NA HEBRITƆWO
1 Le blema me la, Mawu ƒo nu zi geɖe na mía tɔgbuiwo to nyagblɔɖilawo dzi le mɔ vovovowo nu.+ 2 Azɔ le ŋkeke siawo ƒe nuwuwu la, eƒo nu na mí to Vi+ si wòtia be wòanyi nuwo katã dome,+ ame si dzi wòto wɔ nuɖoanyiawo* la dzi.+ 3 Eyae ɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fia+ eye wònye eƒe amenyenye ƒe nɔnɔme pɛpɛpɛ,+ eye wòléa nuwo katã ɖe te to eƒe nya si ŋu ŋusẽ le dzi. Eye esi wòkɔ mía ŋu tso míaƒe nu vɔ̃wo me vɔ la,+ ebɔbɔ nɔ Bubutɔ Gã la ƒe ɖusime le dziƒowo.+ 4 Ale wòva de ŋgɔ wu mawudɔlawo,+ elabena enyi ŋkɔ si ƒo wo tɔ ta sãsãsã la dome.+
5 Le kpɔɖeŋu me, mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be: “Vinyee nènye; mezu fofowò egbe”?+ Eye be: “Mazu fofoa, eye eya azu vinye”?+ 6 Ke egblɔ le ɣeyiɣi si me wòagaɖo eƒe Ŋgɔgbevi+ la ɖe anyigba dzi ŋu be: “Mawu ƒe dɔlawo katã nebɔbɔ ɖe eŋkume.”
7 Egblɔ le mawudɔlawo hã ŋu be: “Ewɔ eƒe dɔlawo+ wonye gbɔgbɔwo kple eƒe subɔlawo wonye dzo flafla.”+ 8 Ke egblɔ le Via ya ŋu be: “Mawue nye wò fiazikpui+ ɖaa tegbee, wò Fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe fiatikplɔ.* 9 Èlɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye nèlé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ. Esia tae Mawu, wò Mawu, si dzidzɔmi na wò+ wu hawòtiwo.”+ 10 Eye wògagblɔ be: “Oo Aƒetɔ, wòe ɖo anyigba gɔme anyi le gɔmedzedzea me, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔ. 11 Wo nu ava yi, ke wò ya ànɔ anyi; wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene, 12 eye àŋlɔ wo abe awu ene, abe avɔ ene, woaɖɔli wo. Ke wò la, nenema ko nèle, eye nuwuwu meli na wò ƒewo gbeɖe o.”+
13 Ke mawudɔlawo dometɔ ka ŋue wògblɔ le kpɔ be: “Bɔbɔ nɔ nye ɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui”?+ 14 Alo menye gbɔgbɔwoe wo katã wonye hena subɔsubɔdɔ* kɔkɔe wɔwɔ,+ eye wodɔa wo ɖa be woasubɔ ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ dome la oa?
2 Esia tae wòle vevie na mí be míalé to ɖe nu siwo míesena la ŋu geɖe wu,+ ale be míagatra mɔ gbeɖe o.+ 2 Elabena ne nya si wogblɔ to mawudɔlawo dzi+ la nye esi ŋu kakaɖedzi le, eye dzidada ɖe sia ɖe kple tomaɖomaɖo ɖe sia ɖe xɔ eŋuti tohehe le dzɔdzɔenyenye nu la,+ 3 ekema aleke míawɔ asi, ne míetsɔ ɖeke le ɖeɖekpɔkpɔ gã sia gbegbe me o?+ Elabena esia ŋuti nya mía Aƒetɔ la gblɔ gbã,+ eye ame siwo see la ɖo kpe edzi na mí, 4 esime Mawu ŋutɔ hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽdɔ vovovowo+ kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana siwo wòna le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu nu la, ɖi ɖase kpe ɖe wo ŋuti.+
5 Elabena menye mawudɔlawo tee wòtsɔ xexe si gbɔna,+ si ŋu míele nu ƒom tsoe la, de o. 6 Ke ɖasefo aɖe gblɔ le afi aɖe be: “Nu kae amegbetɔ nye, be nèɖoa ŋku edzi, alo amegbetɔvi nye, be nèléa be nɛ?+ 7 Èwɔe wòbɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo; eye nèɖɔ ŋutikɔkɔe kple bubu nɛ, eye nètsɔe ɖo wò asinudɔwɔwɔwo nu. 8 Ètsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te.”+ Esi Mawu tsɔ nuwo katã de ete la,+ megblẽ naneke ɖi, si metsɔ de ete o.+ Gake fifia la, medze ƒãa na mí haɖe be nuwo katã le ete o.+ 9 Ke míekpɔ Yesu, ame si wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo la,+ fifia woɖɔ ŋutikɔkɔe kple bubu nɛ esi wòkpe fu heku,+ ale be to Mawu ƒe amenuveve me la, wòaɖɔ ku kpɔ ɖe amewo katã ta.+
10 Elabena esɔ be ame si ta nuwo katã va li, ame si me nuwo katã to va la, esi wòkplɔ vi geɖewo yi ŋutikɔkɔe me la,+ ena woƒe Kplɔla Vevitɔ si dzi wotona kpɔa ɖeɖe+ la zu blibo to fukpekpewo me.+ 11 Elabena ame si le amewo ŋu kɔm kple ame siwo ŋu kɔm wole+ la siaa dzɔ tso ame ɖeka me,+ eye le esia ta ŋu mekpee be wòayɔ wo be nɔviwo o,+ 12 esi wògblɔ be: “Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ la na nɔvinyewo; madzi ha akafu wò le amehawo dome.”+ 13 Egagblɔ hã be: “Maɖo ŋu ɖe eŋu.”+ Eye wògagblɔ be: “Kpɔ ɖa! Nye kple vi siwo Yehowa* nam lae nye esi.”+
14 Eya ta esi wònye ‘viawo’ nye gomekpɔlawo le ʋu kple ŋutilã me ta la, eya hã kpɔ gome le nu mawo ke me,+ ale be wòato eƒe ku la dzi axɔ ŋusẽ le ame si ate ŋu ahe ku vɛ la si,+ si nye Abosam,+ 15 eye be wòana ablɔɖe ame siwo katã zu kluviwo le woƒe agbenɔɣi katã le vɔvɔ̃ na ku ta.+ 16 Elabena le nyateƒe me la, menye mawudɔlawo ŋue wòle kpekpem ɖo kura o, ke Abraham ƒe dzidzimevi la boŋ ŋue.+ 17 Eya ta eva hiã be wòava nɔ abe “nɔviawo” ene le goawo katã me,+ be wòazu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le nu siwo ku ɖe Mawu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu me, ne wòasa avulévɔ+ ɖe dukɔ la ƒe nu vɔ̃wo ta.+ 18 Esi eya ŋutɔ kpe fu esi wodoe kpɔ ta la,+ ate ŋu akpe ɖe ame siwo le dodokpɔ me tom la ŋu.+
3 Eya ŋuti nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ ƒe gomekpɔlawo,+ mibu apostolo kple nunɔlagã si me míeʋuna la ŋu—si nye Yesu.+ 2 Ewɔ nuteƒe na Ame si ɖoe,+ abe ale si Mose hã wɔ nuteƒe le Ame ma ƒe aƒe la katã me ene.+ 3 Elabena wobu eya amea* be edze na ŋutikɔkɔe geɖe+ wu Mose, elabena ame si tso aƒe la dze na bubu gã wu aƒea. 4 Nyateƒee, aƒe sia aƒe la, amee tsonɛ, ke ame si wɔ nuwo katãe nye Mawu. 5 Ke Mose, si nye subɔvi, la wɔ nuteƒe le Ame ma ƒe aƒe la katã me be wòanye ɖaseɖiɖi le nya siwo woava gblɔ emegbe la ŋu. 6 Ke Kristo, ame si le Mawu ƒe aƒe la nu, wɔ nuteƒe abe vi+ ene. Míawoe nye Eƒe aƒe+ la, nenye be míelé míaƒe nuƒoƒo faa kple mɔkpɔkpɔ si ŋu míeƒoa adegbe le la me ɖe asi sesĩe va se ɖe nuwuwu.
7 Eya ta abe ale si gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe ene la,+ “Egbe ne miese eƒe gbe la, 8 migasẽ dzi me, abe ale si wowɔ le ɣeyiɣi si me wodo dɔmedzoe nam vevie le ŋkeke si wodom kpɔ le gbea dzi,+ 9 afi si mia tɔgbuiwo dom kpɔ hetem kpɔ le, togbɔ be wokpɔ nye dɔwɔwɔwo ƒe blaene sɔŋ hafi la ene o.+ 10 Esia tae dzidzime ma ƒe nu nyɔ ŋu nam, eye megblɔ be: ‘Woƒe dzi traa mɔ ɣesiaɣi, eye womenya nye mɔwo o.’ 11 Eya ta meka atam le nye dziku me be: ‘Womayi ɖe nye dzudzɔ la me o.’”+
12 Nɔviwo, mikpɔ nyuie be dzi vɔ̃ɖi maxɔse nagaɖo mia dometɔ aɖeke me, le esi wòle tetem ɖa le Mawu gbagbe la gbɔ ta o;+ 13 ke boŋ miyi edzi mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si woyɔnɛ be “Egbe,”+ ale be nu vɔ̃ ƒe amebleŋusẽ nagana mia dometɔ aɖeke ƒe dzi me nasẽ o. 14 Elabena ne míelé kakaɖedzi si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe va se ɖe nuwuwu ko hafi míazu gomekpɔlawo ŋutɔŋutɔ kple Kristo.+ 15 Wogblɔ be, “Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ dzi me, abe ale si wowɔ le ɣeyiɣi si me wodo dɔmedzoe nɛ vevie ene o.”+
16 Elabena ame kawoe see, evɔ wodo dɔmedzoe nɛ vevie? Alo menye ame siwo katã Mose kplɔ dzoe le Egipte lae oa?+ 17 Azɔ hã, ame kawo ƒe nue nyɔ ŋu na Mawu ƒe blaene sɔŋ?+ Alo menye ame siwo wɔ nu vɔ̃, siwo ƒe kukuawo tsi gbea dzi lae oa?+ 18 Eye ame kawoe wòka atam gblɔ na be, womade yeƒe dzudzɔ la me o? Ðe menye ame siwo sẽ to lae oa? 19 Eya ta míekpɔe be womete ŋu yi ɖe eme o le dzimaxɔse ta.+
4 Eya ta esi eƒe dzudzɔ la me yiyi ƒe ŋugbedodo kpɔtɔ li ta la, mina míanɔ ŋudzɔ, ne menye nenema o la, ato mia dometɔ aɖewo ŋu.+ 2 Elabena wogblɔ nya nyui la na míawo hã,+ abe woawo ke ene; ke nya si wose la meɖe vi na wo o, elabena woƒe xɔse mewɔ ɖeka kple ame siwo see la tɔ o. 3 Mí ame siwo xɔe se la, míeyina ɖe dzudzɔ la me, abe ale si wògblɔ ene be: “Eya ta meka atam le nye dziku me be, ‘Womayi ɖe nye dzudzɔ la me o,’”+ togbɔ be ewu eƒe dɔwɔwɔwo nu tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi* ke hã.+ 4 Elabena egblɔ le afi aɖe le ŋkeke adrelia ŋu be: “Eye Mawu dzudzɔ tso eƒe dɔwɔwɔwo katã me le ŋkeke adrelia dzi,”+ 5 eye wògagblɔ le afi sia be: “Womayi ɖe nye dzudzɔ la me o.”+
6 Eya ta esi wòsusɔ be ame aɖewo nayi ɖe eme, eye ame siwo wogblɔ nya nyui la na gbã la meyi ɖe eme o le tomaɖomaɖo ta la,+ 7 egaɖo ŋkeke ɖi, esi wògagblɔ emegbe ʋĩi le David ƒe psalmo aɖe me be “Egbe”; abe ale si míegblɔe va yi ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ dzi me o.”+ 8 Elabena ne ɖe Yosua+ kplɔ wo yi dzudzɔƒe la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu ŋu emegbe o. 9 Eya ta sabat ƒe dzudzɔ aɖe gakpɔtɔ li na Mawu ƒe amewo.+ 10 Elabena ame si yi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ me la, eya hã dzudzɔ tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me, abe ale si ko Mawu hã dzudzɔ tso eya ŋutɔ tɔwo me ene.+
11 Eya ta mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míayi ɖe dzudzɔ ma me, ale be ame aɖeke nagadze tomaɖomaɖo ƒe nuwɔna ma tɔgbi me o.+ 12 Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu,+ eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee,+ eye wòƒona ɖe ame yi ɖamaa keke luʋɔ* kple gbɔgbɔ* me, kpakple ƒunukpeƒewo kple ƒutomemi me, eye wòtea ŋu dzea si tamesusuwo kple dzimedidiwo. 13 Eye nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla ɖee o,+ ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi eye wotsi ƒeƒle le ame si míabu akɔnta na la ŋkume.+
14 Azɔ esi nunɔlagã, si nye Yesu, Mawu ƒe Vi,+ si yi dziƒo la le mía si ta la, mina míayi edzi alé eya amea me ʋuʋu me ɖe asi sesĩe le dutoƒo.+ 15 Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu o lae le mía si o,+ ke boŋ ame si wodo kpɔ le go sia go me abe míawo ke ene, ke nu vɔ̃ koe mele eŋu o.+ 16 Eya ta mina dzi nanɔ mía ƒo míate ɖe amenuvevezikpui la ŋu aƒo nu faa,+ ale be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòave mía nu le hiahiãgbe.
5 Elabena nunɔlagã ɖe sia ɖe si wotia tso amegbetɔwo dome la, woɖonɛ be wòawɔ Mawu ƒe subɔsubɔdɔ ɖe amewo nu,+ ale be wòatsɔ nunanawo ana, eye wòasa vɔ ɖe nu vɔ̃wo ta.+ 2 Etea ŋu sea veve ɖe ame siwo wɔa nu le manyamanya me kple ame siwo daa vo la nu, le esi gbɔdzɔgbɔdzɔ le eya ŋutɔ hã ŋu ta, 3 eye esia tae wòle nɛ be wòasa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si ko wòwɔnɛ ɖe dukɔ la ta ene.+
4 Ame aɖeke metiaa bubunɔƒe sia na eɖokui o, negbe ɖe Mawu yɔe ko hafi, abe ale si wòyɔ Aron ene.+ 5 Nenema kee Kristo la hã medo eɖokui ɖe dzi+ heɖo eɖokui nunɔlagãe o, ke boŋ Ame si gblɔ nɛ be: “Vinyee nènye; mezu fofowò egbe,”+ lae doe ɖe dzi. 6 Abe ale si wògagblɔ le teƒe bubu hã be, “Nunɔlae nènye abe Melkizedek ene tegbee.”+
7 Le Kristo ƒe anyigbadzigbenɔnɔ me* la, etsɔ ɣlidodo sesĩwo kple aɖatsiwo ƒo koko heɖe kuku vevie+ na Ame si te ŋu ɖee tso ku me la, eye wòɖo toe le eƒe mawuvɔvɔ̃ ta. 8 Togbɔ be vi wònye hã la, esrɔ̃ toɖoɖo le fu siwo wòkpe la me.+ 9 Eye esi wona wòzu blibo vɔ la,+ eva zu ame si dzi ame siwo katã ɖoa toe la tona kpɔa ɖeɖe mavɔ,+ 10 elabena Mawu ŋutɔe da ŋkɔ ɖe edzi be enye nunɔlagã abe Melkizedek ene.+
11 Nya geɖewo li míagblɔ tso eya amea ŋu, gake wo me ɖeɖe sesẽ, le esi nugɔmesese* zu dɔ na mi ta. 12 Elabena va ɖo fifia la, ɖe wòle be mianye nufialawo hafi, gake egahiã be woafia Mawu ƒe gbedeasi kɔkɔeawo ƒe gɔmedzenuwo+ mi tso nu gbãtɔwo dzi, eye miegatrɔ zu ame siwo hiã notsi, ke menye nuɖuɖu sesẽ o. 13 Elabena ame sia ame si gakpɔtɔ noa notsi la, menya naneke le dzɔdzɔenyenye ƒe nya la ŋu o, elabena ɖevi ko wòganye.+ 14 Ke ame tsitsiwo tɔe nye nuɖuɖu sesẽ, ame siwo na hehe woƒe nugɔmeseseŋutetewo to wo zazã me, be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.
6 Eya ta esi míegblẽ Kristo la ŋuti gɔmedzenufiafiawo+ ɖi la, mina míayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ,+ eye míaganɔ gɔmeɖoanyi ɖom ake o, si nye dzimetɔtrɔ tso dɔwɔwɔ kukuwo me kple Mawu dzi xɔxɔ se, 2 nyɔnyrɔxɔxɔwo ŋuti nufiafia kple asidada ɖe ame dzi,+ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi+ kple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ. 3 Ɛ̃, míayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ ne Mawu lɔ̃.
4 Elabena ame siwo kekeli la klẽ na kpɔ,+ eye woɖɔ dziƒo ƒe nunana faa la kpɔ, eye woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la, 5 eye woɖɔ Mawu ƒe nya nyui la kple nuɖoanyi* si gbɔna la ƒe ŋusẽwo kpɔ, 6 gake wode megbe la,+ manya wɔ be woagawɔ wo yeye hena dzimetɔtrɔ o, elabena wogahe Mawu ƒe Vi la ɖe ati ŋu ake na wo ɖokui, eye wodoa ŋukpee le gaglãgbe.+ 7 Elabena anyigba la xɔa yayra tso Mawu gbɔ, ne enoa tsi si dzana ɖe edzi enuenu, eye wòmiea nu siwo ɖea vi na ame siwo ŋlɔe la. 8 Ke ne emiea ŋùwo kple srẽwo la, woɖea asi le eŋu, eye ɖeko wòle abe ɖe woƒo fi dee ene, eye mlɔeba wotɔa dzoe.
9 Ke lɔlɔ̃tɔwo, togbɔ be míele nu ƒom alea hã, le miawo ya gome la, míeka ɖe nu siwo nyo wu la dzi, siwo nye nu siwo hea ɖeɖekpɔkpɔ vanɛ. 10 Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta,+ esi miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o. 11 Ke míedi be mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe veviedodo ma ke afia, ne mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo la nanɔ mia si+ va se ɖe nuwuwu,+ 12 ale be miaganye kuviatɔwo o,+ ke boŋ mianye ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi ŋugbedodowo dome la srɔ̃lawo.
13 Elabena esime Mawu do ŋugbe na Abraham la, esi ame aɖeke melolo wui wòatsɔ aka atam o ta la, etsɔ eɖokui ka atam+ 14 gblɔ be: “Mayra wò godoo, eye mana nàdzi asɔ gbɔ ɖe edzi.”+ 15 Eya ta esi Abraham gbɔ dzi ɖi la, eƒe asi su ŋugbedodo sia dzi. 16 Elabena ame si lolo wu lae wotsɔna kaa atam, eye woƒe atamkaka la nyea nyahehe ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu, elabena enyea kpeɖodzinu le se nu na wo.+ 17 Nenema kee esime Mawu ɖoe be yeaɖee afia ŋugbedodo la ƒe domenyilawo+ kɔtɛ wu be yeƒe tameɖoɖo metrɔna o la, eka atam tsɔ ɖo kpe edzi, 18 ale be le nu eve siwo metrɔna o, siwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o me la,+ dzideƒo sẽŋu nanɔ mí ame siwo sii tso la si be míalé mɔkpɔkpɔ si woɖo mía ŋkume la me ɖe asi sesĩe. 19 Mɔkpɔkpɔ sia le mía si+ abe seke ene na míaƒe luʋɔwo,* kakaɖedzi le eŋu, eye wòli ke, eye wòto xɔmetsovɔ la me yi,+ 20 afi si ŋgɔdola la yi ɖe mía ta le, si nye Yesu,+ ame si zu nunɔlagã abe Melkizedek ene yi mavɔmavɔ me.+
7 Elabena Melkizedek sia, si nye Salem-fia, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla, va do go Abraham esime wòtrɔ tso fiawo siƒe gbɔna, eye wòyrae,+ 2 eye Abraham tsɔ nuwo katã ƒe ewolia nɛ. Gbã la, eƒe ŋkɔ gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenyefia,” eye wòganye Salem-fia hã, si gɔmee nye “Ŋutifafafia.” 3 Esi wònye tɔ kple nɔ kpakple dzidzime ŋuti nuŋlɔɖi aɖeke mele esi o, eye eƒe dzidzi alo ku ŋuti nuŋlɔɖi aɖeke meli o, ke boŋ wona wòle abe Mawu ƒe Vi la ene ta la, enye nunɔla tso mavɔ me yi mavɔ me.+
4 Mikpɔ ale si gbegbe ame sia, si ƒome ƒe ta* Abraham tsɔ nu siwo wòha la ƒe nyuitɔwo ƒe ewolia na la,+ nye ame vevii ɖa. 5 Nyateƒee, le Se la nu la, wogblɔ na Lewi+ viwo dometɔ siwo woɖoa nunɔlawoe la be woaxɔ nuwo ƒe ewolia tso dukɔ si nye wo nɔviwo si,+ togbɔ be woawo hã wonye Abraham ƒe dzidzimeviwo* hã. 6 Ke ame sia si medzɔ tso woƒe ƒomea me o la, xɔ nuwo ƒe ewolia le Abraham si, eye wòyra ame si si ŋugbedodoawo le la.+ 7 Ðikeke aɖeke mele eme o be, ame si nye gãtɔ lae yra ame si nye suetɔ la. 8 Le Lewi viwo gome la, woxɔa nuwo ƒe ewolia eye wonye ame siwo kuna, ke le ame evelia si xɔ nuwo ƒe ewolia ya gome la, Ŋɔŋlɔawo ɖi ɖase le eŋu be ele agbe.+ 9 Eye woate ŋu agblɔ be Lewi, ame si xɔa nuwo ƒe ewolia, gɔ̃ hã to Abraham dzi na nuwo ƒe ewolia, 10 elabena tɔgbuia medzii haɖe o* esime Melkizedek va kpee.+
11 Eya ta ne ɖe woate ŋu aɖo blibodede gbɔ to Lewitɔwo ƒe nunɔlanyenye+ dzi (elabena ekpe ɖe se si wotsɔ na dukɔa ŋu) la, ekema nu ka tae wògahiã be nunɔla bubu nado, ame si ŋu wogblɔ le be ele abe Melkizedek+ ene, ke menye abe Aron ene o? 12 Elabena esi wole nunɔlanyenyea ɖɔlim ta la, eva hiã be woaɖɔli Se la hã.+ 13 Elabena ame si ŋuti wogblɔ nya siawo le la nye to bubu me tɔ, tso ame siwo mesubɔ le vɔsamlekpuia gbɔ kpɔ o la dome.+ 14 Eme kɔ ƒãa be mía Aƒetɔ la do tso Yuda-toa me,+ evɔ Mose megblɔ nya aɖeke be to ma me tɔwo anye nunɔlawo o.
15 Eye esia me gakɔ ɖe edzi ƒãa esi nunɔla bubu+ si le abe Melkizedek ene la do,+ 16 ame si va zu alea, menye abe ale si sea bia be wòanɔ le ŋutilã me ƒomedodo nu la ene o, ke boŋ le agbe si womate ŋu atsrɔ̃ o la ƒe ŋusẽ nu.+ 17 Elabena woɖi ɖase le eŋu be: “Nunɔlae nènye abe Melkizedek ene tegbee.”+
18 Eya ta woɖe se si do ŋgɔ la ɖa le esi wògbɔdzɔ eye meɖo eƒe taɖodzinu bliboa gbɔ o ta.+ 19 Elabena Se la mena naneke de blibo o,+ ke boŋ mɔkpɔkpɔ si nyo wu,+ si wotsɔ vɛ, si dzi míeto le tetem ɖe Mawu ŋu lae.+ 20 Eye esi wònye womeɖoe nunɔlae atamkaka manɔŋui o 21 (elabena le nyateƒe me la, ame aɖewo li siwo zu nunɔlawo atamkaka manɔŋui, ke ame sia ya zu nunɔla si ŋu atamkaka kpe ɖo, eye Ame si ka atam ma la gblɔ le eŋu be: “Yehowa* ka atam, eye matrɔ susu o* be, ‘Nunɔla nènye tegbee,’”)+ ta la, 22 Yesu hã va zu ame si da megbe na nubabla si nyo wu la.+ 23 Gawu la, ame geɖewo va zu nunɔlawo ɖe wo nɔewo yome+ le esi ku meɖe mɔ be woayi edzi asubɔ o ta, 24 ke esi eya le agbe yi mavɔmavɔ me ta la,+ ame aɖeke mexɔna ɖe eƒe nunɔlanyenye la teƒe o. 25 Eya ta ate ŋu aɖe ame siwo le tetem ɖe Mawu ŋu to eya amea dzi la bliboe hã, elabena ele agbe ɣesiaɣi, be wòaxɔ woƒe nya ɖe akɔ.+
26 Esɔ be nunɔlagã sia tɔgbie le mía si, ame si nye nuteƒewɔla, ame maɖifɔ, si ŋu ɖiƒoƒo aɖeke mele o,+ si te ɖa tso nu vɔ̃ ŋu, eye wodoe ɖe dzi boo.+ 27 Mehiã be wòanɔ vɔ sam gbe sia gbe,+ gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye emegbe ɖe dukɔ la tɔwo ta,+ abe ale si nunɔlagã mawo wɔnɛ ene o, elabena ewɔ esia zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu esime wòtsɔ eɖokui sa vɔe.+ 28 Elabena Se la ɖoa ame siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔwo le+ la nunɔlagãwoe, ke atamkanya+ si va ɖe Se la yome la ya ɖo Vi, si wona wòde blibo+ tegbee la, ɖoƒe sia.
8 Ke nya vevitɔ si le nya si gblɔm míele me lae nye esi: Nunɔlagã sia gbegbee le mía si,+ eye wòbɔbɔ nɔ Bubutɔ Gã la ƒe fiazikpui ƒe ɖusime le dziƒowo,+ 2 eye eyae nye kɔkɔeƒe+ la kple agbadɔ vavã si Yehowa* tu, eye menye amee tui o, la ƒe subɔla.* 3 Elabena woɖoa nunɔlagã ɖe sia ɖe be wòatsɔ nunanawo ana, eye wòasa vɔ; eya ta ehiã be ame sia hã natsɔ nane ana.+ 4 Ne anyigba dzie wòle la, manye nunɔla o,+ elabena amewo li, siwo tsɔa nunanawo nana le Se la nu. 5 Ame siawo le subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm wònye dziƒonuwo+ ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli;+ abe ale si ko Mawu de se na Mose esime wòle agbadɔa tu ge la ene: Elabena Egblɔ be: “Kpɔ egbɔ be nàwɔ nuawo katã ɖe nɔnɔme si wotsɔ fia wò le toa dzi la nu pɛpɛpɛ.”+ 6 Ke azɔ subɔsubɔdɔ* si nyo wu sãsãsã ye su Yesu si, elabena ezu nubabla si nyo wu+ ema la ƒe domenɔla,+ esi woɖo le se nu ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu la dzi.+
7 Ne ɖe vodada mele nubabla gbãtɔa ŋu o la, anye ne evelia mahiã o.+ 8 Elabena fɔ bumee wòle ameawo esime wògblɔ be: “‘Kpɔ ɖa! Ŋkekewo li gbɔna,’ Yehowa* ye gblɔe, ‘esime mabla nu yeye kple Israel ƒe aƒe la kpakple Yuda ƒe aƒe la. 9 Manɔ abe nu, si mebla kple wo tɔgbuiwo le gbe si gbe melé woƒe alɔnu kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi la ene o,+ elabena womeyi edzi lé nu, si mebla kpli wo la me ɖe asi o, eya ta medzudzɔ beléle na wo,’ Yehowa* ye gblɔe.
10 “‘Elabena esiae nye nu, si mabla kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke mawo megbe,’ Yehowa* ye gblɔe. ‘Matsɔ nye sewo ade woƒe susu me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo me.+ Manye woƒe Mawu, eye woawo woanye nye dukɔ.+
11 “‘Eye ame aɖeke magafia nu ehavi kple nɔvia agblɔ be: “Dze si Yehowa!”* o. Elabena wo katã woadze sim, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi. 12 Elabena makpɔ nublanui na wo le woƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo me, eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o.’”+
13 Esi wògblɔ be “nubabla yeye” la, ena gbãtɔ la do xoxo.+ Ke nu si do xoxo eye enu le yiyim la, eteƒe madidi hafi woaɖee ɖa keŋ o.+
9 Le nubabla tsãtɔ gome la, subɔsubɔdɔ kɔkɔe ŋuti sewo nɔ anyi, eye eƒe kɔkɔeƒe+ la nɔ anyigba dzi. 2 Elabena wotu agbadɔ la ƒe akpa gbãtɔ si me akaɖiti+ kple kplɔ̃ kpakple ŋkumeɖobolowo+ nɔna la; eye woyɔnɛ be Kɔkɔeƒe+ la. 3 Ke le xɔmetsovɔ evelia godo la,+ agbadɔ la ƒe akpa si woyɔna be Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la+ li. 4 Nu siwo le afi siae nye sikadzudzɔdosonu+ kple nubablaɖaka+ si ŋu wofa sika ɖo keŋ kpe ɖo,+ si me sikaze si me mana+ le la kple Aron ƒe atikplɔ si ƒo se+ kpakple nubabla ƒe kpe gbadzɛawo+ le; 5 ke ŋutikɔkɔe ƒe kerubiwo le aɖaka la tame, eye wodo vɔvɔli ɖe avulénutunu*+ la dzi. Ke menye fifiae míanɔ nu ƒom le nu siawo ŋu tsitotsito o.
6 Esi wotui alea vɔ la, nunɔlawo gena ɖe agbadɔ la ƒe akpa gbãtɔ me edziedzi be woawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe;+ 7 ke nunɔlagã la ɖeɖe koe gena ɖe akpa evelia ya zi ɖeka ƒe ɖeka,+ eye megena ɖe eme o, negbe ɖe wòtsɔ ʋu+ si wòana ɖe eya ŋutɔ+ kple dukɔ+ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me ta la ɖe asi hafi. 8 Ale gbɔgbɔ kɔkɔe la na wòdze ƒãa be, zi ale si agbadɔ gbãtɔ la gakpɔtɔ li la, womeɖe mɔ si yi kɔkɔeƒe emetɔ la fia o.+ 9 Agbadɔ sia tututu nye kpɔɖeŋu na nu siwo li le fifi ɣeyiɣi sia me,+ eye wonaa nunanawo hesaa vɔwo le ɖoɖo sia nu.+ Gake nu siawo mate ŋu ana ame si le subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm la ƒe dzitsinya ŋuti nadza bliboe o.+ 10 Ke nu siwo ŋu wòku ɖo la koe nye nuɖuɖuwo kple nunonowo kpakple ŋutikɔklɔkɔnu vovovowo.*+ Nu siawo nye nu siwo sea bia le ŋutilã+ nu, eye woɖoe be woanɔ ewɔm va se ɖe ɣeyiɣi ɖoɖi si dzi woana nuwo nanɔ ɖoɖo nu.
11 Ke esime Kristo va abe nu nyui siwo va li la ƒe nunɔlagã ene la, ege ɖe agbadɔ si lolo wu hede blibo wu, esi wometsɔ asi tu o, si fia be menye nuwɔwɔ sia ƒe akpa aɖeke o, la me. 12 Menye gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu ye wòtsɔ ge ɖe kɔkɔeƒe la zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu o, ke boŋ eya ŋutɔ ƒe ʋu+ ye, eye wòxɔ ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ vɛ na mí.*+ 13 Elabena ne gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu+ kpakple nyinɔe ƒe afi, si wohlẽna ɖe ame siwo ŋu mekɔ o ŋu la, klɔa ŋutilã la ŋu henana wo ŋu kɔna la,+ 14 ekema ɖe Kristo la,+ ame si to gbɔgbɔ mavɔ ƒe dɔwɔwɔ dzi tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsa si ŋu mokaka mele o ene la, ƒe ʋu maklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋu tso dɔwɔwɔ kukuwo me geɖe wu,+ ale be míawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu gbagbe la oa?+
15 Esia tae wònye nubabla yeye ƒe domenɔla ɖo,+ ale be esi wòku be yeaɖe wo tso vodada siwo wowɔ le nubabla tsãtɔ te la me to tafe+ dzi ta la, ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinu mavɔ ƒe ŋugbedodo la.+ 16 Elabena afi si nubabla le la, ele be woaɖo kpe ame si nye nublala la ƒe ku dzi, 17 elabena wonɔa te ɖe ku dzi nana nubabla wɔa dɔ, elabena zi ale si nublala* la le agbe la, ŋusẽ mele nubabla la ŋu o. 18 Eya ta womeɖo nubabla tsãtɔ la hã anyi ʋu manɔmee o. 19 Elabena esime Mose gblɔ Se la ƒe nudidiwo katã na dukɔ bliboa la, etsɔ nyitsuiwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu hekpe ɖe tsi kple alẽfu dzĩ kpakple isop gbe ŋu, eye wòhlẽ wo ɖe nubablagbalẽ la kple dukɔ blibo la ŋu 20 hegblɔ be: “Esiae nye nubabla si ƒe se Mawu de na mi be mialé eme ɖe asi la, ƒe ʋu.”+ 21 Eye wòhlẽ ʋu la ɖe agbadɔ la kple nu siwo katã wozãna le subɔsubɔdɔ* kɔkɔe me la hã ŋu nenema ke.+ 22 Ɛ̃, wotsɔa ʋu klɔa nu sia nu kloe ŋu+ le Se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, tsɔtsɔke aɖeke menɔa anyi o.+
23 Eya ta ehiã vevie be woatsɔ nu siawo+ akɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu+ la ŋu, gake dziƒonuwo ya hiã vɔsa si nyo wu sãsãsã la. 24 Elabena menye kɔkɔeƒe si wotsɔ asi wɔ,+ si nye vavãtɔ la ƒe kpɔɖeŋu,+ ye Kristo yi o, ke boŋ dziƒo ŋutɔŋutɔ wòyi,+ ale be wòado ɖe Mawu ŋkume azɔ le mía ta.+ 25 Eye menye be wòatsɔ eɖokui anɔ nanam enuenu, abe ale si nunɔlagã la tsɔa ʋu si menye eya ŋutɔ tɔ o gena ɖe kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe+ ene o. 26 Ne nenemae la, ekema ahiã be wòanɔ fu kpem enuenu tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi.* Ke azɔ eɖe eɖokui fia zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu le nuɖoanyiawo* ƒe nuwuɣi, be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa esi wòtsɔ eɖokui sa vɔe.+ 27 Eye ale si ko wòle na amewo be woaku zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, eye esia megbe ʋɔnudɔdrɔ̃ nava la, 28 nenema kee Kristo la hã tsɔ eɖokui na zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu be wòatsɔ ame geɖewo ƒe nu vɔ̃wo;+ eye zi evelia si wòado la, manye ɖe nu vɔ̃ ta o, eye ame siwo le mɔ kpɔm na woƒe ɖeɖekpɔkpɔ vevie lae akpɔe.+
10 Elabena esi wònye nu nyui siwo ava+ la ƒe vɔvɔli+ koe Se la nye, ke menye nuawo ŋutɔŋutɔ o ta la, womate ŋu* ato vɔ siwo wosana ƒe sia ƒe la dzi ana ame siwo tena ɖe eŋu la nade blibo gbeɖe o.+ 2 Ne menye nenema o la, ɖe womadzudzɔ vɔsasa oa? Elabena afia be wokɔ ame siwo le subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm la ŋu zi ɖeka ko evɔ, eye le esia ta womagase le wo ɖokuiwo me be yewonye nu vɔ̃ wɔlawo azɔ o. 3 Ke vɔsa siawo ɖoa ŋku nu vɔ̃ dzi na ame ƒe sia ƒe boŋ,+ 4 elabena nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu mate ŋu aɖe nu vɔ̃wo ɖa o.
5 Esia tae esime wòva xexea me la, egblɔ be: “‘Menye vɔsawo kple nunanawoe nèdina o, ke boŋ èdzra ŋutilã ɖo ɖi nam. 6 Numevɔsa blibowo kple nuvɔ̃vɔsa medzea ŋuwò o.’+ 7 Eye megblɔ be: ‘Kpɔ ɖa! Meva ɖo (agbalẽ xatsaxatsa la mee woŋlɔ nu ɖo le ŋunye) be, Oo Mawu, wò lɔlɔ̃nu mawɔ.’”+ 8 Egblɔ gbã be: “Menye vɔsawo kple nunanawo kple numevɔsa blibowo kpakple nuvɔ̃vɔsawoe nèdina o, eye womedzea ŋuwò hã o”—vɔ siwo wosana le Se la nue wòwɔnɛ— 9 emegbe egagblɔ be: “Kpɔ ɖa! Meva ɖo be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.”+ Eɖe nu gbãtɔ la ɖa, be wòaɖo evelia anyi. 10 Le eƒe “lɔlɔ̃nu”+ sia nu la, wokɔ mía ŋu to Yesu Kristo ƒe ŋutilã si wotsɔ na zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la dzi.+
11 Azɔ hã nunɔla ɖe sia ɖe nɔa eƒe teƒe gbe sia gbe nɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe+ wɔm eye wòsaa vɔ mawo ke enuenu,+ siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃wo ɖa keŋkeŋ gbeɖe o.+ 12 Ke eya sa vɔ zi ɖeka ɖe nu vɔ̃wo ta ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, eye wòbɔbɔ nɔ Mawu ƒe ɖusime,+ 13 eye tso ɣemaɣi wòle lalam va se ɖe esime woatsɔ eƒe futɔwo awɔ eƒe afɔɖodzinui.+ 14 Elabena vɔsa ɖeka dzi wòto na ame siwo ŋu wokɔ la de blibo+ hena ɣeyiɣiawo katã. 15 Gawu la, gbɔgbɔ kɔkɔe la hã ɖia ɖase na mí, elabena egblɔ gbã be: 16 “‘Esiae nye nu, si mabla kpli wo le ŋkeke mawo megbe,’ Yehowa* ye gblɔe. ‘Matsɔ nye sewo ade woƒe dziwo me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe susuwo me.’”+ 17 Egagblɔ be: “Eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo kple woƒe dzidadawo dzi azɔ o.”+ 18 Ke ne wotsɔ nu siawo ke la, vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta megali o.
19 Eya ta nɔviwo, dzideƒo le mía si be míate ŋu akpɔ mɔ age ɖe kɔkɔeƒe+ la to Yesu ƒe ʋu la dzi. 20 Eʋu mɔ yeye sia si nye agbemɔ na mí esi wòto xɔmetsovɔ,+ si nye eƒe ŋutilã, la me yi. 21 Eye esi nunɔlagã si le Mawu ƒe aƒe+ la nu le mía si ta la, 22 mina míate ɖe Mawu ŋu kple dzi nyateƒetɔ kple xɔse blibo, esi wohlẽ ʋu ɖe míaƒe dziwo ŋu tsɔ kɔ wo ŋu tso dzitsinya vɔ̃ɖi+ me, eye wole tsi dzadzɛ na míaƒe ŋutilãwo la ta.+ 23 Mina míalé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu me ɖe asi sesĩe maʋamaʋãe,+ elabena ame si do ŋugbea la, nuteƒewɔlae wònye. 24 Eye mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ,+ 25 eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi,+ abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo,+ eye míawɔe geɖe wu, zi ale si miekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom la.+
26 Elabena ne nyateƒe la ƒe sidzedze vavãtɔ su mía si hafi míegaɖoe le nu vɔ̃ wɔm la,+ ekema vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o,+ 27 ke boŋ ɖeko míanɔ mɔ kpɔm kple vɔvɔ̃ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kpakple dziku helĩhelĩ si gbɔna tsitretsiɖeŋulawo dzi la.+ 28 Wowua ame sia ame si do vlo Mose ƒe Sea la nublanuimakpɔmakpɔe, le ame eve alo etɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi nu.+ 29 Tohehe si sesẽ wu kae miesusu be adze na ame si tu afɔ Mawu ƒe Vi la dzi, eye wòbu nubabla ƒe ʋu+ si wotsɔ kɔ eŋu la nu maɖinui hedo vlo amenuvevegbɔgbɔ la?+ 30 Elabena míenya Ame si gblɔ be: “Tɔnyee nye hlɔ̃biabia; maɖo eteƒe.” Eye wògagblɔ be: “Yehowa* adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ la.”+ 31 Ŋɔdzinu wònye be ame nadze Mawu gbagbe la ƒe asi me.
32 Gake minɔ ŋku ɖom edzi be le tsãŋkekewo me la, esi miekpɔ kekelia vɔ megbe la,+ miedo dzi eye mieʋli vevie le fukpekpewo me. 33 Ɣeaɖewoɣi la, wodo ŋukpe mi le dutoƒo,* eye mieto xaxawo me, eye ɣebubuɣiwo la, miekpe fu mawo ke kpli wo.* 34 Elabena miese veve ɖe ame siwo le gaxɔ me la nu, eye esi woha miaƒe nuwo la, miexɔe kple dzidzɔ,+ elabena mienyae be nunɔamesi si nyo wu eye wònɔa anyi ɖaa lae le mia si.+
35 Eya ta migatsɔ miaƒe dzideƒo,* si teƒeɖoɖo gã li na la, ƒu gbe o.+ 36 Elabena ehiã be miado dzi,+ ale be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu vɔ la, miaƒe asi nasu ŋugbedodo la dzi. 37 Elabena “esusɔ vie ko,”+ eye “ame si gbɔna la ava ɖo, eye mahe ɖe megbe o.”+ 38 “Ke nye ame dzɔdzɔe la ƒe xɔsee ana wòanɔ agbe,”+ eye “ne egbugbɔ ɖe megbe la, nyemakpɔ* ŋudzedze ɖe eŋu o.”+ 39 Ke míenye ame siwo gbugbɔna ɖe megbe yia tsɔtsrɔ̃ me la dometɔwo o,+ ke boŋ ame siwo si xɔse le, si ana woaxɔ mí* ɖe agbe la dometɔwoe míenye.
11 Xɔse nye dziɖoɖo ɖe nu si wole mɔ kpɔm na la ŋu kakaɖedzitɔe+ kple kpeɖodzi si dze ƒãa be nu siwo kpɔm womele o la li ŋutɔŋutɔ. 2 Elabena esia dzie blematɔwo to kpɔ ɖaseɖiɖi na wo ɖokuiwo.
3 Le xɔse me míekpɔe dze sii be woɖo nuɖoanyiwo* anyi le Mawu ƒe nya la nu, ale be nu si wokpɔna la dzɔ tso nu siwo medzena wokpɔna o la me.
4 Le xɔse me Abel tsɔ vɔsa si nyo wu Kain+ tɔ la na Mawu, eye to xɔse sia dzi wòkpɔ ɖaseɖiɖi be enye ame dzɔdzɔe, elabena Mawu xɔ eƒe nunanawo,+ eye togbɔ be eku hã la, egale nu ƒom+ to eƒe xɔse me.
5 Le xɔse me wokɔ Enok+ dzoe, be wòagakpɔ ku o, eye womegakpɔe le afi aɖeke o, elabena Mawu kɔe dzoe;+ elabena hafi woakɔe adzoe la, ekpɔ ɖaseɖiɖi be eƒe nu dze Mawu ŋu nyuie. 6 Gawu la, ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze Mawu ŋu nyuie o, elabena ele be ame sia ame si tena vaa Mawu gbɔ la naxɔe ase be eli, eye wònyea teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie la.+
7 Le xɔse me Noa,+ esime Mawu na toklãe tso nu siwo womekpɔ haɖe o ŋu la,+ eɖe mawuvɔvɔ̃ fia, eye wòkpa aɖakaʋu+ hena eƒemetɔwo ɖeɖe; eye to xɔse sia me la, ebu fɔ xexea,+ eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.
8 Le xɔse me Abraham,+ esime woyɔe la, eɖo to hedo go yi teƒe si woɖo be wòaxɔ wòanye eƒe domenyinu la; eye wòdzo, togbɔ be menya afi si yim wòle o hã.+ 9 Le xɔse me eyi ɖanɔ ŋugbedodonyigba la dzi le dzronyigba dzi abe amedzro ene,+ eye eya kple Isak kpakple Yakob, ame siwo hã nye ŋugbedodo ma tututu ƒe domenyilawo+ la, nɔ agbadɔwo+ me. 10 Elabena enɔ du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na la lalam, du si ƒe aɖaŋuwɔla kple tsolae nye Mawu.+
11 Le xɔse me wona ŋusẽ Sara hã wòfɔ fu dzi vi,* esime wòtsi to vidzidzi me kura gɔ̃ hã,+ elabena ebu Ame si do ŋugbea la nuteƒewɔlae. 12 Esia tae tso ame ɖeka, si ƒe vidzidziŋutete ku*+ la, mee wodzi vi+ siwo sɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, abe ƒutake siwo mele xexlẽ me o la ene.+
13 Le xɔse me ame siawo katã ku, togbɔ be woƒe asi mesu ŋugbedodoawo dzi o hã;+ ke wokpɔ wo le adzɔge ɖaa,+ eye wodo ɖoaƒe na wo, eye woʋu eme be yewonye amedzrowo kple ame siwo le anyigba la dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe. 14 Elabena ame siwo gblɔe nenema la ɖee fia be yewole teƒe si azu yewo ŋutɔwo tɔ la dim vevie. 15 Ke ne ɖe wona woƒe susu kpɔtɔ nɔ teƒe si woʋu tso dzi la,+ anye ne mɔnukpɔkpɔ su wo si wogbugbɔ yi. 16 Ke azɔ la, nɔƒe si nyo wu la le wo dzrom, si nye dziƒo tɔ. Eya ta mekpe ŋu na Mawu be woayɔ ye be woƒe Mawu o,+ elabena edzra du ɖo ɖi na wo.+
17 Le xɔse me Abraham, esime wodoe kpɔ la,+ etsɔ Isak na, eya, ame si xɔ ŋugbedodoawo kple dzidzɔ la, tsɔ eƒe tenuvi+ la sa vɔe kloe, 18 togbɔ be wogblɔ nɛ be, “Ame si woayɔ be ‘wò dzidzimevi’ la adzɔ tso Isak me” hã.+ 19 Ke ebui be Mawu ate ŋu afɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye exɔe tso ku me hã le kpɔɖeŋumɔ nu.+
20 Le xɔse me kee Isak yra Yakob+ kple Esau+ le nu siwo ava va la ŋu.
21 Le xɔse me Yakob, esime wòsusɔ vie wòaku la,+ eyra Yosef viŋutsuawo dometɔ ɖe sia ɖe,+ eye wòziɔ ɖe eƒe atizɔti ŋu de ta agu.+
22 Le xɔse me Yosef, esime eƒe kuɣi gogo la, eƒo nu tso Israel-viwo ƒe ʋuʋu la ŋu, eye wòde se le eƒe ƒuwo ŋu.*+
23 Le xɔse me, esime wodzi Mose la, edzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ,+ elabena wokpɔe be ɖevi la dze ɖeka,+ eye womevɔ̃ fia ƒe sedede la o.+ 24 Le xɔse me Mose, esime wòtsi la,+ egbe be woagayɔ ye be Farao vinyɔnu la ƒe vi o,+ 25 eye wòtiae be yeakpe fu kple Mawu ƒe dukɔ la, wu be yease nu vɔ̃ ƒe vivi si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko, 26 elabena ebu ŋukpe si wodoe abe Kristo* la ene be exɔ asi sãsãsã wu Egipte ƒe kesinɔnuwo, elabena eƒe ŋku nɔ teƒeɖoɖofetu la dzi tututu. 27 Le xɔse me edzo le Egipte,+ ke mevɔ̃ fia ƒe dziku la o,+ elabena eyi edzi nɔ te sesĩe, abe ɖe wòle Ame si womekpɔna o la kpɔm ene.+ 28 Le xɔse me eɖu Ŋutitotoŋkekenyui la hewɔ ɖe ʋuhehlẽ ƒe ɖoɖo la dzi, ale be nutsrɔ̃la la nagaka asi woƒe ŋgɔgbeviwo+ ŋu o.
29 Le xɔse me woto Ƒudzĩ la me abe anyigba ƒuƒui dzi ene,+ ke esi Egiptetɔwo tee kpɔ la, ƒu la mi wo.+
30 Le xɔse me Yeriko gliawo mu esi wozɔ ƒo xlãe ŋkeke adre megbe.+ 31 Le xɔse me Rahab, gbolo la, metsrɔ̃ kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o, elabena exɔ ŋkutsalawo le ŋutifafa me.+
32 Eye nya kae magagblɔ? Elabena ɣeyiɣi mele asinye be maƒo nu tso Gideon,+ Barak,+ Samson,+ Yefta,+ David+ kpakple Samuel+ kple nyagblɔɖila bubuawo ŋu o. 33 Le xɔse me woɖu fiaɖuƒewo dzi,+ wowɔ nu dzɔdzɔe, xɔ ŋugbedodowo,+ mia nu na dzatawo,+ 34 tsi dzo ƒe ŋusẽ nu,+ si le yi nu,+ wona ŋusẽ ɖo wo ŋu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me,+ wowɔ kalẽ le aʋawɔwɔ me,+ wosi aʋakɔ siwo tso ɖe wo ŋu la keŋkeŋ.+ 35 Wofɔ nyɔnu siwo ƒe amewo ku la ɖe tsitre na wo,+ ke wowɔ fu ame bubuwo vevie, elabena womelɔ̃ be yewoana ta ale be yewoakpɔ ablɔɖe le mɔ aɖe nu o, be yewoakpɔ tsitretsitsi si nyo wu la. 36 Ɛ̃, wote ame bubuwo kpɔ esi woɖu fewu le wo ŋu eye woƒo wo, gawu la, wokpe bablawo+ kple gaxɔmenɔnɔwo+ ƒe fu. 37 Woƒu kpe wo,+ wote wo kpɔ, wodze wo ɖe eve kple laxalaxa, wowu wo kple yi,+ wonɔ tsatsam le alẽgbalẽwo me, le gbɔ̃gbalẽwo me,+ esime wole hiã me, le xaxa me,+ le fuwɔwɔ+ wo me; 38 eye xexea medze wo o. Wotsa tsaglãla le gbedzi kple towo dzi kpakple anyigba dzi agadowo+ kple ʋewo me.
39 Togbɔ be ame siawo katã kpɔ ɖaseɖiɖi nyui na wo ɖokuiwo le woƒe xɔse ta hã la, womekpɔ ŋugbedodo la me vava o, 40 elabena Mawu kpɔ nane si nyo wu la da ɖi na mí,+ ne woagawɔ wo bliboe míawo manɔmee o.
12 Eya ta esi ɖasefowo ƒe alilikpo gã sia gbegbe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nu vɔ̃ si ɖea to ɖe mí bɔbɔe la ɖa,+ eye mina míatsɔ dzidodo anɔ duɖimekeke si woɖo na mí la dzi,+ 2 esi míaƒe ŋku le Yesu,+ si nye míaƒe xɔse ƒe Kplɔla Vevitɔ kple Ame si na míaƒe xɔse de blibo la ŋu tututu. Le dzidzɔ si wotsɔ ɖo eŋkume ta la, edo dzi kpe fuwɔameti* ŋuti fu, eye mebu ŋukpe ɖe naneke me o, eye wòbɔbɔ nɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe ɖusime.+ 3 Ɛ̃, mibu ame si do dzi kpe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe tsitretsiɖeŋunya+ si gblẽ nu le woawo ŋutɔwo ŋu ƒe fu la ŋu, ale be ɖeɖi nagate mia ŋu miana ta o.*+
4 Le avu si wɔm miele kple nu vɔ̃ me la, miekpɔ ɖo afi si wòhiã be woakɔ miaƒe ʋu ɖi le haɖe o. 5 Eye mieŋlɔ nuxlɔ̃ame si wona mi abe viwo ene la be keŋkeŋ, si nye: “Vinye, mègabu Yehowa* ƒe amehehe nu tsɛ o, eye ne eɖɔ wò ɖo la, dzi megaɖe le ƒowò o; 6 elabena ame si Yehowa* lɔ̃na la, eyae wòhea to na, le nyateƒe me la, ame sia ame si wòxɔ abe vi ene lae wòƒona.”+
7 Ehiã be miado dzi elabena enye mia ɖɔɖɔɖo* ƒe akpa aɖe. Ðe Mawu le nu wɔm ɖe mia ŋu abe viwo ene.+ Elabena vi kae li, si fofoa mehea to na o?+ 8 Ne ɖe womehe to sia na mi katã o la, anye ne miezu gbɔmeyaviwo, ke menye vi ŋutɔŋutɔwo o. 9 Azɔ hã, míaƒe ŋutilãmefofowo hea to na mí, eye míedea bubu wo ŋu. Ekema ɖe míalɔ̃ faa abɔbɔ mía ɖokui na Fofo si tsɔ gbɔgbɔ dzi mí la, be míanɔ agbe oa?+ 10 Elabena woawo hea to na mí ɣeyiɣi kpui aɖe le ale si wokpɔ be enyo la nu, ke eya wɔnɛ le míaƒe viɖe ta, be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye la me.+ 11 Nyateƒee, míebua tohehe aɖeke fifia dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafaku na ame siwo wotsɔe na hehee la.
12 Eya ta mido ŋusẽ asi siwo wɔ gblɔdɔɔ kple klo siwo gbɔdzɔ la,+ 13 eye miyi edzi mianɔ mɔ dzɔdzɔe ɖem na miaƒe afɔwo,+ ne nu si gli la nagaɖe ɖa le enu o, ke woada gbe le eŋu boŋ. 14 Miyi edzi mianɔ ŋutifafa me kple amewo katã,+ eye miti kɔkɔenyenye yome,+ elabena eya manɔmee la, ame aɖeke makpɔ Aƒetɔ la o. 15 Mikpɔ nyuie be Mawu ƒe amenuveve la nagage le ame aɖeke si o, ale be kè aɖeke si nye aɖi nagamie aɖe fu na mi, eye wòaƒo ɖi ame geɖewo o;+ 16 eye ame aɖeke naganye ame si ƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me alo ame si medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, abe Esau, ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye na ɖe nuɖuɖu zi ɖeka ta la ene o.+ 17 Elabena mienyae be, emegbe esi wòdi be yeanyi yayra la dome la, wogbe; elabena togbɔ be etsɔ aɖatsiwo di vevie be woatrɔ susu ɖe ye ŋu hã la,+ medze edzi o.
18 Elabena nu si gbɔ miete va la menye nu si ŋu woate ŋu aka asii o,+ menye dzo si le bibim vlavlavla,+ kple alilikpo dodo, kple viviti tsiɖitsiɖi, kple ahom,+ 19 kple kpẽ ƒe ɖiɖi+ kpakple nyawo ƒe ɖiɖi,+ esi tututu ameawo se heɖe kuku be woagagblɔ nya aɖeke akpee na yewo o la o.+ 20 Elabena womete ŋu nɔ te ɖe sedede la nu o, se lae nye: “Ne lã aɖe gɔ̃ hã ka toa ŋu la, woaƒu kpee.”+ 21 Eye nukpɔkpɔ la ɖi vɔvɔ̃ ale gbegbe be Mose gblɔ be: “Mele vɔvɔ̃m hele ƒoƒom kpakpakpa.”+ 22 Ke nu si gbɔ miawo ya miete va lae nye Zion To+ kple Mawu gbagbe la ƒe du, dziƒo Yerusalem,+ kple mawudɔla akpeakpewo 23 ƒe takpekpe gã,+ kple ŋgɔgbevi siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame, kple Mawu, si nye amewo katã ƒe Ʋɔnudrɔ̃la,+ kple ame dzɔdzɔe siwo wowɔ bliboe+ la ƒe agbe si dzi gbɔgbɔa+ kpɔ ŋusẽ ɖo, 24 kple Yesu si nye nubabla yeye+ ƒe domenɔla,+ kpakple ʋu si wohlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel ƒe ʋu.+
25 Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo* ame si le nu ƒom la o. Elabena ne ame siwo gbe toɖoɖo ame si tsɔ Mawu ƒe nya xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la mete ŋu si le tohehe nu o la, ekema aleke míawo míawɔ asi le ame si le nu ƒom na mí tso dziƒo la nui!+ 26 Ɣemaɣi la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba,+ gake azɔ edo ŋugbe be: “Egasusɔ zi ɖeka, eye menye anyigba ɖeɖe koe maʋuʋu o, ke dziƒo hãe.”+ 27 Ke nyagbɔgblɔ “egasusɔ zi ɖeka” la fia nu siwo ʋuʋum wole—si nye nu siwo wowɔ—la ɖeɖe ɖa, ale be nu siwo womeʋuʋu o la natsi anyi. 28 Esi Fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o lae míaxɔ ta la, mina míayi edzi ana eƒe amenuveve nanɔ mía dzi be míate ŋu awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu wòadze eŋu le mawuvɔvɔ̃ kple bubu deto me. 29 Elabena mía Mawu la nye dzo si fiãa nu hã.+
13 Mina miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nayi edzi ɖaa.+ 2 Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o,+ elabena to esia me ame aɖewo wɔ amedzro na mawudɔlawo, evɔ woawo ŋutɔwo menya o.+ 3 Minɔ ŋku ɖom ame siwo le gaxɔ me la dzi+ abe ɖe miawo hã miele gaxɔ me kpli wo ene,+ kple ame siwo wole fu wɔmee, esi miawo ŋutɔwo hã miele ŋutilã me ta.* 4 Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome, eye woagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o,+ elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me kple ahasiwɔlawo.+ 5 Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me,+ eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.+ Elabena egblɔ be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.”+ 6 Ale be dzi naɖo mía ƒo bliboe míagblɔ be: “Yehowa* ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?”+
7 Miɖo ŋku ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la dzi,+ ame siwo gblɔ Mawu ƒe nya la na mi, eye esi miele nu siwo do tso woƒe agbenɔnɔ me ŋu bum la, misrɔ̃ woƒe xɔse.+
8 Ame si Yesu Kristo nye la kee wònye etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.
9 Migana nufiafia manyatalenu vovovowo nakplɔ mi atrae o, elabena enyo be woatsɔ amenuveve ali ke dzi la, ke menye nuɖuɖu,* siwo meɖea vi aɖeke na ame siwo tsɔe ɖo nɔƒe vevitɔ la o.+
10 Vɔsamlekpui aɖe le mía si, si ame siwo wɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe le agbadɔa me la mekpɔ mɔ aɖu edzi nu o.+ 11 Elabena wotɔa dzo nuvɔ̃vɔsalã siwo ƒe ʋu nunɔlagã la tsɔna yia kɔkɔeƒea la ƒe lã bliboa le asaɖa la godo.+ 12 Esia tae Yesu hã kpe fu le dua ƒe agbo la godo ɖo,+ ale be wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu akɔ dukɔ la ŋu.+ 13 Eya ta mina míayi egbɔ le asaɖa la godo, ne woado ŋukpe mí abe ale si wodo ŋukpe eya hã ene,+ 14 elabena du aɖeke mele mía si le afi sia si anɔ anyi ɖaa o, ke boŋ míele esi gbɔna la dim vevie.+ 15 Mina míato eya amea dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam ɣesiaɣi,+ si nye míaƒe nuyi+ si míetsɔ ʋua eƒe ŋkɔ me le dutoƒo la ƒe kutsetse.+ 16 Eye migaŋlɔ nyuiwɔwɔ kple nunana amewo hã be o,+ elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.+
17 Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la,+ eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo,+ elabena wole mia* ŋu dzɔm, abe ame siwo ana akɔnta ene,+ ne woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple hũɖeɖe o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.
18 Minɔ gbedodoɖa dzi ɖe mía ta, elabena míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, elabena míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.+ 19 Ke mele dzi dem ƒo na mi vevie be mianɔ gbe dom ɖa, ale be woaɖe asi le ŋunye na mi kpuie.
20 Ŋutifafa ƒe Mawu, ame si fɔ alẽawo ƒe kplɔla gã,+ si nye mía Aƒetɔ Yesu, tso ame kukuwo dome hekpe ɖe nubabla mavɔ ƒe ʋu la ŋu la, 21 natsɔ nu nyui sia nu nyui adzra mi ɖo, be miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si tɔ nanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
22 Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, be mialɔ̃ faa axɔ dzideƒonamenya sia, elabena le nyateƒe me la, agbalẽ kpui aɖe koe meŋlɔ na mi. 23 Medi be mianyae be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.
24 Mido gbe na ame siwo katã le ŋgɔ xɔm le mia dome kple ame kɔkɔewo katã nam. Ame siwo le Italia+ la do gbe na mi.
25 Mawu ƒe amenuveve nanɔ kpli mi katã.
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe fiatikplɔ.”
alo, “dutoƒo subɔsubɔdɔ.”
Kpɔ Megbenyawo A5.
Efia, Yesu.
Efia, esime Adam kple Xawa te vidzidzi.
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilãmenɔɣi.”
Alo, “nusese.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “agbewo.”
Alo, “blemafofo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “alimeviwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “elabena egakpɔtɔ nɔ tɔgbuia ƒe ali me.”
Kpɔ Megbenyawo A5.
Alo, “eye mavee o.”
Kpɔ Megbenyawo A5.
Alo, “dutoƒo subɔla.”
Alo, “dutoƒo subɔsubɔdɔ.”
Kpɔ Megbenyawo A5.
Kpɔ Megbenyawo A5.
Kpɔ Megbenyawo A5.
Kpɔ Megbenyawo A5.
Alo, “avulénutsyɔnu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nyɔnyrɔ ƒomevi vovovowo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “eya ŋutɔ ƒe ʋue wòtsɔ xe tafee.”
Alo, “ame si nye domenɔla le nubabla me.”
Alo, “dutoƒo subɔsubɔdɔ.”
Efia, esime Adam kple Xawa te vidzidzi.
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Agate ŋu afia, “amegbetɔwo mate ŋu.”
Kpɔ Megbenyawo A5.
Kpɔ Megbenyawo A5.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “miezu nukpɔkpɔ abe le fefewɔƒe ene.”
Alo, “mienɔ ame siwo nɔ nɔnɔme sia me tom la ŋu kplikplikpli.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “miaƒe nuƒoƒo faa.”
Alo, “luʋɔnye makpɔ.”
Alo, “míaƒe luʋɔwo.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòfɔ dzidzimevi ƒe fu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “si le abe ame si ku ene.”
Alo, “eƒe ɖiɖi ŋu.”
Alo, “Amesiamina.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “miana ta le miaƒe luʋɔwo me o.”
Kpɔ Megbenyawo A5.
Kpɔ Megbenyawo A5.
Alo, “miaƒe hehexɔxɔ.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “miagado taflatsɛ na.”
Agate ŋu afia, “abe ɖe miawo ŋutɔwo hã miele fu kpem kpli wo ene.”
Helagbe, pornia. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Kpɔ Megbenyawo A5.
Efia nuɖuɖu siwo wotsri le Mose ƒe Se la me.
Alo, “miaƒe luʋɔwo.”