Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku?
Hiob bia ɣeyiɣi didi aɖe enye si be: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea?” (Hiob 14:14) Ðewohĩ wò hã ebia esia kpɔ. Aleke nàse le ɖokuiwò me ne ènya be yeagate ŋu ado go yeƒe lɔlɔ̃tɔwo ake le anyigba dzi afisia le nɔnɔme nyuitɔwo kekeake me?
Biblia do ŋugbe be: “Wò ame kukuwo agbɔ agbe, . . . Ame kukuwo afɔ ɖe tsitre!” Eye Biblia gagblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Yesaya 26:19; Psalmo 37:29.
Be míaka ɖe ŋugbedodo mawo dzi ŋutɔŋutɔ la, ehiã be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiabia vevi aɖewo: Nukatae amewo kuna? Afikae ame kukuwo le? Eye aleke míawɔ aka ɖe edzi be woaganɔ agbe ake?
Ku Kple Nusi Dzɔna ne Míeku
Biblia na eme kɔ ƒã be le gɔmedzedzea me la Mawu meɖoe be amegbetɔwo naku o. Ewɔ Adam kple Xawa, amesiwo nye atsu kple asi gbãtɔ la da ɖe anyigba dzi paradiso si woyɔ be Eden la me, eye wògblɔ na wo be woadzi vi ahakeke woƒe aƒe si nye Paradiso la ɖe nu ɖe anyigba katã dzi. Ne womewɔ ɖe eƒe mɔfiafiawo dzi o ko hafi woaku.—Mose I, 1:28; 2:15-17.
Esi Adam kple Xawa mekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe dɔmenyonyo ŋu o ta la womeɖo to o eye wona tohehe si wogblɔ ɖi la va wo dzi. Mawu gblɔ na Adam bena: “[Agatrɔ] azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” (Mose I, 3:19) Esime womewɔ Adam o la, meli o; anyi wònye. Eye le eƒe tomaɖomaɖo alo nuvɔ̃ ta la wotso afia na Adam be agatrɔ azu anyi, esi fia be megali o.
Eyata ku nye agbemanɔmanɔ. Biblia gblɔ vovototoa be: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ.” (Romatɔwo 6:23) Le eɖeɖe fia be ku nye naneke manyamanya ƒe nɔnɔme me la, Biblia gblɔ be: “Elabena agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Biblia ɖe eme be ne ame ku la: “Eƒe gbɔgbɔ nu tso . . . egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.”—Psalmo 146:3, 4.
Gake esi wònye Adam kple Xawa ɖeɖekoe mewɔ ɖe se ma dzi o le Eden la, nukatae mí katã míekuna? Nusitae nye be wodzi mí katã le Adam ƒe tomaɖomaɖoa megbe, eyata mí katã míenyi nuvɔ̃ kple ku ƒe dome tso eyama gbɔ. Abe alesi Biblia ɖe eme ene la: “To ame ɖeka [Adam] dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi.”—Romatɔwo 5:12; Hiob 14:4.
Gake ame aɖe abia be: ‘Ðe luʋɔ makumaku mele amegbetɔwo si, esi nɔa agbe le woƒe ku megbe oa?’ Ame geɖe fia nusia, eye wogblɔ kura gɔ̃ hã be ku nye ʋɔtru si me wotona yia agbe bubu me. Gake susu ma metso Biblia me o. Ke boŋ Mawu ƒe Nya la ƒe nufiafia enye be luʋɔe nènye, eye wò luʋɔ enye wò, amesi si ŋutilã kple susu me nɔnɔmewo le. (Mose I, 2:7; Yeremya 2:34; Lododowo 2:10) Azɔ hã Biblia gblɔ be: “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” (Xezekiel 18:4) Biblia megblɔ le afi aɖeke be luʋɔ makumaku le amegbetɔ si esi nɔa agbe ne ŋutilã la ku o.
Alesi Amegbetɔwo Ate Ŋu Anɔ Agbe Ake
Esi nuvɔ̃ kple ku va xexeame megbe la Mawu ɖee fia be enye yeƒe tameɖoɖo be ame kukuwo nagava nɔ agbe to tsitretsitsi dzi. Eyata Biblia ɖe eme be: “Abraham . . . [susu] bena, ŋusẽ le Mawu si be, [wòafɔ via Isak] ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ke hã.” (Hebritɔwo 11:17-19) Abraham ƒe kakaɖedzia menye dzodzro o elabena Biblia gblɔ le Ŋusẽkatãtɔa ŋu be: “Mawu la, menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke koŋ ame gbagbewo tɔe; elabena wo katã wole agbe nɛ.”—Luka 20:37, 38.
Ẽ, menye ɖeko ŋusẽ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ si be wòafɔ amesiwo wòtia la ɖe tsitre o, ke edi be yeawɔe hã. Yesu Kristo ŋutɔ gblɔ be: “Esia megawɔ mo yaa na mí o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, le esi me amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la, woase eƒe gbe, eye woado go.”—Yohanes 5:28, 29, New World Translation; Dɔwɔwɔwo 24:15.
Eteƒe medidi fũ o le esia gbɔgblɔ megbe la Yesu do go ame aɖewo esime wole dodom le Israel-du si nye Nain me yina ameɖiƒe. Ðekakpui si ku la nye ahosi aɖe ƒe tenuvi. Esi Yesu kpɔ alesi ahosia le nu xam vevie la, ewɔ nublanui nɛ. Eyata eɖe gbe na ame kukua be: “Ðekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!” Ŋutsu la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, eye Yesu tsɔe na dadaa.—Luka 7:11-17.
Abe alesi wònɔ le ahosi ma gome ene la, wokpɔ dzidzɔ gã aɖe esime Yesu yi Yairo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã la ƒe aƒe me. Vianyɔnuvi ƒe 12 vi ku. Gake esi Yesu ɖo Yairo ƒe aƒe me la eyi ɖevi si ku la gbɔ hegblɔ be: “Ðevi, tsi tre!” Eye wòtsi tre!—Luka 8:40-56.
Emegbe la Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku. Lazaro ku ŋkeke ene hafi Yesu ɖo aƒea me. Togbɔ be nɔvianyɔnu Marta nɔ nu xam vevie hã la, egblɔ eƒe mɔkpɔkpɔ be: “Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.” Gake Yesu yi yɔdoa gbɔ heɖe gbe be woaɖe kpea ɖa, eye wòdo ɣli be: “Lazaro lee, do go!” Eye wòdo go!—Yohanes 11:11-44.
Azɔ bu esia ŋu kpɔ: Nɔnɔme ka mee Lazaro nɔ le ŋkeke ene siwo wòku la me? Lazaro megblɔ be yenɔ dzidzɔ me le dziƒo alo funyafunyawɔwɔ ƒe hell o; ne ɖe wòyi afima la ne egblɔe. Ao, Lazaro meganya naneke o le ku me eye ne ɖe Yesu mena eyama gagbɔ agbe o la anɔ nɔnɔme ma me vaseɖe “tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.”
Enye nyateƒe be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe viɖe koe nɔ Yesu ƒe nukunu siawo ŋu elabena amesiwo wòfɔ ɖe tsitre la gaku ake. Gake ena kpeɖodzi mí ƒe 1,900 enye si be to Mawu ƒe ŋusẽ dzi la ame kukuwo agate ŋu anɔ agbe ake! Eyata Yesu to eƒe nukunuawo dzi ɖe nusi adzɔ le anyigba dzi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la fia le mɔ sue aɖe nu.
Ne Lɔlɔ̃tɔ Ku
Ne futɔ si nye ku dze wò ame dzi la, wò nuxaxa ate ŋu asẽ ŋu togbɔ be tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ le asiwò gake. Abraham xɔe se be ye srɔ̃ aganɔ agbe ake, gake míexlẽe be “Abraham va, be wòafa konyi, eye wòafa avi na Sara.” (Mose I, 23:2) Ke Yesu y aɖe? Esime Lazaro ku la “eɖe hũ le gbɔgbɔ me, eye wòxa nu,” eye le ema megbe kpuie la “Yesu fa avi.” (Yohanes 11:33, 35, NW) Eyata ne ame aɖe si nelɔ̃ ku eye nèfa avi la, menye gbɔdzɔgbɔdzɔ wònye o.
Ne ɖevi ku la esesẽna na dadaa koŋ. Eyata Biblia lɔ̃ ɖe alesi vidada ate ŋu axa nu vevie la dzi. (Fiawo II, 4:27) Esesẽna na vifofo la hã. Esime Fia Dawid ƒe viŋutsu Absalom ku la, efa konyi be: “Ðe meku ɖe tewòƒe la, ne enyo wu!”—Samuel II, 18:33.
Gake esi nèka ɖe tsitretsitsia dzi ta la màxa nu madzudzɔmadzudzɔe o. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, maxa “nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.” (Tesalonikatɔwo I, 4:13) Ke boŋ àte ɖe Mawu ŋu kplikplikpli le gbedodoɖa me, eye Biblia do ŋugbe be “eyae akpɔ tawò.”—Psalmo 55:23.
Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.