ZAKARIYA
1 Le Dario+ ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti enyilia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zakariya,*+ Berekiya vi, ame si nye Ido vi be: 2 “Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie.+
3 “Gblɔ na wo be: ‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa* gblɔe nye esi: “‘Mitrɔ ɖe ŋunye,’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe, ‘ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.”’
4 “‘Miganɔ abe mia fofowo ene o; ame siwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na be: “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Meɖe kuku, mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo me.’”’+
“‘Gake womeɖo to o, eye womelé to ɖe ŋunye o,’+ Yehowa ye gblɔe.
5 “‘Afi kae mia fofowo le fifia? Eye ɖe nyagblɔɖilawo nɔ agbe tegbeea? 6 Ke hã ɖe nye nya kple nye sedede siwo mede asi na nye subɔla nyagblɔɖilawo la meva eme ɖe mia fofowo dzi oa?’+ Eya ta wotrɔ ɖe ŋunye hegblɔ be: ‘Ale si aʋakɔwo ƒe Yehowa ɖo be yeawɔ mí ɖe míaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenemae wòwɔ míi.’”+
7 Le Dario+ ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti wuiɖekɛlia, si nye Sebat,* ƒe ŋkeke blaeve vɔ enelia dzi la, Yehowa ƒe nya va na nyagblɔɖila Zakariya, Berekiya vi, ame si nye Ido vi be: 8 “Mekpɔ ŋutega le zã me. Mekpɔ ŋutsu aɖe le sɔ dzĩ aɖe dom, eye wòtɔ ɖe gbemiti siwo le bali me la dome; eye sɔ dzĩwo, sɔ hẽwo kple sɔ ɣiwo le emegbe.”
9 Ale mebiae be: “Nye aƒetɔ, ame kawoe nye esiawo?”
Eye mawudɔla si le nu ƒom kplim la gblɔ nam be: “Mafia ame si tututu ame siawo nye la wò.”
10 Ale ŋutsu si tɔ ɖe gbemitiawo dome la ɖo eŋu be: “Ame siawoe Yehowa dɔ be woatsa le anyigba la dzi.” 11 Eye wogblɔ na Yehowa ƒe dɔla si tɔ ɖe gbemitiawo dome la be: “Míeyi ɖatsa le anyigba la dzi, eye kpɔ ɖa, anyigba bliboa dzi zi ɖoɖoe, eye fuɖename aɖeke meli o.”+
12 Eye Yehowa ƒe dɔla la bia be: “Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa, ɣekaɣie nàgbe nublanuikpɔkpɔ na Yerusalem kple Yuda du,+ siwo nèbu fɔe ƒe blaadre siawo la, ase ɖo?”+
13 Eye Yehowa tsɔ nya nyuiwo kple akɔfanyawo ɖo eŋu na mawudɔla si le nu ƒom kplim la. 14 Eye mawudɔla si le nu ƒom kplim la gagblɔ nam be: “Ðe gbeƒã be, ‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: “Mele ŋu ʋãm ɖe Yerusalem kple Zion nu vevie ŋutɔ.+ 15 Dzi le kuyem vevie ɖe dukɔ siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ la ŋu,+ elabena dziku vi aɖe koe nye ya medo,+ gake woawo la, wona vɔ̃ la do gã ɖe edzi.”’+
16 “Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘“Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu ahakpɔ nublanui nɛ.+ Woagbugbɔ atu nye xɔ ɖe eme,+ eye woada dzidzeka ɖe Yerusalem ŋu,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.’
17 “Gaɖe gbeƒã be, ‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: “Nu nyuiwo agagbagba ɖe nye duwo me; eye Yehowa agafa akɔ na Zion,+ eye wòagatia Yerusalem.”’”+
18 Eye mefɔ kɔ dzi hekpɔ lãdzo ene.+ 19 Eye mebia mawudɔla si le nu ƒom kplim la be: “Nu kae lãdzo siawo fia?” Eɖo eŋu nam be: “Lãdzo siawoe ka Yuda,+ Israel+ kple Yerusalem+ hlẽ.”
20 Emegbe Yehowa na mekpɔ gbede ene. 21 Eye mebiae be: “Nu ka wɔ ge ame siawo gbɔna?”
Eye wòɖo eŋu be: “Esiawoe nye lãdzo siwo ka Yuda hlẽ ale gbegbe be, ame aɖeke mete ŋu fɔ ta dzi o. Gbede siawo ava do ŋɔdzi na lãdzoawo, eye woatutu dukɔ siwo do woƒe dzowo ɖe dzi ɖe Yuda-nyigba ŋu, be yewoaka edzinɔlawo ahlẽ la, ƒe dzowo aƒu anyi.”
2 Eye mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ ŋutsu aɖe wòlé dzidzeka+ ɖe asi. 2 Eya ta mebiae be: “Afi kae nèyina?”
Eye wòɖo eŋu nam be: “Meyina Yerusalem dzidze ge, ne makpɔ eƒe kekeme kple eƒe didime.”+
3 Eye kpɔ ɖa, mawudɔla si le nu ƒom kplim la dzo yina, eye mawudɔla bubu aɖe va kpee. 4 Eye wògblɔ nɛ be: “Netsɔ, yi ɖagblɔ na ɖekakpui ma be: ‘“Amewo anɔ Yerusalem+ abe kɔƒedu* me ene, le ame kple lã siwo le eme la ta.+ 5 Ke manye dzobibi ƒe gli aƒo xlãe,+ eye manye ŋutikɔkɔe anɔ eme,” Yehowa ye gblɔe.’”+
6 “Netsɔ! Netsɔ! Misi tso dziehenyigba dzi,”+ Yehowa ye gblɔe.
“Elabena meka mi hlẽ ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzi,”+ Yehowa ye gblɔe.
7 “Netsɔ! Zion! Wò, ame si le Babilon vinyɔnu la gbɔ, si dzo.+ 8 Le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la megbe la, edɔm ɖo ɖe dukɔ siwo nɔ mia ham la gbɔ,+ elabena ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame si ka asi mia ŋu la ka asi nye gadaglamakui* ŋu.+ 9 Elabena fifia la, manyè nye asi ɖe wo ŋu, ne woazu nuhaha na woƒe kluviwo.’+ Eye miadze sii be, aʋakɔwo ƒe Yehowa ye dɔm.
10 “Oo Zion vinyɔnu, do dzidzɔɣli nàtso aseye;+ elabena megbɔna+ be manɔ dowòme,”+ Yehowa ye gblɔe. 11 “Gbe ma gbe la, dukɔ geɖewo aku ɖe Yehowa ŋu,+ eye woazu nye dukɔ; eye manɔ dowòme.” Eye àdze sii be, aʋakɔwo ƒe Yehowa ye dɔm ɖe gbɔwò. 12 Yehowa axɔ Yuda wòazu eya ŋutɔ ƒe gome le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem.+ 13 Ŋutilãwo* katã, mizi ɖoɖoe le Yehowa ŋkume, elabena eho tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la.
3 Eye wòna mekpɔ nunɔlagã Yosua+ le tsitre ɖe Yehowa ƒe dɔla la ŋkume, eye Satana+ tɔ ɖe eƒe ɖusime be yeatsi tsitre ɖe eŋu. 2 Eye Yehowa ƒe dɔla la gblɔ na Satana be: “Yehowa neka mo na wò, Oo Satana,+ Yehowa, ame si tia Yerusalem+ la, neka mo na wò! Ðe menye dzoti bibi wònye woɖe tso dzo me oa?”
3 Ke Yosua le awu ƒoɖiwo me tɔ ɖe mawudɔla la ŋkume. 4 Eye mawudɔlaa gblɔ na ame siwo tɔ ɖe eŋkume la be, “Miɖe awu ƒoɖiawo le eŋu.” Eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, meɖe wò vodada* ɖa le ŋuwò, eye woado awu nyuiwo* na wò.”+
5 Eya ta megblɔ be: “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ.”+ Eye wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wodo awuwo nɛ; ke Yehowa ƒe dɔla la tɔ ɖe afi si gogo afi ma. 6 Eye Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Yosua be: 7 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne èzɔ le nye mɔwo dzi eye nèwɔ dɔ si mede asi na wò la, ekema ànye ʋɔnudrɔ̃la le nye aƒe me+ ahakpɔ nye xɔxɔnuawo dzi;* eye maɖe mɔ na wò nànɔ ame siawo, siwo le tsitre ɖe afi sia la dome.’
8 “‘Oo Nunɔlagã Yosua, meɖe kuku, wò kple wò zɔhɛ siwo bɔbɔ nɔ ŋkuwòme la misee, elabena dzesie ŋutsu siawo nye; eye kpɔ ɖa, mekplɔ nye subɔla+ si ŋkɔe nye Dzedze+ gbɔnae! 9 Elabena kpɔ kpe si metsɔ ɖo Yosua ŋgɔ la ɖa! Ŋku adre le kpe la ŋu; maŋlɔ nu ɖe edzi, eye maɖe anyigba ma ƒe fɔɖiɖi ɖa le ŋkeke ɖeka dzi,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.
10 “‘Gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe anɔ eƒe wainka kple gboti te ayɔ nɔvia,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.”
4 Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la trɔ gbɔ va nyɔm, abe ale si wonyɔa ame tso alɔ̃ me ene. 2 Eye wòbiam be: “Nu ka kpɔm nèle?”
Eye meɖo eŋu be: “Mele akaɖiti si nye sika sɔŋ,+ eye agba goboe aɖe le etame, la kpɔm. Akaɖigbɛ adre le akaɖitia dzi,+ eye alɔ adre siwo me to le la tso agba goboe la me ɖo akaɖigbɛ ɖe sia ɖe me. 3 Amiti eve le akaɖitia xa,+ ɖeka le agba goboe la ƒe ɖusime, eye evelia le eƒe miame.”
4 Eye mebia mawudɔla si le nu ƒom kplim la be: “Nye aƒetɔ, nu kae nu siawo fia?” 5 Eye mawudɔla si le nu ƒom kplim la biam be: “Mènya nu si nu siawo fia oa?”
Meɖo eŋu be: “Ao, nye aƒetɔ.”
6 Eya ta egblɔ nam be: “Yehowa ƒe gbedeasi na Zerubabel ye nye esi, ‘“Mava eme to aʋakɔ alo ŋusẽ me o,+ ke boŋ to nye gbɔgbɔ dzi,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 7 Oo to gã, nu ka kee nènye o, àzu sɔsɔeƒe*+ le Zerubabel+ ŋgɔ. Eyae aɖe etamekpe ɖe go. Woanɔ ɣli dom le eŋu be: “Enya kpɔ loo! Enya kpɔ loo!”’”
8 Eye Yehowa ƒe gbe gava nam be: 9 “Zerubabel ƒe asie ɖo xɔ sia gɔme anyi,+ eye eƒe asie awu enu.”+ Ne miadze sii be, aʋakɔwo ƒe Yehowa ye dɔm ɖe mia gbɔ. 10 “Elabena ame kae ado vlo ŋkeke si nuwo dze egɔme sue?+ Elabena amewo akpɔ dzidzɔ, eye woakpɔ tsumikpe* si le Zerubabel si. Ŋku adre siawoe nye Yehowa ƒe ŋku, siwo le tsatsam le anyigba blibo la dzi.”+
11 Eye mebiae be: “Nu kae amiti eve siwo le akaɖiti la ƒe ɖusime kple eƒe miame la fia?”+ 12 Eye megabiae zi evelia be: “Nu kae amitilɔ* eve siwo me sikami le tsyɔtsyɔm le to sikalɔ eveawo me, la fia?”
13 Eye wòbiam be: “Mènya nu si nu siawo fia oa?”
Eye meɖo eŋu be: “Ao, nye aƒetɔ.”
14 Egblɔ nam be: “Wole tsitre ɖi na amesiamina eve siwo tɔ ɖe anyigba bliboa ƒe Aƒetɔ la gbɔ.”+
5 Megafɔ kɔ dzi eye mekpɔ agbalẽ xatsaxatsa aɖe le dzodzom le yame. 2 Eye wòbiam be: “Nu ka kpɔm nèle?”
Eye meɖo eŋu be: “Mele agbalẽ xatsaxatsa aɖe si le dzodzom le yame la kpɔm; edidi abɔklugui* blaeve, eye wòkeke abɔklugui ewo.”
3 Eye wògblɔ nam be: “Esiae nye fiƒode si yina ɖe anyigba bliboa dzi, elabena womehea to na ame siwo le fi fim+ la ɖe fiƒodenya si le agbalẽa ƒe axa si la nu o, eye womehea to na ame siwo le alakpatam kam+ la ɖe fiƒodenya si le eƒe axa kemɛa la nu o. 4 ‘Nyee ɖoe ɖa be wòage ɖe fiafitɔ ƒe aƒe me kple ame si le alakpatam kam le nye ŋkɔ me la ƒe aƒe me, ne wòanɔ aƒe ma me ahagbã aƒea, eye wòakaka eƒe xɔtiwo kple kpewo siaa,’” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.
5 Eye mawudɔla si le nu ƒom kplim la do va gblɔ nam be: “Meɖe kuku, fɔ mo dzi nàkpɔ nu sia si do gbɔna la ɖa!”
6 Eya ta mebiae be: “Nu kae?”
Eɖo eŋu be: “Esiae nye efa nudzidzenu* si do gbɔna.” Eye wògagblɔ be: “Aleae woƒe dzedzeme le le anyigba blibo la dzi.” 7 Eye mekpɔ be woɖe nutunu kotoo si wotsɔ tsumi wɔ la ɖa, eye nyɔnu aɖe bɔbɔ nɔ anyi ɖe nugo la me. 8 Eye wògblɔ be: “Nyɔnu sia ŋkɔe nye Vɔ̃ɖinyenye.” Eye wòtigii ɖe efa-nugo la me, eye wòtsɔ nutuvi kpekpe si wotsɔ tsumi wɔ la tu ɖe enu.
9 Eye mefɔ kɔ dzi kpɔ nyɔnu eve do gbɔna, eye ya ɖo woƒe aʋalawo me. Woto aʋala abe damixe ƒe aʋala ene. Eye wokɔ nugo la ɖe anyigba kple dziƒo domee. 10 Eya ta mebia mawudɔla si le nu ƒom kplim la be: “Afi kae wokɔ efa-nugo la yinae?”
11 Eɖo eŋu nam be: “Wokɔe yina Sinar-nyigba*+ dzi be woaɖatu xɔ na nyɔnua; ne wotui vɔ la, woatsɔe ada ɖe afi si dze nɛ.”
6 Eye megafɔ mo dzi, eye mekpɔ tasiaɖam ene le dodom tso to eve dome, eye toawo nye akɔbli. 2 Sɔ dzĩwo le tasiaɖam gbãtɔ ŋu, eye sɔ yibɔwo le tasiaɖam evelia ŋu.+ 3 Sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia ŋu, eye sɔ ŋɔtaŋɔta ŋɔŋɔewo le tasiaɖam enelia ŋu.+
4 Eye mebia mawudɔla si le nu ƒom kplim la be: “Nye aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?”
5 Mawudɔla la ɖo eŋu nam be: “Esiawoe nye dziƒowo ƒe gbɔgbɔ ene+ siwo do yina, esi wotsi tre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ la ŋkume vɔ megbe.+ 6 Esi* ŋu sɔ yibɔawo le la do yina dziehenyigba dzi;+ ɣiawo yina atsiaƒu la godo; eye ŋɔtaŋɔtaawo yina anyiehenyigba dzi. 7 Ŋɔŋɔeawo hã di be yewoado ayi aɖatsa le anyigba la dzi.” Eye wògblɔ be: “Miheyi ɖatsa le anyigba la dzi.” Ale wode asi tsatsa me le anyigba la dzi.
8 Eye wòdo ɣli ɖo ɖem gblɔ nam be: “Kpɔ ɖa, esiwo do yina dziehenyigba dzi la na Yehowa ƒe dɔmedzoe* nu fa le dziehenyigba dzi.”
9 Yehowa ƒe gbe gava nam be: 10 “Xɔ nu si Heldai, Tobiya kple Yedaya tsɔ tso aboyomeawo gbɔ la; eye gbe ma gbe la, wò ŋutɔ kple ame siawo siwo tso Babilon va la miyi Yosiya, Zefaniya vi la ƒe aƒe me. 11 Eye nàtsɔ klosalo kple sika awɔ fiakuku* aɖɔ na nunɔlagã Yosua,+ Yehozadak vi la. 12 Eye nàgblɔ nɛ be,
“‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: “Ŋutsu si ŋkɔe nye Dzedze+ lae nye esi. Adze tso enɔƒe, eye wòatu Yehowa ƒe gbedoxɔ+ la. 13 Eyae atu Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye eya ŋue fianyenye ƒe bubu anɔ. Anɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi aɖu fia, anye nunɔla hã anɔ eƒe fiazikpui dzi,+ eye ŋutifafa anɔ wo kple eve la dome.* 14 Fiakuku* la anɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me woatsɔ aɖo ŋku Helem, Tobiya, Yedaya,+ kple Hen, Zefaniya vi, dzi. 15 Ame siwo le didiƒe la ava kpe asi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu.” Ekema miadze sii be aʋakɔwo ƒe Yehowa ye dɔm ɖe mia gbɔ. Esia ava eme ne mieɖo to Yehowa mia Mawu ƒe gbe.’”
7 Eye Yehowa ƒe gbe va na Zakariya+ le Fia Dario ƒe ƒe enelia me, le ɣleti asiekelia, si nye Kislev* ƒe ŋkeke enelia dzi. 2 Eye ame siwo le Betel la dɔ Sarezer kple Regem-Melek kpakple eƒe amewo ɖa, be woaɖaƒo koko na Yehowa ne wòave yewo nu, 3 eye woabia nunɔla siwo le aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe aƒe* la me kple nyagblɔɖilawo be: “Ðe mafa avi le ɣleti atɔ̃lia me,+ ahate nuɖuɖu ɖokuinye, abe ale si mewɔ ƒe gbogbo siawo enea?”
4 Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe gbe gava nam be: 5 “Bia dukɔ la me tɔwo katã kple nunɔlawo be: ‘Esi mietsi nu dɔ, eye miefa avi le ɣleti atɔ̃lia kple ɣleti adrelia+ me, eye miewɔ esia ƒe blaadre+ la, nyee mietsi nu dɔ na? 6 Eye ne mieɖu nu no nu la, ɖe menye miawo ŋutɔwoe mieɖu nu no nu na oa? 7 Ðe mele be miaɖo to nya siwo Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila tsãtɔwo dzi,+ esime amewo nɔ Yerusalem kple eŋuduwo me, eye amewo nɔ Negeb* kple Sefela* oa?’”
8 Eye Yehowa ƒe gbe gava na Zakariya be: 9 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe;+ minyo dɔme+ eye mikpɔ nublanui na mia nɔewo. 10 Migatafa ahosi alo tsyɔ̃evi,+ amedzro+ alo ame dahe+ o; eye migaɖo tame vɔ̃ ɖe mia nɔewo ŋu le miaƒe dzi me o.’+ 11 Ke wogbe toɖoɖo,+ eye wolia ʋume kpakoo,+ eye woxe to be yewomase nu o.+ 12 Wona woƒe dzi me sẽ abe lotamekpe*+ ene, eye womeɖo to se* la kple nya siwo aʋakɔwo ƒe Yehowa to eƒe gbɔgbɔ dzi na nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ la o.+ Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa do dziku ɖe wo ŋu vevie.”+
13 “‘Eya ta ale si ko meyɔ* wo,+ eye wogbe esese la, nenema kee woawo hã woayɔm, ke magbe esese,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 14 ‘Eye metsɔ ahom ka wo hlẽ ɖe dukɔ siwo katã womenya o la dome,+ eye anyigba la zu gbegbe le wo megbe, ame aɖeke metoa edzi yina loo alo toa edzi gbɔna o;+ ale wona anyigba nyui la zu ŋɔdzinu.’”
8 Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe gbe gava be, 2 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Maʋã ŋu vevie ɖe Zion nu,+ eye maʋã ŋu ɖe enu le dɔmedzoe me.’”
3 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ayi Zion,+ eye manɔ Yerusalem;+ woayɔ Yerusalem be nyateƒedu,*+ eye woayɔ aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe to la be to kɔkɔe.’”+
4 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Amegãɖeɖiwo kple nyagãɖeɖiwo aganɔ Yerusalem ƒe ablɔwo me ake, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe alé atizɔti ɖe asi le ƒe geɖe xɔxɔ ta.+ 5 Ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo asɔ gbɔ ɖe duawo ƒe ablɔwo me taŋ anɔ fefem le eƒe ablɔwo me.’”+
6 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Togbɔ be adze nu sesẽ aɖe ŋutɔ na dukɔ sia ƒe ame susɔeawo le ŋkeke mawo me hã la, ɖe wòanye nu sesẽ na nye hã?’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.”
7 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, maɖe nye dukɔ tso ɣedzeƒenyigba dzi kple ɣetoɖoƒenyigba dzi.+ 8 Makplɔ wo agbɔe, eye woanɔ Yerusalem;+ woanye nye dukɔ, eye nye hã manye woƒe Mawu+ le nyateƒe* kple dzɔdzɔenyenye me.’”
9 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mido ŋusẽ miaƒe asiwo,*+ mi, ame siwo le nya siawo sem fifia tso nyagblɔɖilawo nu,+ nya siwo wogblɔ le gbe si gbe woɖo aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi, be woagatu gbedoxɔ la. 10 Elabena hafi ɣemaɣi naɖo la, fetu aɖeke menɔ anyi na amegbetɔwo kple lãwo o;+ ame aɖeke medona alo gbɔna dedie o, le futɔ la ta, elabena mena amewo katã tso ɖe wo nɔewo ŋu.’
11 “‘Ke azɔ la, nyemawɔ nu ɖe dukɔ sia ƒe ame susɔeawo ŋu abe ale si mewɔ le tsãŋkekewo me ene o,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 12 ‘Elabena woaƒã ŋutifafaku; wainka atse, anyigba awɔ nu,+ eye dziƒo adza zãmu; mana dukɔ sia ƒe ame susɔeawo nanyi nu siawo katã dome.+ 13 Oo Yuda ƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe, ale si ko miezu fiƒode le dukɔwo dome la,+ nenema kee maxɔ na mii, be miazu yayra.+ Migavɔ̃ o!+ Mido ŋusẽ miaƒe asiwo.’*+
14 “Elabena ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘“Ale si ko mia tɔgbuiwo do dziku nam eye meɖoe be mahe vɔ̃ ava mia dzi, eye mevem o+ la,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe, 15 “nenemae magaɖoe le ŋkeke siawo me be mawɔ nyui na Yerusalem kple Yuda+ ƒe aƒe la. Migavɔ̃ o!”’+
16 “‘Nu siwo miawɔ lae nye esi: Mito nyateƒe na mia nɔewo.+ Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe le miaƒe dugbowo nu ne nyateƒe kple ŋutifafa naxɔ aƒe ɖi.+ 17 Migaɖo vɔ̃ ɖe dzi me ɖe mia nɔewo ŋu o,+ eye alakpatam megavivi mia nu o;+ elabena melé fu nu siawo katã,’+ Yehowa ye gblɔe.”
18 Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, ƒe gbe gava nam be: 19 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miaƒe nutsitsidɔ le ɣleti enelia me,+ le ɣleti atɔ̃lia me,+ le ɣleti adrelia me,+ kple ɣleti ewolia me la,+ azu aseyetsotso kple dzidzɔkpɔkpɔ kpakple ŋkekenyuiwo na Yuda ƒe aƒe la.+ Eya ta milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa.’
20 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Dukɔwo kple du geɖe me nɔlawo ava; 21 eye du ɖeka me nɔlawo ayi aɖagblɔ na du bubu me nɔlawo be: “Mina míadze agbagba aɖaƒo koko na Yehowa, eye míadi aʋakɔwo ƒe Yehowa yome mɔ. Nye hã mayi.”+ 22 Eye dukɔ geɖewo kple dukɔ sesẽwo ava di aʋakɔwo ƒe Yehowa le Yerusalem,+ eye woaƒo koko na Yehowa be wòave yewo nu.’
23 “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Le ŋkeke mawo me la, ame ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo+ katã me alé Yudatɔ* ɖeka ƒe awu toga agblɔ be: “Míayi kpli mi,+ elabena míese be Mawu li kpli mi.”’”+
9 Gbedeasi vevi aɖe:
“Yehowa ƒe nya va ɖe Hadrak-nyigba ŋu,
Elabena Yehowa ƒe ŋku le amegbetɔwo+
Kple Israel ƒe toawo katã ŋu.
2 Ava Hamat+ si do liƒo kplii,
Kple Tiro+ kpakple Sidon+ hã dzi, elabena wodze aɖaŋu ŋutɔ.+
3 Tiro ɖo gli sesẽwo na eɖokui.
Eli kɔ klosalo gleglegle abe ke ene
Kple sika abe ba le kpɔdomee ene.+
4 Kpɔ ɖa! Yehowa axɔ eƒe nunɔamesiwo le esi,
Eye wòatsrɔ̃ eƒe aʋakɔ la le atsiaƒu me;*+
Eye dzo afiãe.+
5 Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe;
Ŋɔdzi alé Gaza hã vevie,
Eye aleae wòanɔ na Ekron hã, elabena eƒe ŋuɖoɖeŋua azu ŋukpe nɛ.
Fia atsrɔ̃ le Gaza,
Eye ame maganɔ Askelon o.+
7 Maɖe ʋu ɖa le nu me nɛ
Kple ŋunyɔnuwo ɖa le aɖutɛ me nɛ,
Eye ame si asusɔ nɛ la azu mía Mawu tɔ;
Eye Ekron anɔ abe Yebusitɔ+ la ene.
8 Maƒu asaɖa anyi abe dzɔla ene ɖe nye aƒe ŋu,+
Ale be ame aɖeke manɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm o;
Eye amedzizila* aɖeke magato eme ayi azɔ o,+
Elabena nye ŋutɔ mekpɔe* kple nye ŋkuwo azɔ.
9 Oo Zion vinyɔnu, kpɔ dzidzɔ vevie.
Oo Yerusalem vinyɔnu, tso aseye.
Kpɔ ɖa! Wò fia gbɔna gbɔwò.+
10 Maɖe aʋatasiaɖamwo ɖa le Efrayim,
Kple sɔwo ɖa le Yerusalem.
Woaɖe aʋawɔdati ɖa.
Agblɔ ŋutifafanya na dukɔwo;+
Eƒe dziɖuɖu atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu,
11 Oo nyɔnu, mato wò nubabla ƒe ʋu la dzi
Aɖe asi le wò gamenɔlawo ŋu tso vudo ƒuƒlu la me.+
12 Mi, gamenɔla siwo si mɔkpɔkpɔ le, mitrɔ gbɔ va mɔ́ sesẽ la me.+
“Azɔ hã, mele egblɔm na wò egbea be:
‘Oo, nyɔnu, maɖo eteƒe na wò zi gbɔ zi eve.+
13 Elabena mahe Yuda me abe nye dati ene.
Matsɔ Efrayim* ade dati la me,
Eye manyɔ viwòwo, Oo Zion,
Ðe viwòwo ŋu, Oo Hela,
Eye mana nànɔ abe kalẽtɔ ƒe yi ene, Oo Zion.’
14 Woakpɔ Yehowa le wo tame,
Eye eƒe aŋutrɔwo anɔ ʋɔ lũm abe dzikedzo ene.
Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa aku kpẽ,+
Eye wòanɔ dziehe ƒe ahom me aho.
15 Aʋakɔwo ƒe Yehowa aʋli wo ta,
Eye woami futɔwo ƒe akafokpewo eye woanya avuzi le edzi.+
16 Yehowa woƒe Mawu axɔ na eƒe dukɔ la gbe ma gbe
Abe eƒe lãha ene;+
Elabena woanɔ dzo dam le eƒe anyigba dzi abe kpe xɔasiwo le fiakuku ŋu ene.+
17 Elabena aleke eƒe nyuiwɔwɔ keke tae,+
Eye eƒe nyonyo teƒe mekɔ o ale!
Nuɖuɖu ana ɖekakpuiwo natsi nyuie,
Eye wain yeye ana ɖetugbuiwo natsi nyuie.”+
10 “Mibia Yehowa ne wòana tsi nadza na mi le adame.
Yehowae nye ame si wɔ alilikpowo,
Eye wònana tsi dzana tso wo me,+
Eye wònana anyigba miea nu na ame sia ame.
2 Elabena terafim legbawo* gblɔa ameflunyawo;
Eye afakalawo hã kpɔa alakpaŋutegawo.
Wolĩa drɔ̃e siwo mele eme o,
Gake dzodzroe wodzea agbagba be yewoafa akɔ na amewo.
Esia tae woaka hlẽ abe alẽwo ene.
Fu awɔ wo, elabena kplɔla aɖeke meli o.
3 Nye dɔmedzoe bi ɖe lãkplɔviwo ŋu,
Eye mabia akɔnta kplɔla ŋutasẽlawo;*
Elabena aʋakɔwo ƒe Yehowa trɔ susu ɖe Yuda ƒe aƒe si nye eƒe lãha ŋu,+
Eye wòna wole abe eƒe sɔ si ŋu bubu le le aʋa me ene.
4 Yuda mee ame vevitɔ la ado tso,
Eya mee dziɖula* si alé wo ɖe te la ado tso,
Eya mee aʋawɔdati ado tso;
Eya mee dɔdzikpɔla ɖe sia ɖe ado tso, wo katã woado tso eme.
5 Woanɔ abe aʋawɔlawo,
Ame siwo fanyaa ba le kpɔdomeewo le aʋa me ene.
6 Mana Yuda ƒe aƒe la nasẽ ŋu,
Eye maxɔ na Yosef ƒe aƒe la.+
Magaɖo wo te,
Elabena makpɔ nublanui na wo;+
Eye woanɔ abe ɖe nyemegbe nu le wo gbɔ kpɔ o ene;+
Elabena nyee nye Yehowa woƒe Mawu, matɔ na wo.
7 Efrayim anɔ abe kalẽtɔ sesẽ ene,
Eye woƒe dzi akpɔ dzidzɔ abe wain ye wono ene.+
Wo viwo akpɔe, eye dzi adzɔ wo;
Woƒe dzi atso aseye ɖe Yehowa ŋu.+
9 Togbɔ be meka wo hlẽ abe nuku ene ɖe dukɔwo dome hã,
Woaɖo ŋku dzinye le didiƒe ke;
Agbe agaɖo woawo kple wo viwo me, eye woatrɔ agbɔ.
10 Makplɔ wo agbɔe tso Egipte-nyigba dzi,
Eye maƒo wo nu ƒu tso Asiria;+
Makplɔ wo ava Gilead-nyigba+ dzi kple Lebanon,
Eye teƒe masu na wo gɔ̃ hã o.+
11 Ahe xaxa ava atsiaƒu la dzi ne etsoe;
Atsi atsiaƒu la ƒe tsotsoewo nu,+
Eye Nil-tɔsisi ƒe gogloeƒewo katã amie.
Woaɖiɖi Asiria ƒe dàda vivivo la ɖe anyi,
Eye fiatikplɔ age le Egipte si.+
11 “Oo Lebanon, ʋu wò ʋɔtruwo,
Ne dzo nafiã wò sedertiwo.
2 Oo sesewu, fa avi, elabena sederti mu;
Elabena wotsrɔ̃ ati gãwo!
Mi, Basan logotiwo, mifa avi,
Elabena avetsu la megali o!
3 Mise ɖa! Lãkplɔviwo le avi fam,
Elabena wogblẽ woƒe lãnyiƒe nyui la dome.
Mise ɖa! Dzataviwo* le xɔxlɔ̃m,
Elabena wotsrɔ̃ ave dodo siwo le Yordan ŋu la keŋ.
4 “Ale Yehowa, nye Mawu, gblɔe nye esi: ‘Kplɔ alẽ siwo woɖo na wuwu la,+ 5 elabena wo ƒlelawo wua wo,+ evɔ womebua fɔ wo o. Eye wo dzralawo+ le gbɔgblɔm be, “Woakafu Yehowa, elabena mezu kesinɔtɔ.” Wo kplɔlawo ƒe dɔme metrɔ ɖe wo ŋu o.’+
6 “‘Nyemagakpɔ nublanui na anyigba la dzi nɔlawo azɔ o,’ Yehowa ye gblɔe. ‘Eya ta matsɔ ame sia ame ade asi na ehavi, kple eƒe fia, eye woagblẽ anyigba la, eye nyemaɖe wo le wo si me o.’”
7 Menyi alẽ siwo woɖo na wuwu la,+ le miaƒe nyonyo ta, Oo, alẽ siwo le fu kpem. Metsɔ atikplɔ eve. Meyɔ ɖeka be Nyonyo, eye meyɔ evelia be Ðekawɔwɔ,+ eye meyi alẽawo kpɔkplɔ dzi. 8 Emegbe meɖe lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me, elabena nyemegbɔ dzi ɖi* na wo o, eye woawo hã wolé fum.* 9 Eye megblɔ be: “Nyemegale mia kplɔ ge o. Esi be yeaku la, neku faa. Esi be yeatsrɔ̃ la, netsrɔ̃ faa. Ke esiwo susɔ la neɖu wo nɔewo ƒe lã.” 10 Eya ta metsɔ nye atikplɔ si nye Nyonyo,+ eye meŋee, ne matu nu, si mebla kple dukɔwo katã la. 11 Eya ta metui gbe ma gbe, eye alẽ siwo wowɔ fui, siwo nɔ kpɔyem la, va dze sii be Yehowa ƒe nyae wònye.
12 Eye megblɔ na wo be: “Ne edze mia ŋu la, ekema mina nye fetum; ke ne medze mia ŋu o la, ekema midzudzɔ.” Ale wotsɔ* klosalo blaetɔ̃+ xe fe nam.
13 Eye Yehowa gblɔ nam be: “Fetu gã sia si woawo wokpɔ be edze nam la, tsɔe ƒu gbe ɖe nudzraɖoƒe la.”+ Eya ta metsɔ klosalo blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe nudzraɖoƒe+ la.
14 Emegbe meŋe nye atikplɔ evelia, si nye Ðekawɔwɔ,+ ne magblẽ Yuda kple Israel ƒe nɔviwɔwɔ la me.+
15 Eye Yehowa gblɔ nam be: “Gatsɔ lãkplɔvi yakame la ƒe lãkplɔnuwo.+ 16 Elabena mana lãkplɔvi aɖe nado le anyigba la dzi. Matsɔ ɖeke le eme na alẽ siwo le tsɔtsrɔ̃m la o.+ Madi alẽviawo o, eye mada gbe le alẽ siwo xɔ abi la ŋu o.+ Mana nuɖuɖu esiwo le sesĩe la o,+ ke aɖu esiwo da ami ƒe lã, eye wòatú alẽawo ƒe afɔkliwo ɖa.+
17 Baba na nye lãkplɔvi maɖinu,+ si gblẽ alẽawo ɖi!+
Yi adze eƒe alɔ kple eƒe ɖusiŋku dzi.
Eƒe alɔ aku ɖe eŋu,
Eye eƒe ɖusiŋku agbã* keŋkeŋ.”
12 Gbedeasi vevi aɖe:
“Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖe Israel ŋu.”
Ale Yehowa, Ame si keke dziƒowo me,+
Eye wòɖo anyigba gɔme anyi,+
Eya ame si de gbɔgbɔ amegbetɔ me la, gblɔe nye esi:
2 “Kpɔ ɖa, mana Yerusalem nazu kplu* si ana dukɔwo katã nanɔ ya mum sagasaga; woaɖe to ɖe Yuda kple Yerusalem siaa.+ 3 Eye wòava eme gbe ma gbe be, mana Yerusalem nanye kpe kpekpe na dukɔwo katã. Ame siwo katã be yewoakɔe la, ade abi wo ɖokuiwo ŋu vevie;+ anyigbadzidukɔwo katã aƒo takpli ɖe eŋu.+ 4 Gbe ma gbe la,” Yehowa ye gblɔe, “mana vɔvɔ̃ naɖo sɔwo katã, eye mana sɔdolawo naku tsu. Nye ŋku anɔ Yuda ƒe aƒe la ŋu, ke mana dukɔwo ƒe sɔwo katã ƒe ŋku natsi. 5 Yuda-megãwo* agblɔ le woƒe dzi me be: ‘Yerusalem nɔlawo nye ŋusẽ na mí le aʋakɔwo ƒe Yehowa woƒe Mawu la ta.’+ 6 Gbe ma gbe la, mana Yuda-megãwo nanɔ abe dzoɖenu le atiwo dome ene,+ abe akakati bibi le nuku siwo wotso heli kɔ ɖi la dome ene, woafiã dukɔwo katã kpe ɖo le ɖusime kple miame;+ ke Yerusalem aganɔ enɔƒe, eye amewo anɔ Yerusalem.+
7 “Yehowa axɔ na Yuda ƒe agbadɔwo gbã, ne David ƒe aƒe ƒe bubu kple Yerusalem nɔlawo ƒe bubu nagagbɔ Yuda tɔ ŋu akpa o. 8 Gbe ma gbe la, Yehowa anye Yerusalem nɔlawo takpɔla;+ eye woƒe ame beliwo* anɔ abe David ene gbe ma gbe, eye David ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, abe Yehowa ƒe dɔla ene le wo ŋgɔ.+ 9 Eye wòava eme gbe ma gbe be, matsrɔ̃ dukɔ siwo katã ho ɖe Yerusalem ŋu la godoo.+
10 “Makɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe kple Yerusalem nɔlawo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe ame si woƒo nu ɖo la dzi,+ woafa nɛ abe ale si wofaa tenuvi ene; woaxa nu vevie abe ale si woxaa nu le ŋgɔgbevi ta ene. 11 Gbe ma gbe la, konyifafa teƒe makɔ le Yerusalem o, abe ale si wofa konyi le Hadadrimon le Megido Bali+ me la ene. 12 Anyigba blibo la afa konyi, ƒome sia ƒome: David ƒe aƒe ƒe ƒome la afa konyi le wo ɖokui si, woƒe nyɔnuwo hã afae le wo ɖokui si; Natan+ ƒe aƒe ƒe ƒome la afa konyi le wo ɖokui si, woƒe nyɔnuwo hã afae le wo ɖokui si; 13 Lewi+ ƒe aƒe ƒe ƒome la afa konyi le wo ɖokui si, woƒe nyɔnuwo hã afae le wo ɖokui si; Simei+ viwo ƒe ƒome la afa konyi le wo ɖokui si, woƒe nyɔnuwo hã afae le wo ɖokui si; 14 eye ƒome siwo katã susɔ la, wo dometɔ ɖe sia ɖe afa konyi le eɖokui si, woƒe nyɔnuwo katã hã afae le wo ɖokui si.
13 “Gbe ma gbe la, woaɖe vudo na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo, ne woaklɔ nu vɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ɖa le wo ŋu.+
2 Aʋakɔwo ƒe Yehowa be, “Gbe ma gbe la, matutu legbawo ƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la dzi,+ eye womagaɖo ŋku wo dzi azɔ o; eye mana nyagblɔɖilawo+ kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo hã nu nayi le anyigba la dzi. 3 Eye ne ame aɖe gale nya gblɔm ɖi la, ekema edzilawo, fofoa kple dadaa, agblɔ nɛ be: ‘Èdze na ku, elabena ègblɔ alakpanya le Yehowa ƒe ŋkɔ me.’ Eye edzilawo, fofoa kple dadaa, aƒo nu ɖee, le esi wògblɔ nya ɖi ta.+
4 “Gbe ma gbe la, nyagblɔɖila ɖe sia ɖe ƒe ŋutega kple eƒe nyagblɔɖi akpe ŋu nɛ; eye womagado nyagblɔɖilawo ƒe lãfuwu+ be woaflu ame o. 5 Eye wòagblɔ be: ‘Menye nyagblɔɖila menye o. Agbledelae menye, elabena ame aɖee ƒlem kluvii tso nye ɖevime ke.’ 6 Eye ne ame aɖe biae be, ‘Ke abi kawoe nye esiawo le wò medome?’* hã la, aɖo eŋu be, ‘Esiwo wode ŋunye le xɔ̃nyewo* ƒe aƒe mee.’”
7 “Oo yi, ho ɖe nye alẽkplɔla ŋu,+
Ðe ŋutsu si le ŋunye kplikplikpli ŋu,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.
8 “Eye wòava eme be, woaɖe anyigba blibo la dzi nɔlawo ƒe akpa eve le etɔ̃ me ɖa, eye woatsrɔ̃;*
Ke akpa ɖeka le etɔ̃ me asusɔ ɖe edzi,”
Yehowa ye gblɔe.
9 “Matsɔ akpa ɖeka le etɔ̃ me la ade dzo me;
Eye madza wo ŋu abe ale si wodzaa klosalo ŋui ene,
Eye mado wo akpɔ abe ale si wodoa sika kpɔnae ene.+
Woayɔ nye ŋkɔ,
Eye matɔ na wo.
Magblɔ be: ‘Nye dukɔe wonye,’+
Eye woawo hã woagblɔ be: ‘Yehowae nye mía Mawu.’”
14 “Kpɔ ɖa! Ŋkeke li gbɔna, Yehowa ƒe ŋkekee, esime woama wò* nu si woha le mewò. 2 Maƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem ŋu ne woawɔ aʋa kplii; woaxɔ du la, woaha aƒewo, eye woadɔ nyɔnuwo gbɔ sesẽe. Du la ƒe afã ayi aboyo me, ke womakplɔ dukɔ la ƒe ame susɔeawo ya adzoe le dua me o.
3 “Yehowa aho aɖawɔ aʋa kple dukɔ mawo,+ abe ale si wòwɔ aʋa le aʋakpegbe ene.+ 4 Gbe ma gbe la, atɔ ɖe Amito si dze ŋgɔ Yerusalem le ɣedzeƒe la dzi; eye Amito+ la afe ɖe titina kpla, tso ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe,* eye bali gã aɖe anɔ wo dome; to la ƒe afã ayi dziehe, eye eƒe afã ayi anyiehe. 5 Miasi ayi nye towo ƒe bali la me, elabena bali si le toawo domee la ade Azel ke. Miasi, abe ale si ko miesi le anyigbaʋuʋu nu le Yuda-fia Uziya+ ŋɔli ene. Yehowa, nye Mawu la ava, eye ame kɔkɔeawo katã akpe ɖe eŋu.+
6 “Gbe ma gbe la, kekeli vavã aɖeke manɔ anyi o,+ ke fafa ana nuwo nabla.* 7 Anye ŋkeke aɖe si nye Yehowa tɔ.+ Ŋu make o, eye zã hã mado o; xexea me akɔ le fiẽ gɔ̃ hã. 8 Gbe ma gbe la, tsi gbagbe+ asi tso Yerusalem,+ eƒe afã aɖo ta ɣedzeƒeƒu*+ la me, eye afã aɖo ta ɣetoɖoƒeƒu*+ la me. Anɔ sisim le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa. 9 Yehowa anye Fia ɖe anyigba blibo la nu.+ Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka koe anye Mawu,+ eye wòatɔ ŋkɔ ɖeka.+
10 “Anyigba blibo la anɔ abe Araba*+ ene, tso Geba+ yi Rimon+ va se ɖe anyiehe; woagakɔ Yerusalem ɖe dzi ɖe afi si wònɔ, eye amewo aganɔ eme,+ tso Benyamin-gbo+ la nu yi Agbo Gbãtɔ nu va se ɖe Dzogoedzigbo la nu, tso Hananel+ Gbetakpɔxɔ la gbɔ va se ɖe fia ƒe wainfiãƒewo. 11 Amewo anɔ eme; eye naneke maganye busunu si adze na tsɔtsrɔ̃ o,+ eye amewo anɔ Yerusalem le dziɖeɖi me.+
12 “Fuwɔame si Yehowa ahe ava dukɔ siwo katã aho aʋa ɖe Yerusalem ŋu dzi lae nye esi:+ Woƒe ŋutilã aƒaƒã esime wogale woƒe afɔwo dzi; ŋku aƒaƒã ɖe to me na wo, eye woƒe aɖe aƒaƒã ɖe nu me na wo.
13 “Gbe ma gbe la, Yehowa ade tɔtɔ gã aɖe wo dome; eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe asi asu ehavi dzi, eye wòakɔ asi dzi ɖe ehavi ŋu.*+ 14 Yuda hã awɔ aʋa le Yerusalem; eye woaƒo dukɔ siwo katã ƒo xlã wo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu kpaŋkpaŋ; sika, klosalo kple awuwo.+
15 “Fuwɔame ma tɔgbi ava sɔwo, tedzisɔwo, kposɔwo, tedziwo kple lã siwo katã le asaɖa mawo me dzi.
16 “Dukɔ siwo katã ho ɖe Yerusalem ŋu la, ƒe ame susɔeawo katã ayi aɖade ta agu na Fia, aʋakɔwo ƒe Yehowa,+ eye woaɖu Agbadɔŋkekenyui la ƒe sia ƒe.+ 17 Ke anyigbadziƒomeawo dometɔ si mayi Yerusalem aɖade ta agu na Fia, aʋakɔwo ƒe Yehowa o la, tsi madza nɛ o.+ 18 Eye ne Egiptetɔwo meva o la, ekema tsi aɖeke madza na wo o. Ke boŋ fuwɔame si Yehowa ahe ava dukɔ siwo meva Agbadɔŋkekenyuia ɖuƒe o dzi la, ava wo dzi. 19 Esiae anye Egipte kple dukɔ siwo katã mava Agbadɔŋkekenyuia ɖuƒe o la ƒe nu vɔ̃ ŋuti tohehe.
20 “Gbe ma gbe la, woaŋlɔ ɖe sɔwo ƒe nyawowoewo ŋu be: ‘Kɔkɔenyenye nye Yehowa tɔ!’+ Nuɖaze*+ siwo le Yehowa ƒe aƒe la me la anɔ abe agba goboe+ siwo le vɔsamlekpui la ŋgɔ ene. 21 Nuɖaze* ɖe sia ɖe si le Yerusalem kple Yuda azu nu kɔkɔe na aʋakɔwo ƒe Yehowa, eye ame siwo katã le vɔ sam la ava ɖa nu le wo me. Kanaantɔ* aɖeke maganɔ aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe aƒe la me gbe ma gbe o.”+
Egɔmee nye, “Yehowa Ðo Ŋku Edzi.”
“Yehowa Zebaot” le Hebrigbe me.
Efia, anɔ nuvo, gli manɔ eŋu o.
Alo, “ŋkuvi.”
Alo, “Amewo.”
Alo, “fɔɖiɖi.”
Alo, “atsyɔ̃wuwo.”
Alo, “ahadzɔ nye nunɔamesiwo ŋu.”
Alo, “gbadzaƒe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “kpe; gaɣi.”
Efia, amitilɔ si tse kplanyaa.
Abɔklugui ɖeka le sentimeta 44.5. Kpɔ Megbenyawo B14.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “efa,” le afi sia la, efia nugo alo kusi si wotsɔ dzidzea efa ɖeka. Efa ɖeka le lita 22. Kpɔ Megbenyawo B14.
Efia, Babilon.
Efia, tasiaɖam.
Alo, “gbɔgbɔ.”
Alo, “atsyɔ̃fiakuku.”
Efia be, ŋutifafa anɔ eƒe ɖoƒe siwo nye dziɖula kple nunɔla dome.
Alo, “Atsyɔ̃fiakuku.”
Alo, “gbedoxɔ.”
Alo, “Anyiehe.”
Alo, “bali me.”
Agate ŋu afia, “kpe sesẽ,” abe emery-kpe ene.
Alo, “nufiame.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòyɔ.”
Alo, “du wɔnuteƒe.”
Alo, “nuteƒewɔwɔ.”
Alo, “Milé dzi ɖe ƒo.”
Alo, “Milé dzi ɖe ƒo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Yuda ŋutsu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Damasko ye wòadzudzɔ le.”
Agate ŋu afia, “le atsiaƒu dzi.”
Amegã nye to ƒe fia.
Alo, “ameteɖeanyila.”
Edze ƒãa be eƒe dukɔ ƒe fukpekpewoe wòwɔnɛ.
Alo, “eye wòɖu dzi.”
Alo, “tedzitsu.”
Efia, Frat-tɔsisi.
Efia be ele abe aŋutrɔ ene.
Alo, “aƒeliwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “kplɔla siwo wɔa nu abe gbɔ̃tsuwo ene.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “tsyoti.”
Alo, “Dzatatsui tokɔdzawo.”
Alo, “nye luʋɔ megbɔ dzi ɖi.”
Alo, “woƒe luʋɔ lé fum.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woda.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɖusimeŋku dzi atsyɔ.”
Alo, “agba.”
Amegã nye to ƒe fia.
Alo, “ame siwo le nu klim.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le wò abɔwo dome?” Efia, akɔta alo dzime.
Alo, “lɔ̃nyelawo.”
Alo, “alẽawo.”
Alo, “woaku.”
Efia, du si ŋu nya wogblɔ le kpukpui 2 lia me.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “atsiaƒu la nu.”
Alo, “vuvɔ ana nuwo nalia.”
Efia, Ƒukukua.
Efia, Domeƒu.
Alo, “tagba.”
Alo, “wòatso ɖe ehavi ŋu.”
Alo, “Nuɖaze si ƒe nu keke.”
Alo, “Nuɖaze si ƒe nu keke.”
Agate ŋu afia, “asitsala.”