INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt Filipitɔwo 1:1-4:23
  • Filipitɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Filipitɔwo
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Filipitɔwo

NA FILIPITƆWO

1 Paulo kple Timoteo, Kristo Yesu ƒe kluviwo, le esia ŋlɔm na ame kɔkɔe siwo katã wɔ ɖeka kple Kristo Yesu le Filipi+ kple dzikpɔlawo kpakple subɔsubɔdɔwɔlawo siaa:+

2 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi.

3 Medaa akpe na nye Mawu ɣesiaɣi si meɖo ŋku mia dzi 4 le gbe siwo katã medona ɖe mia ta la me. Metsɔa dzidzɔ ƒoa koko ɖe mia ta ɣeawokatãɣi,+ 5 le ale si miekpe asi ɖe nya nyui la ŋu tso ŋkeke gbãtɔ dzi va se ɖe fifia ta. 6 Elabena meka ɖe nu sia tututu dzi be, ame si dze dɔ nyui wɔwɔ gɔme le mia me la, awɔe ade goe+ va se ɖe Kristo Yesu ƒe ŋkeke la dzi.+ 7 Esɔ be masusu nu sia le mi katã mia ŋu, elabena nye dzi ku ɖe mia ŋu, mi ame siwo katã nye gomekpɔlawo kplim le amenuveve la me, le nye gaxɔmenɔnɔ+ kpakple nya nyui la ta ʋiʋli kple eɖoɖo anyi le se nu siaa me.+

8 Elabena Mawue nye ɖasefo nam be, lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu si la tɔgbie metsɔ le mi katã susum vevie. 9 Eye nu si medoa gbe ɖa bianae nye be, miaƒe lɔlɔ̃ nanɔ dzidzim ɖe edzi geɖe wu+ le sidzedze vavãtɔ+ kple nugɔmesese blibo me;+ 10 ale be miakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii,+ be mianye ame maɖifɔwo, eye miaganye nuɖiaɖia na amewo o,+ va se ɖe Kristo ƒe ŋkeke la dzi; 11 eye be dzɔdzɔenyenye ƒe ku si to Yesu Kristo+ dzi la nayɔ mi fũu hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.

12 Ke nɔviwo, mele didim be mianyae be, nye nɔnɔmea na be nya nyui la ɖe zɔ yi ŋgɔ boŋ, 13 ale be Roma fiagã ƒe dzɔlawo katã kple ame susɔeawo katã va nyae+ be Kristo tae mele gaxɔ me+ ɖo. 14 Azɔ kakaɖedzi va su nɔvi siwo le Aƒetɔ la me dometɔ akpa gãtɔ si le nye gamenɔnɔ ta, eye dzi gaɖo wo ƒo geɖe wu be woagblɔ Mawu ƒe nya la vɔvɔ̃manɔmee.

15 Nyateƒee, ame aɖewo le gbeƒã ɖem Kristo la le ŋubiabiã kple hoʋiʋli ta, ke bubuwo hã tsɔ susu nyui le ewɔm. 16 Lɔlɔ̃e ʋãa ame evelia siawo woɖea gbeƒã Kristo la kple susu nyui, elabena wonyae be nya nyui la ta ʋiʋli tae wotiam ɖo;+ 17 ke ame siwo le ewɔm le ŋubiabiã kple hoʋiʋli me la, le ewɔm kple dzregbɔgbɔ, menye kple susu nyui o, elabena woɖoe be yewoahe xaxa ava dzinye le nye gaxɔmenɔnɔ me. 18 Nu kae do tso eme? Eyae nye be mɔ ka ke nue woɖawɔe le o, eɖanye le alakpanuwɔwɔ me alo le nyateƒe me o, wole gbeƒã ɖem Kristo, eye dzi dzɔam le esia ta. Le nyateƒe me la, mayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm, 19 elabena menya be esia ahe ɖeɖe vɛ nam to miaƒe kokoƒoƒo+ kple Yesu Kristo ƒe gbɔgbɔ la ƒe kpekpeɖeŋu me.+ 20 Esia wɔ ɖeka kple nu si lalam mele hele mɔ kpɔm na vevie, be ŋu makpem le mɔ aɖeke nu o, ke boŋ be dzi naɖo ƒonye maƒo nu faa, ale be matsɔ nye ŋutilã ado Kristo ɖe dzi fifia, abe ale si wònɔna ɖaa ene, eɖanye le agbe me alo ku me o.+

21 Elabena nye la, ne mele agbe la, Kristoe mele agbe na,+ eye ne meku la, viɖee wònye nam.+ 22 Ke ne mayi edzi anɔ agbe le ŋutilã me la, nye dɔwɔwɔ me kutsetsee esia nye; gake esi matia la, nyemagblɔe o. 23 Metsi evedomesi; elabena ele dzroyem be woaɖe asi le ŋunye be manɔ Kristo gbɔ,+ elabena le nyateƒe me la, esiae nyo wu sãa.+ 24 Gake ehiã vevie be makpɔtɔ anɔ ŋutilã me le mia ta. 25 Esi meka ɖe esia dzi ta la, menyae be makpɔtɔ anɔ anyi, eye mayi edzi anɔ anyi kpli mi katã hena miaƒe xɔse ƒe ŋgɔgbedede kple miaƒe dzidzɔ, 26 ale be miaƒe aseyetsotso la nagba go le Kristo Yesu me le tanye ne megava le mia gbɔ.

27 Ðeko miwɔ nu abe ale si dze* Kristo ƒe nya nyui la ene,+ ale be ne meva kpɔ mi ɖa alo nyemeli o la, mase tso mia ŋu be miele tsitre sesĩe le gbɔgbɔ ɖeka me eye mietsɔ luʋɔ ɖeka*+ le nya nyui la ƒe xɔse la ta ʋlim aduadu, 28 eye be miele ame siwo le tsitre tsim ɖe mia ŋu la ƒe ŋɔdzidodo vɔ̃m le go aɖeke me o. Nu sia tututu nye tsɔtsrɔ̃ ƒe kpeɖodzi+ na wo, ke miawo la, ɖeɖekpɔkpɔ ƒe kpeɖodzi+ wònye na mi; eye esia tso Mawu gbɔ. 29 Elabena miawoe wona mɔnukpɔkpɔe le Kristo ta, menye be miaxɔ edzi ase ko o, ke be miakpe fu ɖe eta hã.+ 30 Elabena ʋiʋli si miekpɔ be meʋli,+ eye miegale eŋu nya sem fifia le ŋunye la, ʋiʋli ma ke ʋlim miawo hã miele.

2 Eya ta ne dzideƒoname aɖe li le Kristo me, ne akɔfafa na ame lɔlɔ̃tɔe aɖe li, ne gbɔgbɔmehadede* aɖe li, ne lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ li la, 2 mina nye dzidzɔ la nagba go to esia me be, susu ɖeka kple lɔlɔ̃ ɖekae le mia si, miewɔ ɖeka,* eye tamesusu ɖeka le mia si.+ 3 Migawɔ naneke le dzrehehe+ alo bubu dzodzro didi+ ta o, ke boŋ mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi,+ 4 ale be miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o,+ ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.+

5 Mina tamesusu ƒe nɔnɔme sia si nɔ Kristo Yesu me la nanɔ miawo hã mia me,+ 6 ame si togbɔ be enɔ Mawu ƒe nɔnɔme me hã la,+ meva susu me nɛ kpɔ gɔ̃ hã be yeadze agbagba be ye kple Mawu yewoasɔ o.+ 7 Ao, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme+ heva zu amegbetɔ.+ 8 Azɔ hã, esi wòva abe amegbetɔ ene* la, ebɔbɔ eɖokui, eye wòɖo to yi ɖase keke ku me ke,+ ɛ̃, yi ɖase ku me le fuwɔameti* ŋu.+ 9 Esia tututu tae Mawu doe ɖe dzi wòle ɖoƒe si kɔ wu,+ eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubuwo katã ta la nɛ,+ 10 ale be ame siwo le dziƒo kple ame siwo le anyigba dzi kpakple ame siwo le anyigba te la,+ nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ me, 11 eye aɖe sia aɖe naʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ+ la, hena Mawu Fofo la ƒe kafukafu.

12 Eya ta nye lɔlɔ̃tɔwo, ale si mieɖoa to ɣesiaɣi, menye le nye anyinɔɣi ɖeɖe ko o, ke boŋ geɖe wu azɔ esi nyemele mia gbɔ o la, miyi edzi miatsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya anɔ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti dɔ la wɔm. 13 Elabena Mawue nye ame si doa ŋusẽ mi, eye wònaa didia kple ŋusẽ la mi be miawɔ nu si dzea eŋu. 14 Miyi edzi miawɔ nuwo katã liʋiliʋĩlilĩ+ kple nyaʋiʋli+ manɔmee, 15 ale be miazu ame dzadzɛwo kple fɔmaɖilawo, Mawu ƒe vi+ siwo nye mokakamanɔŋutɔwo le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina,+ ame siwo dome miele keklẽm le abe akaɖiwo ene le xexea me,+ 16 esi mielé agbenya la me ɖe asi goŋgoŋ.+ Ale be makpɔ susu si ta matso aseye ɖo le Kristo ƒe ŋkeke la dzi, ne manyae be nyemeƒu du dzodzro alo wɔ dɔ sesĩe dzodzro o. 17 Gake ne wotrɔm le kɔkɔm ɖi abe nunovɔsa+ ene ɖe vɔsa+ la kple subɔsubɔdɔ kɔkɔe* si gbɔ miaƒe xɔse kplɔ mi vɛ la dzi hã la, dzi le dzɔyem, eye mele dzidzɔ kpɔm kpli mi katã. 18 Nenema kee miawo hã dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye kplim.

19 Ke mele mɔ kpɔm le Aƒetɔ Yesu me be madɔ Timoteo+ ɖo ɖe mi kpuie, ale be ne mese mia gbɔ nyawo la, dzi naɖo ƒonye. 20 Elabena ame aɖeke mele asinye si ƒe nɔnɔme de etɔ nu, si akpɔ miaƒe nyawo gbɔ ale si dze o. 21 Elabena ame susɔeawo katã la, woawo ŋutɔwo tɔ ko dim wole, menye Yesu Kristo tɔ o. 22 Ke mienya ale si wòɖee fia be yedze, eye abe vi+ kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim abe kluvi ene le nya nyui la dodo ɖe ŋgɔ me. 23 Eya ta eyae mele mɔ kpɔm be madɔ ɖa, ne menya kpɔ ale si nuwo anɔ nam ko. 24 Ɛ̃, meka ɖe edzi be ne enye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, nye ŋutɔ hã mava kpuie.+

25 Gake fifia la, mekpɔe be ehiã be madɔ nɔvinye Epafrodito, nye hadɔwɔla kple hatisrafo, si nye miaƒe ame dɔdɔ si va kpɔ nye hiahiãwo gbɔ la ɖe mi,+ 26 elabena ele edzrom vevie be yeakpɔ mi katã, eye wòlé blanui be miese be yeva dze dɔ. 27 Nyateƒee, edze dɔ de kuku ge kloe; ke Mawu kpɔ nublanui nɛ, le nyateƒe me la, menye na eya ɖeɖe ko o, ke na nye hã, ale be nuxaxa nagakpe nuxaxa nam o. 28 Eya ta mele eɖom ɖe mi kaba, ale be ne miekpɔe la, dzi nagadzɔ mi ake, ale be nye hã maɖe dzi ɖi. 29 Eya ta mixɔe abe ale si miewɔna ɖaa ene le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ blibo, eye miyi edzi miade bubu ame siawo ƒomevi ŋu vevie,+ 30 elabena Kristo* ƒe dɔwɔwɔ tae wòde kuku ge kloe ɖo, eye wòtsɔ eƒe agbe* de afɔku me, be wòaxɔ ɖe mia teƒe le afi sia asubɔm.+

3 Mlɔeba la, nɔvinyewo, miyi edzi mianɔ dzidzɔ kpɔm le Aƒetɔ la me.+ Metim kura be manɔ nya ɖeka mawo ke ŋlɔm ɖo ɖe mi o, elabena miaƒe dedienɔnɔ tae.

2 Mikpɔ nyuie le avuawo* ŋu; mikpɔ nyuie le ame siwo gblẽa nu le ame ŋu la ŋuti; mikpɔ nyuie le ame siwo dea abi ŋutilã ŋu* la ŋuti.+ 3 Elabena míawoe wotso aʋa na ŋutɔŋutɔ,+ mí ame siwo wɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe to Mawu ƒe gbɔgbɔ la dzi, eye míaƒe adegbeƒoƒo le Kristo Yesu me,+ eye míeɖoa ŋu ɖe ŋutilã ŋu o, 4 togbɔ be ne ame aɖe aɖo ŋu ɖe nane ŋu le ŋutilã me la, nyee wòanye hafi.

Ne ewɔ na ame aɖe be susu aɖe li si tae yeaɖo ŋu ɖe nane ŋu le ŋutilã me la, susu geɖe wu le asinye: 5 wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe,+ metso Israel ƒomea me, le Benyamin-toa me, menye Hebritɔ si Hebritɔwo dzi;+ le se gome la, Farisitɔe menye;+ 6 le veviedodo gome la, meti hame la yome;+ le dzɔdzɔenyenye si to se dzi gome la, menye mokakamanɔŋutɔ. 7 Gake nu siwo nye viɖe nam tsã la, melɔ̃ faa ɖe asi le wo ŋu* le Kristo la ta.+ 8 Nyateƒee, mebua nuwo katã hã be wonye nu búbuwo le nye Aƒetɔ Kristo Yesu ŋuti sidzedze si xɔ asi sãsãsã wu la ŋuti. Le eya amea ta melɔ̃ faa be nuwo katã nabú nam, eye mebua wo aɖukpodzinuwo sɔŋ, ale be Kristo nasu asinye, 9 eye woakpɔm be mewɔ ɖeka kplii, menye to nye ŋutɔ nye dzɔdzɔenyenye si tso Se la dzi wɔwɔ me o, ke to dzɔdzɔenyenye si tso Kristo+ dzi xɔxɔ se me+ la boŋ, eye esia nye dzɔdzɔenyenye si tso Mawu gbɔ si wotu ɖe xɔse dzi.+ 10 Nye taɖodzinue nye be manya eya amea kple eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ la,+ eye makpe fu abe eya ene,+ eye malɔ̃ faa aku eƒe ku tɔgbi,+ 11 ne makpɔe ɖa be mate ŋu akpɔ gome le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi si ado ŋgɔ la me hã.+

12 Menye ɖe nye asi su edzi xoxo, alo wona mede blibo xoxo o, ke boŋ mele ʋiʋlim+ ne makpɔe ɖa be nye asi ate ŋu asu nu si ta Kristo Yesu tiam* ɖo la dzi hã.+ 13 Nɔviwo, nyemebua ɖokuinye be nye asi su edzi xoxo o; ke meka ɖe nu ɖeka aɖe dzi: Meŋlɔa nu siwo le megbenye la be,+ eye mele nu siwo le ŋgɔnye la minyam,+ 14 mele ʋiʋlim ɖo ta taɖodzinu si nye Mawu ƒe ameyɔyɔ yi dziƒo+ ƒe fetu+ la gbɔ to Kristo Yesu dzi. 15 Eya ta mina tamesusu ƒe nɔnɔme sia nanɔ mí ame siwo katã tsi le gbɔgbɔ me+ la si, eye ne susu bubu aɖe le mia si le nane ŋu la, Mawu aɖe nɔnɔme si ŋu meƒo nu le va yi la afia mi. 16 Aleke kee wòɖale o, afi ka kee míeyi ŋgɔ se ɖo o, mina míayi ŋgɔ tẽe le ɖoɖo nu le mɔ ma ke nu.

17 Nɔviwo, mizu srɔ̃nyelawo,+ eye miaƒe ŋku nanɔ ame siwo le zɔzɔm ɖe kpɔɖeŋu si míeɖo na mi nu la ŋu. 18 Elabena ame geɖewo li siwo ŋkɔ meyɔna edziedzi tsã, gake fifia meyɔa wo ŋkɔ kple aɖatsi, le esi wole zɔzɔm abe Kristo la ƒe fuwɔameti* la ƒe futɔwo ene ta. 19 Ame siwo ƒe nuwuwu nye tsɔtsrɔ̃, woƒe ƒodoe nye woƒe mawu, nu si nye ŋukpe boŋ dzie wodana ɖo, eye anyigbadzinuwo ŋue woƒe susu le.+ 20 Ke míawo la, míaƒe dumevinyenye+ le dziƒo,+ eye afi mae míele lalam vevie be ɖela, si nye Aƒetɔ Yesu Kristo, natso ava,+ 21 ame si atrɔ míaƒe ŋutilã si bɔbɔ ɖe anyi la wòaɖi eƒe ŋutilã si wodo ŋutikɔkɔe na la,+ to eƒe ŋusẽ triakɔ si ana wòabɔbɔ nuwo katã ɖe eɖokui te la dzi.+

4 Eya ta nɔvinye lɔlɔ̃tɔ siwo le dzroyem vevie, mi ame siwo nye nye dzidzɔ kple nye dziɖuɖukuku,+ nye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe+ alea le Aƒetɔ la me.

2 Mele nu xlɔ̃m Ewodia, eye mele nu xlɔ̃m Sintike, be woƒe tamesusu nawɔ ɖeka le Aƒetɔ la me.+ 3 Ɛ̃, mele kuku ɖem na wò hã, nye hadɔwɔla vavã, be nànɔ kpekpem ɖe nyɔnu siawo ŋu, ame siwo ʋli kplim aduadu le nya nyui la ta hekpe ɖe Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo ŋu, ame siwo ƒe ŋkɔwo le agbegbalẽa me.+

4 Dzi nedzɔ mi le Aƒetɔ la me ɣeawokatãɣi. Megale egblɔm ake be, dzi nedzɔ mi!+ 5 Amewo katã nanyae be nugɔmeselawo+ mienye. Aƒetɔ la gogo. 6 Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o,+ ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo;+ 7 eye Mawu ƒe ŋutifafa,+ si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo+ kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.

8 Mlɔeba la, nɔviwo, nu siwo katã nye nyateƒe, nu siwo katã dze na bubu, nu siwo katã le dzɔdzɔe, nu siwo katã le dzadzɛ, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, nu siwo katã ŋu woƒoa nu nyui le, nu siwo katã nye nuwɔna nyui, kple nu siwo katã dze na kafukafu la, minɔ nu siawo ŋu bum.+ 9 Nu siwo miesrɔ̃, eye miexɔ, eye miese, eye miekpɔ le gbɔnye la, minɔ nu siawo dzi;+ ekema ŋutifafa ƒe Mawu la anɔ anyi kpli mi.

10 Mele dzidzɔ geɖe kpɔm le Aƒetɔ la me be miegatsɔ ɖe le eme nam ake.+ Togbɔ be mienɔ ŋunye bum hã la, mɔnukpɔkpɔ mesu mia si mieɖee fia o. 11 Menye ɖe mele esia gblɔm abe ɖe nu hiãm ene o, elabena mesrɔ̃e be le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, nu siwo le asinye la nadze ŋunye.+ 12 Menya ale si nu hiãa ame,+ eye menya ale si nu bɔna ɖe ame si. Le nu sia nu kple nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia be, manya ale si woɖia ƒo kple ale si dɔ wua ame, ale si nu bɔna ɖe ame si kple ale si nu hiãa ame. 13 Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.+

14 Gake miewɔe nyuie be miekpe ɖe ŋunye le nye xaxawo me. 15 Le nyateƒe me la, mi Filipitɔwo mienyae hã be esi miexɔ nya nyui la vɔ eye medzo le Makedonia la, hame aɖeke meɖo nunana ɖem o, eye nyemexɔ ɖeke tso wo gbɔ o, negbe tso miawo gbɔ ko;+ 16 elabena esime menɔ Tesalonika la, mieɖo nu siwo hiãm la ɖem, menye zi ɖeka ko o, ke boŋ zi eve sɔŋ. 17 Menye be nunana dim mele o, ke boŋ kutsetse si ana miakpɔ viɖe geɖe ɖe edzi la dim mele. 18 Ke nu siwo katã hiãm la le asinye wògbɔ edzi. Meyɔ gba go fifia esi mexɔ nu siwo mieɖo ɖem to Epafrodito+ dzi la, nu siwo nye ʋeʋẽ lilili,+ vɔsa nyui, si dzea Mawu ŋu. 19 Nye Mawu hã ana nu siwo katã ahiã mi+ la mi le eƒe kesinɔnuwo nu le ŋutikɔkɔe me to Kristo Yesu dzi. 20 Ke mía Mawu kple Fofo la tɔ nanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.

21 Mido gbe na ame kɔkɔe siwo katã wɔ ɖeka kple Kristo Yesu la nam. Nɔvi siwo le gbɔnye la do gbe na mi. 22 Ame kɔkɔewo katã do gbe na mi, vevietɔ ame siwo le Kaisaro ƒe me.+

23 Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple gbɔgbɔ si mieɖena fiana la.

Alo, “miwɔ nu abe dumevi siwo dze na.”

Alo, “mietsɔ tame ɖeka.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɖetsɔtsɔ le ame nɔewo me ƒe gbɔgbɔ.”

Alo, “miewɔ ɖeka le luʋɔ me.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “esi wokpɔe le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “dutoƒosubɔsubɔdɔ.”

Agate ŋu afia, “Aƒetɔ la.”

Alo, “luʋɔ.”

Esia fia ame siwo ƒe agbenɔnɔ nyɔ ŋu.

Esia fia ame siwo dea dzi ƒo be woatso aʋa.

Alo, “mebu wo nu búbuwoe.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒe asi su dzinye.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe