Dzadzɛnyenyedzikpɔla Siwo Le Yame
Ne wobia amewo be xe kae womadi be yewoakpɔ o hã la, ame geɖe agblɔ be akagae.
Xe ʋee aɖewo koe wodoa vloe de akaga nu. Enye fiƒodexe si ƒe vɔvɔli nɔa agba sam ɖe nu kukuwo kple nusiwo le kukum la dzi. Wogblɔna be ne edo la, enyea ʋukɔkɔɖi gã, gbegblẽ, kple mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe dzesi. Gake nyakpakpa sɔŋ ye.
Nyateƒe lae nye si: Akaga ƒe dzodzo nya kpɔna na ame geɖe ŋutɔ eye alesi wòléa be na via lɔlɔ̃tɔe la wɔa nuku na wo. Wova kpɔe dze sii hã be ele akpa vevi aɖe wɔm le nutoa me dzadzraɖo me hã. Le ame mawo gbɔ la akaga nye xe si ŋu bubu kple ŋudɔwɔnu siaa le.
Nyateƒetɔe la, hekpe ɖe nu ƒaƒã siwo akagawo ɖuna ŋuti la, nɔnɔme ʋee aɖewo hã le wo ŋu si menyo o. Womeɖo atsyɔ̃ boo o, eye woƒe xɔxlɔ̃ mesɔa to me na ame aɖewo o. Gake nɔnɔme nyoameŋu aɖewo hã le wo si.
Akaga nye xe aɖe si mefena le viawo ŋu o. Ƒe sia ƒe la, “vi ɖeka ko” wodzina eye dzila eveawo léa be nɛ vevie vaseɖe esime eya ŋutɔ nate ŋu anɔ eɖokui si. Kakaɖedzitɔe la, akagavi si dze ɖe ati kɔkɔ aɖe ƒe ɖɔme nublanuitɔe, afisi ame aɖeke mate ŋu ade o ɣleti geɖe la, hiãna akaganɔa kple atsua ƒe beléle si me nublanuikpɔkpɔ le. Le nyateƒe me la, ele be woanyi Andes-towo dzi ƒe akaga ƒomevi aɖe ƒe vi ɣleti ade hafi woate ŋu adzo le atɔ me, eye ɣemaɣi la akagavia tsina vɔ nyuie.
Wonya akagawo le ŋudɔwɔnu nyui si wonye hã ta. Togbɔ be xe geɖewo ɖea vi na ameƒomea le mɔ vovovo nu hã la, akagawo ya gawɔa dɔ tɔxɛ aɖe. Wonye dzadzɛnyenyedzikpɔlawo le yame.
Dzadzɛnyenye Dzi Kpɔkpɔ
Nu kukuwo ɖeɖeɖa mevivia ame geɖe nu o, gake dɔ vevi aɖee wònye. Dzadzɛnyenye dzi kpɔkpɔ nyuie bia be woaɖe nu kukuwo ɖa kaba, siwo ate ŋu ahe dɔxɔleameŋu vɛ na amegbetɔ kple lãwo siaa.
Le afisia la ele be woade dzesi dɔ nyui si akagawo wɔna. Nenye be aɖi si lã aɖe alo wòlé dɔ si nɔa nyi ŋu si woyɔna be anthrax hã la, woɖunɛ keŋkeŋ vaseɖe esime wòsusɔa ƒu ɖeɖe.
Akaga aɖewo hã te ŋu ɖua ƒuwo. Akaga lolo aɖe ƒomevi (lammergeier) si le Europa, Asia, kple Afrika la gena ƒuwo tsoa yame xlãna ɖe kpe dzi. Ne ƒuawo gbã la, akaga sia ɖua ƒutomemia kple ƒu wuwluiawo.
Enyo ŋutɔ be dzadzɛnyenyedɔwɔla siawo medze aglã ɖe dɔ ŋu kpɔ abe amegbetɔwo ene o. Ne ɖe ame aɖeke mele akagawo ƒe dɔ wɔm o la, anye ne nu kuku siwo me yɔ fũ kple dɔlélewo la ali kɔ ɖe gbegbewo.
Gake na míakplɔ akagawo ƒe dɔwɔha aɖe ɖo le woƒe dɔwɔŋkeke aɖe dzi kpɔ.
Ŋku Tsatsa le Yame
Ne agu dze teti ko la, wodzona yia yame, wo dometɔ ɖesiaɖe kple afisi woanɔ agba sam le. Ŋkeke bliboa katã la, akagawo ƒe yameʋakɔwo nɔa dzodzom le yame ɖeɖimateameŋutɔe henɔa lã kukuwo dim. Ne akagaawo dometɔ ɖeka kpɔ nu kuku aɖe mlɔeba la, eɖiɖina ɖe edzi zi ɖeka. Esia wɔnɛ be wo tɔwo hã kpɔnɛ, eye woawo hã dzona sesĩe vaa nu kukua gbɔ. Le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, akaga gbogbo aɖewo va dzena ɖe teƒea.
Hafi xeawo naɖu nua la, wonɔa kpo tim ƒo xlã nu kukua henɔa wɔwɔm abe ɖe wole hehem ɖe megbe ene. Togbɔ be wonye nukukuɖulawo hã la, wonye lã siwo kpea ŋu ŋutɔ. Mlɔeba la, wo dometɔ ɖeka dzea dɔ tɔtɔ nu kukua gɔme, eye esia nyea dzesi na wo katã be woadze nua ɖuɖu gɔme. Dzrehehe kple xɔxlɔ̃ geɖe, kple gidigidiwɔwɔ si yia edzi la ɖia bɔlƒoƒo si woyɔna be rugby ƒe kedzudzɔ tutu ene. Esiwo dɔ le wuwum wu, eye woxlɔ̃na wu la ɖua nua gbã. Ne nua lolo la, wo dometɔ ɖesiaɖe ɖunɛ ɖia ƒo.
Le aɖaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, woɖua nua vɔ, eye ƒu ɖeɖe sɔŋ koe akpɔtɔ, xeawo gadzona yia yame heyia ŋkutsatsaa dzi. Nuwo menɔa bɔbɔe na akagawo o. Agaxɔ ŋkeke eve alo etɔ̃ hafi woagakpɔ nu bubu aɖu.
Nukpɔkpɔ le Adzɔge Kple Hamedɔwɔwɔ
Wowɔ akagawo nukutɔe ale gbegbe be wote ŋu kpɔa nu tso yame ʋĩi. Wowɔ woƒe aʋala gãwo wosɔ nyuie be woasa agba kple be woadzo ayi yame ʋĩ, si awɔe be woate ŋu adzo gaƒoƒo geɖe ƒã hafi woaƒo aʋala. Wonya alesi woate ŋu adzo kple ya xɔdzo si le dzi yim si kpena ɖe wo ŋu be woate ŋu anɔ agba sam agbagba boo aɖeke madzemadzee. Amerikatɔ Xeviŋutinunyala xɔŋkɔ, Dean Amadon, ƒo nu tso wo ŋu be wonye “nuwo ƒe dzodzo le yame le dzɔdzɔme nu si nya kpɔ wu ɖesiaɖe” la dometɔ ɖeka.
Nya aɖe si wɔa nuku na xeviŋutinunyalawo ƒe geɖe enye be, Aleke wɔ akagawo kpɔa nu kukuwo kaba nenema gbegbe?
Ŋuɖoɖoae nye be alesi woƒe ŋkuwo kpɔa nu nyuie le adzɔge eye wowɔa dɔ ɖekae tae. Wobu akɔnta be akaga si le dzodzom le yame si ƒe kɔkɔme tso anyigba anɔ meta 750 la ate ŋu akpɔ nu si ƒe lolome mede sentimeta 13 o le anyigba. Gake togbɔ be woƒe ŋku kpɔa nu nenema gbegbe hã la, asesẽ na akaga ɖeka be wòakpɔ nuɖuɖu.
Ema tae hamedɔwɔwɔ le vevie na wo ɖo. Wode dzesii be akagawo mãna ɖatsaa ŋku le nuto vovovowo me. Ne akaga ɖeka aɖe ɖiɖi ɖe nu kuku aɖe dzi la, alesi wò ɖiɖina etɔxɛe ɖe edzi la nyea dzesi na akaga bubu siwo le afima la be nuɖuɖu sɔ gbe, eye wodzona kaba yia afima. Xe bubu siwo kpɔa woƒe ɖiɖi nenema dzea sii le didiƒe la hã nyèa zi vaa teƒea. Nyatakaka nana wo nɔewo ɖe game dzi ƒe ɖoɖo sia wɔa dɔ nukutɔe, ale gbegbe be adze na ame aɖe si kpɔ wo la be xeawo katã ɖe wova dze zi ɖeka.
Nublanuitɔe la, womekpɔ akaga ƒe ŋudɔwɔnu nyenye si ŋu ɖikeke mele o kple dɔwɔwɔ nenema dze sii ne woahayi eta kpɔ ge wòatsi agbe o.
“Condor” la ƒe Tɔtrɔgbɔ
Togbɔ be wobu akagawo de xeƒonu lolotɔ siwo ƒe nu wɔa dɔ ɖe ame dzi wu dome hã la, wole tsɔtsrɔ̃m ɖa le xexeame ƒe teƒe geɖe. Woƒe nuɖuɖu nyanyɛawo vɔ le gbea dzi, eye zi geɖe la, wodea aɖi nu kuku siwo wokpɔna la me. Alesi womedzina kabakaba o la hã wɔe be woƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ geɖe ŋutɔ. Ke hã la, dzidzɔnya aɖewo li togbɔ be nɔnɔmeawo mele wo dzi dem o gake. Ewɔ abe akaga lolo aɖe ƒomevi si woyɔna be condor, si le California la nyinyi be woasɔ gbɔ la le edzi dzem ene, eye wole mɔ kpɔm be woaɖe asi le xeawo dometɔ geɖewo ŋu aɖo ɖe yame. To Franseawo ƒe lãwo takpɔlawo ƒe agbagbadzedze me la, akaga ƒomevi si woyɔna be griffon la gava le France ƒe Titina tonyigba dzi le ƒe geɖe siwo me wobu la megbe.
Aleae amegbetɔ va le agbagba dzem be yeaxɔ xe si wolé fui kpɔ vevie la si tsrɔ̃m eya ŋutɔ le la ɖe agbe. Ðikeke mele eŋu o be alesi condor dzona fiatɔe le Dziehe kple Anyiehe Amerika-towo dzii la nya kpɔna ale gbegbe be mele be woana wòabu o.
Gake nusi le edzi yim fifia le Afrika kple Asia enye be akagawo gakpɔtɔ le woƒe dɔ si me womexɔa akpedada aɖeke le o la wɔm ɖokuibɔbɔtɔe, esi nye be wonye dzadzɛnyenyedzikpɔlawo le yame.
[Aɖaka si le axa 21]
Wonya Akagawo Nyuie
WOBU akagawo ɖe xe lolo siwo mebɔ le xexeame o la dome. Woxɔ ŋkɔ le xe siwo dzona yia yame ʋĩ la hã dome.
Condor si le California la nye xe siwo tsrɔ̃m wole vevie le xexeame la wu ɖesiaɖe. Be woakpɔ xe siawo ta be woagatsrɔ̃ o la, wole agbagba dzem vevie to ɖoɖo aɖe si wowɔ be xevi siwo de blaeve siwo wosika ɖi la nadzi asɔ gbɔ me. Le ƒe 1986 me la, California ƒe condor etɔ̃ koe susɔ ɖe gbe me.
Condor si le Andes-towo dzi, hekpe ɖe marabou si le Afrika ŋuti la ƒe aʋala keke wu anyigba dzi xewo katã tɔ, ekeke wu meta etɔ̃. Condor sia si le Andes-towo dzi hãe nye xeƒonu si kpena wu ɖesiaɖe, ɣeaɖewoɣi la, ekpena wua kilogram 14.
Akagawo nye xe siwo dzona yia yame ʋĩ hã. Le ƒe 1973 me la, akaga aɖe si le Afrika (Gyps rueppelii) la do go kple yameʋu aɖe si nɔ dzodzom to Côte d’Ivoire si le Ɣetoɖoƒe Afrika la tame, afisi didi tso anyigba meta 11,300.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]
Fotoa: Le Madrid Lãwo Nɔƒe si le Spania ƒe mɔɖeɖe me