Ku Nugblẽnue Wònye le Xexeame Katã
AME abe miliɔn 50 ene kuna le xexeame katã ƒe sia ƒe. Eye ne wobu akɔnta le eŋu la, ame 137,000 kuna gbesiagbe, ame 5,700 gaƒoƒo ɖesiaɖe, ame abe 100 ene aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe, alo amesiwo wu 3 le sekɔnd eve ɖesiaɖe me. Ƒome aɖeke meli si ŋu ku megblẽa nu le o. Fia alo ame tsɛ, kesinɔtɔ alo ame dahe, ŋutsu alo nyɔnu—wo katã wokuna.
“Le xexe sia me la, woate ŋu aƒo asa na nusianu, negbe ku kple adzɔ ko.” Aleae Amerikatɔ agbalẽŋlɔla, nutovela, kple dziɖuɖuɖaŋunyala xɔŋkɔ Benjamin Franklin ŋlɔ na exɔlɔ̃ aɖe le ƒe 1789 me. Gake menye eya ɖeɖekoe kpɔe dze sii alea o. Anɔ abe ƒe 2,800 ene do ŋgɔ nɛ la, blema Israel-dukɔ ƒe Fia Salomo nunyala gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge.” Gake nya si wogblɔ na ame eve gbãtɔ siwo nɔ anyigba dzi do ŋgɔ nɛ abe ƒe 3,000 ene dzi koe wòɖo kpee, esi nye: “Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!”—Nyagblɔla 9:5; Mose I, 3:19.
Abe alesi ku nye nusi nu womete ŋu si le o le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me ene la, eganye nusi hea nuxaxa gã vɛ kokoko. Wogblɔe wòsɔ nyuie be míaƒe dzɔdzɔmedidi enye be míanɔ agbe, ke menye be míaku o. Mía kple míaƒe ƒomewo kple xɔlɔ̃wo dome ƒomedodowo nye nublanu sesẽ siwo ʋãa mi be míayi edzi anɔ anyi kpli wo. Gake ʋeʋeʋe la, esi ƒeawo va le yiyim la, ku tsoa nublanu siawo me. Mía tɔgbuiwo kple mamawo, mía dzilawo kple xɔlɔ̃wo kuna.
Guinness Book of World Records gblɔ be: “Nyateƒeawo ɖee fia be ƒe alafa ɖeka xɔla siwo kpɔtɔ le agbe wu ƒe 113 megabɔ kura o eye afisi amegbetɔ ƒe agbenɔƒe ƒe didime se ɖo fifia melɔ̃ ɖe edzi be amewo naganɔ agbe aɖu woƒe dzigbezã le woƒe ƒe 120 lia megbe o.” Eyata ame aɖeke mele agbe egbea si kpɔ Winston Churchill ƒe dzigbe (1874) alo Mohandas Gandhi dzigbe (1869) , Alaska si Russiatɔwo dzra na United States le ƒe 1867 me, alo Abraham Lincoln wuwu le ƒe 1865 me teƒe, kaka wòahayi ŋutinyamenu siwo katã dzɔ do ŋgɔ na ƒe alafa 19 lia me tɔwo nye ge o.
Le nyateƒe me la, le ŋgɔyiyi siwo katã wokpɔ le atikeŋununya kple dzɔdzɔmeŋutinunya me megbe gɔ̃ hã la, amegbetɔ ƒe agbenɔƒe ƒe didime gale abe esi blematɔ Mose ŋlɔ ene be: “Miaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hiã nye wo adegbeƒonu; elabena wova yi kabakaba, eye míedzo.” (Psalmo 90:10) Alesi wòdzɔnae ɖaa gblɔm wòle. Mose ŋutɔ nɔ agbe ƒe 120 sɔŋ.
Ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ƒe kuku hea vevesese kple nuxaxa geɖe va ame ƒe agbe mee. Zi geɖe la, egblẽa nu le amesiwo wogblẽ ɖi ƒe lãmesẽ ŋu vevie eye wònye nusi wonya gɔ̃ hã be ehea dɔléle kple ku vɛ. Eɖanye ƒomea me tɔ kae ku o, ehea blanuiléle geɖe vɛ. Abe alesi tagbɔdɔléle ŋutinunyala aɖe gblɔe ene la, “ne dziwòla ku la, ekema nusiwo dzɔ va yi bu ɖe wò. Ne viwòe ku la, ekema èbu wò etsɔ me.” Nuxaxa kple seselelãme ƒe tɔtɔ si wòhena vɛ la nu ate ŋu asẽ ale gbegbe. Enana ganyawo va sesẽna ŋutɔ zi geɖe, eye wònana nɔnɔmeawo doa gã ɖe edzi wu. Nyaƒoɖeamenu be woawɔ kunuwɔna kple kɔnu aɖewo dzi ate ŋu ana nuxaxa la nadzi ɖe edzi.
Gake ɖe mɔ aɖe li si dzi míate ŋu ato aɖe nuteɖeamedzi kple agba siwo lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe kuku dana ɖe mía dzi dometɔ aɖewo dzi akpɔtɔa?