana nànye nye ŋugbetɔ ɖaa,
Eye mana nànye nye ŋugbetɔ le dzɔdzɔenyenye, ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃,
Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ me.+
20 Mana nànye nye ŋugbetɔ le nyateƒe me,
Eye àdze si Yehowa.’+
21 ‘Eye wòava eme gbe ma gbe be matɔ,’ Yehowa ye gblɔe,
‘Matɔ na dziƒowo,
Eye woawo hã woatɔ na anyigba;+
22 Anyigba atɔ na nuku kple wain yeye kpakple ami;
23 Maƒãe ɖe anyigba abe nuku ene na ɖokuinye,+
Makpɔ nublanui na nyɔnu si womekpɔ nublanui na o;*
Magblɔ na ame siwo menye nye dukɔ o* la be: “Nye dukɔ mienye,”+
Eye woawo woagblɔ be: “Mía Mawu nènye.”’”+
3 Eye Yehowa gagblɔ nam be: “Gayi nàlɔ̃ nyɔnu si hawòvi le lɔlɔ̃m eye wòle ahasi wɔm la,+ abe ale si Yehowa lɔ̃ Israel-viwo,+ evɔ wotrɔ ɖe mawu bubuwo ŋu,+ eye wolɔ̃a waintsetsebolowo* ene.”
2 Eya ta metsɔ klosalo wuiatɔ̃ kple ƒo homer* ɖeka kple afã ƒlee. 3 Eye megblɔ nɛ be: “Ànye tɔnye anɔ gbɔnye eteƒe nadidi. Mègawɔ gbolo azɔ o, eye mègadɔ kple ŋutsu bubu o, eye nye hã mawɔ na wò nenema.”*
4 Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia,+ amegã, vɔsa, sɔti, kɔmewu+ kple terafim legbawo*+ manɔ wo si o. 5 Emegbe Israel-viwo atrɔ agbɔ ahadi Yehowa woƒe Mawu+ kple woƒe fia David,+ woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa gbɔ be wòawɔ nyui na yewo le ŋkekeawo ƒe nuwuɣi.+
4 Oo Israel-viwo, mise Yehowa ƒe nya,
Elabena Yehowa le nya hem kple anyigba la dzi nɔlawo,+
Elabena nyateƒetoto, dɔmenyonyo alo sidzedze Mawu aɖeke megale anyigba la dzi o.+
2 Wole alakpatam kam, wole alakpa dam,+ wole ame wum,+
Fififi kple ahasiwɔwɔ+ bɔ,
Eye ʋukɔkɔɖi tsiã ɖe ʋukɔkɔɖi nu.+
3 Esia tae anyigba la axa nu,+
Eye nu ate edzinɔla ɖe sia ɖe ŋu;
Gbemelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo,
Kpakple atsiaƒumelãwo ke hã atsrɔ̃.
4 “Gake ame aɖeke megawɔ dzre alo wòaka mo na ame o,+
Elabena wò dukɔ la le abe ame siwo le dzre wɔm kple nunɔla ene.+
5 Eya ta miakli nu le ŋkeke me,
Eye mia kple nyagblɔɖila miakli nu abe le zã me ene.
Eye mana ɖoɖoe nazi le mia dada nu.*
6 Ðoɖoe azi le nye dukɔ nu,* elabena sidzedze aɖeke mele wo si o.
Esi miegbe nu le sidzedze gbɔ ta la,+
Nye hã magbe mi, be miagawɔ nunɔladɔ nam o;
Eye esi mieŋlɔ mia Mawu ƒe se* la be ta la,+
Nye hã maŋlɔ mia viwo be.
7 Zi ale si wosɔ gbɔe la, zi nenemae wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye.+
Matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu vlododo.*
8 Nye dukɔ la ƒe nu vɔ̃e nye woƒe nuɖuɖu,
Eye woƒe vodada le wo dzrom* vevie.
9 Nu ɖekae adzɔ ɖe dukɔ la kple nunɔla siaa dzi;
Mabia akɔnta wo le woƒe zɔzɔme ta;
Eye mahe woƒe nuwɔna me tsonuwo ava wo dzi.+
10 Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o.+
Woawɔ gbolo, ke womadzi ɖe edzi o,+
Elabena womede bubu Yehowa ŋu o.
12 Nye dukɔ le nu ta biam le woƒe ati kpakpɛwo gbɔ,
Eye wowɔa nu si woƒe atizɔti* gblɔ na wo;
Elabena ahasigbɔgbɔ na wotra mɔ,
Eye woƒe gbolowɔwɔ na wogbe be yewomabɔbɔ ɖe yewoƒe Mawu te o.
13 Wosaa vɔ le towo tame,+
Eye wodoa dzudzɔ le togbɛwo dzi,
Le logotiwo, storax-ti kple ati gãwo te,+
Esi wodo vɔvɔli nyuie ta.
Esia tae mia vinyɔnuwo wɔa gbolo,
Eye miaƒe toyɔvinyɔnuwo wɔa ahasi.
14 Nyemebia akɔnta mia vinyɔnuwo le esi wowɔ gbolo,
Alo miaƒe toyɔvinyɔnuwo le esi wowɔ ahasi ta o.
Elabena ŋutsuwo kplɔa gbolowo ɖea kpɔe,
Eye wo kple nyɔnu gbedoxɔmegbolowo saa vɔ;
Woatsrɔ̃ dukɔ masenugɔme+ ma.
16 Elabena Israel dze aglã abe nyinɔ dzeaglã ene.+
Ðe Yehowa anyi wo abe alẽtsui ene le gbeɖuƒe gbadzaa?*
17 Efrayim ku ɖe legbawo+ ŋu.
Miɖe asi le eŋu!
Eye edziɖulawo* lɔ̃a vlododo.+
19 Yaƒoƒo ablae ɖe eƒe aʋalawo me.*
Eye ŋu akpe wo ɖe woƒe vɔsawo ŋu.”
Eye Israel ƒe aƒe, miɖo to,
Oo fia ƒe aƒe, ƒu to anyi,
Elabena miawo ŋue ʋɔnudɔdrɔ̃ la ku ɖo;
Elabena miezu mɔ̃ le Mizpa
Kple ɖɔ woɖo ɖe Tabor To+ dzi.
3 Menya Efrayim,
Eye Israel mele ɣaɣla ɖem o.
Oo Efrayim, azɔ èwɔ gbolo;
Israel gblẽ kɔ ɖo na eɖokui.+
4 Woƒe nuwɔnawo meɖe mɔ na wo be woatrɔ ava woƒe Mawu gbɔ o,
Elabena ahasigbɔgbɔ le wo me;+
Eye womedze si Yehowa o.
5 Israel ƒe dada ɖi ɖase ɖe eŋu;*+
Israel kple Efrayim siaa kli nu le woƒe vodada ta,
Eye Yuda hã kli nu kpe ɖe wo ŋu.+
6 Wotsɔ woƒe alẽwo kple woƒe nyiwo yi Yehowa di ge,
Ke womete ŋu ke ɖe eŋu o.
Ete ɖa le wo gbɔ.+
7 Womewɔ nuteƒe na Yehowa o,+
Elabena vi tutɔwoe wodzi.
Azɔ wo kple woƒe nunɔamesiwo* nu ayi le dzinu ɖeka me.
8 Miku lãdzo+ le Gibea, eye miku kpẽ le Rama!+
Mido aʋaɣli le Bet-Aven+—míele megbewò, Oo Benyamin!
9 Oo Efrayim, azu ŋɔdzinu le wò tohegbe.+
Mena wonya nu si ava dzɔ la le Israel-toawo dome.
10 Yuda-megãwo le abe ame siwo ŋea liƒo ɖe eme ene.+
Matrɔ nye dziku helĩhelĩ la akɔ ɖe wo dzi abe tsi ene.
11 Wote Efrayim ɖe anyi, eye wodrɔ̃ ʋɔnui,
Elabena eɖoe kplikpaa be, yeadze yeƒe ketɔ yome.+
12 Eya ta mezu abe agbagblaʋui ene na Efrayim,
Eye mezu abe nu vóvo ene na Yuda ƒe aƒe la.
13 Esi Efrayim kpɔ eƒe dɔléle la, eye Yuda kpɔ eƒe abi la,
Efrayim yi Asiria,+ eye wòdɔ ame ɖo ɖe fia gã aɖe.
Ke fia ma mete ŋu da gbe le mia ŋu o,
Eye mete ŋu yɔ dɔ miaƒe abi la o.
14 Elabena manɔ abe dzatatsui ene na Efrayim,
Abe dzatatsu* ene na Yuda ƒe aƒe la.
15 Madzo, magbugbɔ ayi nɔnyeƒe, va se ɖe esime wokpɔ woƒe vodada me tsonuwo,
Ne woɖo xaxa me la, woadim.”+
Ede abi mía ŋu, ke ablae na mí.
2 Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe.
Afɔ mí le ŋkeke etɔ̃a gbe,
Eye míanɔ agbe le eŋkume.
3 Míadze si Yehowa, míadze agbagba vevie adze sii.
Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene;
Ava mía gbɔ abe tsidzadza ene,
Abe adatsi si ƒoa anyigba ene.”
4 “Efrayim, nu kae mawɔ wò?
Yuda, nu kae mawɔ wò?
Elabena miaƒe lɔlɔ̃ le abe ŋdililikpowo ene,
Ele abe zãmu si nu yina ene.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava mia dzi la aklẽ abe kekeli ene.+
7 Ke wotu nubabla+ la abe ale si amegbetɔ wɔa nui ene.
Womewɔ nuteƒe nam o.
9 Nunɔlawo ƒe ha le abe adzoha siwo de xa ɖi na ame ene.
Wowua ame le Sekem mɔ dzi,+
Elabena woƒe nuwɔna nye ŋukpenanu.
10 Mekpɔ ŋunyɔnu si teƒe mekɔ o le Israel ƒe aƒe la me.
11 Oo Yuda, woɖo nuŋeɣi ɖi na wò hã,
Ne megaƒo nye dukɔ ƒe aboyomewo nu ƒu hekplɔ wo gbɔe.”+
7 “Ne mebe mada gbe le Israel ŋu la,
Ekema Efrayim ƒe vodada+
Kple Samaria ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo hã dzea go;+
Elabena wole alakpadada dzi;+
Fiafitɔ dzea kpɔ, eye adzohawo dzea nu dzi le gota.+
2 Gake womegblɔna le woƒe dzi me be, maɖo ŋku yewoƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã dzi o.+
Azɔ woƒe nuwɔnawo ɖe to ɖe wo;
Wole ŋkunyeme tututu.
3 Wotsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do dzidzɔ na fia la,
Eye wotsɔ woƒe amebeble do dzidzɔ na amegãwo.
4 Ahasiwɔlawoe wo katã wonye.
Wole bibim abe abolokpo si me wodo dzo ɖo ene.
Abolomela megatua dzoa ɖo o, va se ɖe esime wòblu amɔwɔa vɔ hedae ɖi wòho.
5 Le míaƒe fia ƒe ŋkekenyui dzi la,
Wain de dɔ lãme na amegãwo hena wodo dziku vevie.+
Fia la kea abɔ me na fewuɖulawo.
6 Elabena woƒe dziwo le bibim abe kpodzo ene wotsɔ yina.*
Abolomela le alɔ̃ dɔm zã bliboa;
Eye kpodzoa bi vlavlavla le ŋdi me.
7 Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene,
Eye wofiã woƒe dziɖulawo.*
8 Efrayim tsaka kple dukɔwo.+
Efrayim le abe abolo nogoe si wometrɔ o ene.
9 Ame tutɔwo xɔ ŋusẽ le esi,+ ke menyae o.
Eƒe ta ƒo wɔ, ke menyae o.
10 Israel ƒe dàda bu fɔe,+
Ke wometrɔ ɖe Yehowa woƒe Mawu la ŋu o,+
Eye womedi eyome mɔ le nu siawo katã me hã o.
11 Efrayim le abe ahɔnɛ tsibome, si nunya mele tagbɔ na o* ene.+
12 Mada nye ɖɔ ɖe wo dzi le afi sia afi si woyi.
Maɖiɖi wo ɖe anyi abe dziƒoxewo ene.
Mahe to na wo abe ale si woxlɔ̃ nu woƒe ha la ene.+
13 Baba na wo, elabena wosi le gbɔnye!
Gbegblẽ neva wo dzi, elabena woda vo ɖe ŋunye!
Menɔ klalo be maɖe wo hafi, ke woda alakpa ɖe asinye.+
14 Womeyɔm tso woƒe dzi me be maxɔ na yewo o,+
Evɔ wole avi fam vevie le woƒe abawo dzi.
Woasi wo ɖokuiwo le nuku kple wain yeye ta;
Wodzea aglã ɖe ŋunye.
15 Togbɔ be mehe to na wo eye medo ŋusẽ woƒe alɔwo hã la,
Wotso ɖe ŋunye hele tame vɔ̃ ɖom.
Woƒe amegãwo atsi yi nu le esi woƒe aɖewo gblɔa nya vlowo ta.
Esia tae woaɖu fewu le wo ŋu le Egipte-nyigba dzi ɖo.”+
8 “Tsɔ kpẽ ɖo nu!+
Futɔ aɖe ho ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, egbɔna abe hɔ̃ ene,+
2 Wole ɣli dom nam be, ‘Oo mía Mawu, mí Israel míedze si wò!’+
3 Israel tsɔ nu nyui ƒu gbe.+
Futɔ neti eyome.
4 Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o.
Woɖo amegãwo, ke nyemedze si wo o.
5 Oo Samaria, wotsɔ wò nyivi la ƒu gbe.+
Nye dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu.+
Ɣekaɣie woava zu ame maɖifɔwo?*
6 Elabena Israel ye esia tso.
Aɖaŋudɔwɔlae wɔe, menye Mawue o;
Woagbã Samaria ƒe nyivi la gudugudu.
Nuku mele bo dzi le afi aɖeke o.+
Nuku si wɔ la, made na wɔtutu o.
Ne ɖe wɔ hã la, amedzrowo* ahae aɖu.+
8 Woami Israel.+
Azɔ woava nɔ dukɔwo dome,+
Abe nugoe si ŋu dɔ womagawɔ o ene.
9 Elabena woyi Asiria,+ abe gbetedzi tsiakogo ene.
Efrayim da ahiãviwo.+
10 Togbɔ be woda wo tso dukɔwo dome hã la,
Maƒo wo nu ƒu azɔ;
Woakpe fu+ le agba si fiawo kple amegãwo do na wo la ta.
11 Elabena Efrayim ɖi vɔsamlekpuiwo kpaŋkpaŋ be wòatsɔ awɔ nu vɔ̃e.+
Wozu vɔsamlekpui hena nu vɔ̃ wɔwɔ.+
13 Wotsɔa lã saa vɔe be wòanye nunana nam, eye woɖua lã la,
Ke woƒe nu medzea Yehowa ŋu o.+
Azɔ aɖo ŋku woƒe vodada la dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.+
Gake maɖo dzo ɖe eƒe duwo me,
Ne wòafiã woƒe xɔ tsralawo.”+
9 “Oo Israel, mègakpɔ dzidzɔ o,+
Mègatso aseye abe dukɔwo ene o.
Elabena èto gbolowɔwɔ me trɔ le wò Mawu yome.+
Èlɔ̃ gbolohoxɔxɔ le nukuƒoƒewo katã.+
2 Gake nukuƒoƒe kple wainfiãƒe manyi wo o,
Eye wain yeye mawɔ nɛ o.+
3 Womayi edzi anɔ Yehowa ƒe anyigba la dzi o;+
Ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte,
Eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asiria.+
Wole abe konyifabolo ene na wo;
Ame siwo katã ɖui la agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo.
Elabena woƒe abolo anye woawo* ɖeɖe tɔ;
Mava Yehowa ƒe me o.
5 Nu kae miawɔ le takpegbe*
Kple Yehowa ƒe ŋkekenyui la ɖugbe?
6 Elabena kpɔ ɖa, woasi le esi wotsrɔ̃ wo ta.+
Egipte aƒo wo nu ƒu,+ eye Memfis aɖi wo.+
Dza amie ɖe woƒe klosalonu veviwo dzi,
Eye ŋù amie ɖe woƒe agbadɔwo me.
Nyagblɔɖila azu bometsila, ame si dzi gbɔgbɔ le la azu tsukunɔ;
Le wò vodada gbogboawo ta, elabena wolé fu wò vevie ŋutɔ.”
8 Efrayim ƒe gbetakpɔla+ nɔ nye Mawu gbɔ.+
Gake fifia la eƒe nyagblɔɖila+ ƒe toƒewo katã le abe xevimɔ̃trela ƒe mɔ̃wo ene;
Fuléle le eƒe Mawu ƒe aƒe la me.
9 Woƒo wo ɖokuiwo ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ me vĩi abe le Gibea+ ŋɔli ene.
Aɖo ŋku woƒe vodada la dzi eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.+
10 “Mekpɔ Israel le gbegbe abe waintsetse ene.+
Mekpɔ mia tɔgbuiwo abe gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi ene.
Gake woyi Baal si le Peor+ gbɔ;
Woɖe adzɔgbe na ŋukpenanu*+ la,
Eye wozu ŋunyɔnu abe nu si ŋu woƒe dzi ku ɖo la ke ene.
11 Efrayim hã ƒe ŋutikɔkɔe dzo dzo abe xevi ene;
Ale be vidzidzi, fufɔfɔ kple fudodo aɖeke meli o.+
12 Ne wonyi viwo wotsi hã la,
Mana woaku na wo, ale be ame aɖeke maganɔ anyi o;+
Baba na wo, ne metrɔ ɖa le wo ŋu!+
13 Efrayim, si wodo ɖe lãnyiƒe la le nam abe Tiro ene;+
Azɔ Efrayim akplɔ viawo ayi amewuƒe.”
14 Oo Yehowa, na nu si wòle be nàna wo la wo.
Na vidzidɔ si metsɔa fu o kple no ƒuƒui kplalɛ* wo.
15 “Gilgal ye wowɔ woƒe nu vɔ̃ɖiwo katã le,+ eye tso afi mae melé fu wo.
Manya wo ɖa le nye aƒe la me le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta.+
Nyemayi edzi alɔ̃ wo ɖaa o;+
Woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.
16 Woada nu Efrayim.+
Woƒe kè aƒu, womatse ku aɖeke o.
Eye ne wodzi vi hã la, mana woƒe dɔmevi siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la naku.”
10 “Wainka si le gbegblẽm* ye Israel nye, etsea ku.+
Ale si eƒe tsetsewo dzi ɖe edzii la, nenemae wòna eƒe vɔsamlekpuiwo sɔa gbɔ ɖe edzii;+
Ale si eƒe anyigba wɔ nui la, nenemae wòɖi sɔti dzeani geɖewoe.+
2 Alakpadzi ye le wo si;
Azɔ woabu fɔ wo.
Ame aɖe agbã woƒe vɔsamlekpuiwo eye wòagblẽ woƒe sɔtiwo.
3 Azɔ woagblɔ be, ‘Fia aɖeke mele mía si o,+ elabena míegbe Yehowa vɔvɔ̃.
Nu ka gɔ̃e fia awɔ na mí?’
4 Wogblɔa nya gbɔlowo, kaa atam dzodzro+ heblaa nu kple wo nɔewo;
Eya ta ʋɔnudɔdrɔ̃ mie abe aɖigbe ene le agble me.+
5 Ŋɔdzi alé Samaria nɔlawo le Bet-Aven+ ƒe nyivilegba la ta.
Esubɔlawo axa nu
Eye eƒe dutamawuwo ƒe trɔ̃nuawo, ame siwo kpɔa dzidzɔ ɖe eŋu tsã le eƒe ŋutikɔkɔe ta la hã axa nu,
Elabena woatsɔe adzoe le wo gbɔ ayi aboyo me.
6 Woatsɔe ayi Asiria wòanye nunana na fia gã aɖe.+
Woado ŋukpe Efrayim,
Eye ŋu akpe Israel le aɖaŋuɖoɖo si dzi wòzɔ ɖo la ta.+
8 Woakaka Bet-Aven+ ƒe nuxeƒe siwo kplɔ Israel+ de nu vɔ̃ me la keŋkeŋ.+
Ŋù kple aŋɔka amie ɖe woƒe vɔsamlekpuiwo dzi.+
Amewo agblɔ na towo be, ‘Mitsyɔ mía dzi!’
Eye na togbɛwo be, ‘Mimu dze mía dzi!’+
9 Oo Israel, èwɔ nu vɔ̃+ tso Gibea ŋɔli ke.
Ègale edzi ko.
Womeɖu ame madzɔmadzɔwo dzi le aʋa me le Gibea keŋkeŋ o.
10 Ne melɔ̃ la, mahe to na wo.
Dukɔwo aƒo ƒu atso ɖe wo ŋu,
Ne wodro woƒe vodada eveawo ɖe wo dzi.*
11 Efrayim nye nyinɔe si womla, eye nukuƒoƒo vivia enu,
Eya ta nyemeɖe fu na eƒe kɔ dzeani la o.
Azɔ mana ame aɖe nado* Efrayim.+
Yuda aŋlɔ anyigba; Yakob adzoboe nɛ.
12 Miƒã dzɔdzɔenyenyekuwo na mia ɖokuiwo, eye miŋe lɔlɔ̃ si nu metsina o.
Mide agble ɖe anyigba wɔnu dzi na mia ɖokuiwo,+
Esi ɣeyiɣi kpɔtɔ li be miadi Yehowa,+
Va se ɖe esime wòava fia nu mi le dzɔdzɔenyenye me.+
13 Ke hã, miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble,
Mieŋe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ,+
Eye mieɖu beblekutsetse;
Elabena mieɖo ŋu ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu,
Ðe miaƒe aʋawɔla gbogboawo ŋu.
14 Hoowɔwɔ le ɖiɖim ɖe wò dukɔ la ŋu,
Woagbã wò du sesẽwo katã,+
Abe ale si Salman gbã Bet-Arbel
Le aʋakpegbe, esime woxlã vidada kple viawo ɖe nu ene.
15 Oo Betel,+ alea kee woawɔ mi, le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si gbɔ eme la ta.
Woatsrɔ̃ Israel-fia* godoo le agudzeɣi.”+
3 Evɔ wònye nyee fia azɔlizɔzɔ Efrayim,+ eye mekɔa wo ɖe nye abɔwo dome hafi;+
Ke womekpɔe dze sii be meda gbe le yewo ŋu o.
4 Mede lɔlɔ̃ka, si nye amegbetɔ ƒe ka* wo tsɔ kplɔ woe;+
Menɔ na wo abe ame si ɖea kɔkuti le kɔ na ame la ene,
Eye metsɔ nuɖuɖu vɛ na wo dometɔ ɖe sia ɖe beléletɔe.
5 Womagbugbɔ ayi Egipte-nyigba dzi o, ke boŋ Asiria anye eƒe fia,+
Elabena wogbe be yewomatrɔ ava gbɔnye o.+
7 Nye dukɔ ɖoe be yemawɔ nuteƒe nam o.+
Ne woyɔ wo be woatrɔ ɖe dziƒoʋĩtɔ* la ŋu hã, wo dometɔ aɖeke metsona o.
8 Oo Efrayim,+ aleke wɔ maɖe asi le ŋuwò?
Oo Israel, aleke wɔ matsɔ wò ade asi?
Aleke mawɔ wò abe Adma ene?
Aleke mawɔ wò abe Zeboyim+ ene?
Metrɔ susu;
Eye nye dɔme hã trɔ ɖe ŋuwò.+
9 Nyematrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la aƒo ɖi o.
Nyemagatsrɔ̃ Efrayim azɔ o,+
Elabena Mawu menye, menye amegbetɔ o,
Nyee nye Kɔkɔetɔ si le mia dome;
Nyematso ɖe mia ŋu le dziku me o.
10 Woadze Yehowa yome, eye wòaɖe gbe abe dzata ene;+
Ne eɖe gbe la, viawo anɔ ƒoƒom tititi atso ɣetoɖoƒe ava.+
11 Woanɔ ƒoƒom tititi abe xevi ene ahatso Egipte ava,
Abe ahɔnɛ ene tso Asiria-nyigba dzi;+
Eye mana woanɔ woƒe aƒewo me,” Yehowa ye gblɔe.+
12 “Efrayim tsɔ alakpa ɖe to ɖem,
Eye Israel ƒe aƒe la hã tsɔ beble ƒo xlãm.+
Ke Yuda gale zɔzɔm kple Mawu kokoko,
Eye wòwɔa nuteƒe na Kɔkɔetɔwo Ƒe Kɔkɔetɔ la.”+
12 “Efrayim le ya ɖum,
Eye wòtia ɣedzeƒeya yome ŋkeke blibo la katã.
Edzia alakpadada kple ŋutasesẽ ɖe edzi.
Wobla nu kple Asiria,+ eye wotsɔ ami yi Egipte.+
2 Yehowa le nya he ge kple Yuda;+
Abia akɔnta Yakob ɖe eƒe zɔzɔme nu,
Eye wòaɖo eteƒe nɛ ɖe eƒe nuwɔnawo nu.+
4 Ete kame kple mawudɔla ʋuu ɖu edzi.
Efa avi, eye wòƒo koko be woave ye nu.”+
Ekpɔe le Betel, eye wòƒo nu kpli mí le afi ma.+
6 “Eya ta trɔ ɖe wò Mawu ŋu,+
Nɔ dɔmenyonyo kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ dzi,+
Eye kpɔ mɔ na wò Mawu ɣeawokatãɣi.
7 Ke alakpanudanu le asitsala si;
Elɔ̃a amebaba.+
Le nye dagbadagbawo katã me la, womakpɔ nu gbegblẽ alo nu vɔ̃ aɖeke o.’
9 Nyee nye Yehowa wò Mawu tso Egipte-nyigba+ dzi ke.
Magana nànɔ agbadɔwo me
Abe le ŋkekenyuiɖuɣi* ene.
11 Wowɔa ameflunu* le Gilead, +eye wowɔa alakpanuwo hã.
Wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilgal,+
Eye woƒe vɔsamlekpuiwo hã le abe kpe siwo woli kɔ ɖe agble me ene.+
12 Yakob si yi Aram-nyigba*+ dzi;
Israel+ subɔ le afi ma ɖe nyɔnu ta,+
Eye nyɔnu tae wòdzɔ alẽwo ŋu ɖo.+
14 Efrayim do dziku nɛ vevie;+
Eƒe ʋufɔɖiɖi anɔ eya ŋutɔ dzi,
Eƒe Aƒetɔ la aɖo eteƒe nɛ ɖe eƒe vlodoame la nu.”+
13 “Ne Efrayim ƒo nu la, amewo dzona nyanyanya,
Elabena ame vevi wònye le Israel.+
Gake le Baal+ ta, eɖi fɔ, eye wòku.
2 Azɔ wogawɔ nu vɔ̃ bubu kpee
Eye wotsɔ klosalo wɔ legbawoe;*+
Wowɔ legbawo aɖaŋutɔe, wo katã wonye aɖaŋudɔwɔla ƒe asinudɔ.
Wole gbɔgblɔm na wo be, ‘Ŋutsu vɔsalawo negbugbɔ nu na nyiviwo.’+
3 Eya ta woazu abe ŋdililikpo ene,
Abe zãmu si nu yina ŋdi kanya ene;
Abe tsro si ya kplɔna dzonɛ le nukuƒoƒe ene,
Abe dzudzɔ si toa xɔtadowo nu yina ene.
4 Nyee nye Yehowa wò Mawu tso Egipte-nyigba dzi ke;+
Mènya Mawu bubu aɖeke o, negbe nye ko,
Xɔnametɔ aɖeke menɔ anyi o, negbe nye ko.+
5 Melé be na wò le gbea dzi,+ le kuɖiɖinyigba dzi.
6 Woƒe gbeɖuƒewo ɖi ƒo na wo.+
Woɖi ƒo, eye woƒe dzi de asi dada me.
Ale woŋlɔm be.+
7 Manɔ abe dzata ene na wo,+
Made xa ɖi abe lãklẽ ene le mɔ to.
8 Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe vi bu ene,
Eye mavuvu woƒe akɔta.*
Mavuvu wo le afi ma abe dzata ene;
Lã wɔadã avuvu wo ʋayaʋaya.
9 Oo Israel, atsrɔ̃ wò,
Elabena ètso ɖe nye, wò xɔnametɔ ŋu.
10 Azɔ afi kae wò fia la le, ne wòaxɔ na wò le wò duwo katã me,+
Eye afi kae wò dziɖula* siwo ŋu nègblɔ le be,
‘Na fia kple amegãm’ la le?+
12 Wobla Efrayim ƒe vodada da ɖi;
Wodzra eƒe nu vɔ̃ ɖo.
13 Ase veve abe nyɔnu si le ku lém ene.
Ke vi manyanu wònye;
Ne azã de la, medoa ta ɖa be woadzi ye o.
Oo Ku, afi kae wò ti si nètsɔ le ame tém la le?+
Oo Tsiẽƒe, afi kae wò nugbegblẽ le?+
Dɔmetɔtrɔ aɣla ɖe nye ŋkuwo.
15 Ne etsi vlɔvlɔvlɔ le aɖawo dome hã,
Ɣedzeƒeya, Yehowa ƒe ya, aƒo.
Eƒo tso gbegbe gbɔna, ana eƒe vudo namie keŋ, eye wòana eƒe tsidzɔƒe naƒu.
Ame ma aha eƒe nu vevi siwo katã le eƒe kesinɔnudzraɖoƒe.+
16 Woabu fɔ Samaria,+ elabena edze aglã ɖe eƒe Mawu ŋu.+
14 “Oo Israel, trɔ va Yehowa wò Mawu gbɔ,+
Elabena miekli nu le miaƒe vodadawo ta.
2 Mitrɔ va Yehowa gbɔ miava gblɔ nya siawo,
Migblɔ nɛ be, ‘Tsɔ míaƒe vodada ke;+ lɔ̃ nàxɔ míaƒe nu nyuiwo,
Ekema míawo hã míatsɔ míaƒe nuyi asa vɔe+ abe nyitsuiwo ene.*
3 Asiria maxɔ na mí o.+
Míado sɔwo o.+
Eye míagayɔ míaƒe asinudɔwɔwɔwo be, “Mía Mawu!” azɔ o,
Elabena wòe kpɔa nublanui na tsyɔ̃eviwo.’+
4 Mayɔ dɔ woƒe nuteƒemawɔmawɔ la.+
5 Manɔ na Israel abe zãmu ene;
Aƒo se abe dzogbenya ene,
Eye wòato ke abe ati siwo le Lebanon ene.
6 Eƒe alɔwo avu dranyii,
Bubu anɔ eŋu abe amiti ene,
Eye eƒe ʋeʋẽ lilili anɔ abe Lebanon tɔ ene.
7 Amewo aganɔ eƒe vɔvɔli te.
Woaƒã nu, eye woaƒo se abe wainka ene.+
Axɔ ŋkɔ* abe Lebanon ƒe wain ene.
8 Efrayim agblɔ be, ‘Nya kae gale nye kple legbawo dome?’+
Matɔ nɛ, eye nye ŋku anɔ eŋu.+
Manɔ nɛ abe sesewuti dama ene.
Dzinyee miakpɔ kutsetse le.”
9 Ame kae nye nunyala? Nese nu siawo gɔme.
Ame kae nye aɖaŋudzela? Nedze si nu siawo.
Hosea nye ŋkɔ Hosaya ŋɔŋlɔ kpuie, si gɔmee nye “Yah Xɔ Nɛ.”
Egɔmee nye, “Mawu Aƒã Nuku.”
Egɔmee nye, “Womekpɔ Nublanui Nɛ O.”
Egɔmee nye, “Menye Nye Dukɔ O.”
Kpɔ Ho 1:9 ƒe etenuŋɔŋlɔ.
Kpɔ Ho 1:6 ƒe etenuŋɔŋlɔ.
Alo, “Nye Baal.”
Alo, “woanɔ anyi dedie.”
Egɔmee nye, “Mawu Aƒã Nuku.”
Kpɔ Ho 1:6 ƒe etenuŋɔŋlɔ.
Kpɔ Ho 1:9 ƒe etenuŋɔŋlɔ.
Efia, esiwo wozãna le alakpasubɔsubɔ me.
Homer ɖeka le lita 220. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “nyemadɔ kpli wò o.”
Alo, “aƒeliwo.”
Alo, “matsrɔ̃ mia dada.”
Alo, “Woatsrɔ̃ nye dukɔ.”
Alo, “nufiafia.”
Agate ŋu afia, “Wotsɔ nye ŋutikɔkɔe ɖɔli vlododo.”
Alo, “le woƒe luʋɔ dzrom.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea, “Luʋɔ.”
Alo, “afakala ƒe atizɔti.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “teƒe gbadzaa?”
Alo, “luha.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eƒe akpoxɔnu.”
Alo, “Ya akplɔe dzoe.”
Alo, “Aglãdzelawo.”
Alo, “mahe to na.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɖe mo nɛ.”
Alo, “agblewo.”
Alo, “dzatatsui tokɔdza.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woadi nye ŋkume.”
Alo, “Elabena nublanuikpɔkpɔ.”
Agate ŋu afia, “abe kpodzo ene esi woyi le ayedzedze me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ʋɔnudrɔ̃lawo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “si si dzi mele o.”
Efia, menye ɖe subɔsubɔ si nyo wu ŋu o.
Alo, “Ɣekaɣie wo ŋu adza?”
Alo, “ame tutɔwo.”
Alo, “nufiafia.”
Agate ŋu afia, “Woatrɔ.”
Alo, “woƒe luʋɔ.”
Alo, “miaƒe azãgbe.”
Alo, “ŋukpenamawu.”
Alo, “no léayi.”
Agate ŋu afia, “si vu dranyii.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Woana ɖoɖoe nazi le Samaria kple eƒe fia nu.”
Efia, Ne wotsɔ woƒe tohehe la abe kɔkuti ene.
Alo, “Made kɔkuti kɔ na.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Woana ɖoɖoe nazi le Israel-fia nu.”
Efia, nyagblɔɖilawo kple ame bubu siwo wodɔ ɖe Israel gbɔ be woaxlɔ̃ nu wo.
Alo, “dɔmetɔtrɔ ƒe ka,” abe ale si dzila ƒe dɔme trɔna ene.
Efia, subɔsubɔ si nyo wu.
Agate ŋu afia, “azãɖuɣi.”
Alo, “vivimenu.”
Alo, “Siria.”
Alo, “legba siwo wolólo ga kɔ̀.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzixɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ʋɔnudrɔ̃la.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “míawo hã míatsɔ míaƒe nuyiwo ƒe nyitsuiwo asa vɔe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Woaɖo ŋku edzi.”