INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 11/8 axa 23-25
  • Nukatae Mele Tsitsim Kabakaba Alea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukatae Mele Tsitsim Kabakaba Alea?
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzidzɔ Kple Vevesese Siwo Le Kɔkɔ Me
  • ‘Wosusuna be Metsi Wu’
  • Gbɔdɔdɔnyawo Tsɔtsɔ Ðe Fui na Ame
  • Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòanɔ Te Ðe Tɔtrɔ Siwo Ava Esi Wòle Tsitsim Nu
    Nyɔ!—2016
  • Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Sɔhɛmeɖoɖo Ƒe Fuɖenamewo Nu?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • ‘Nukae Le Dzɔdzɔm ɖe Dzinye?’
    Nyɔ!—2004
  • Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu na Ame—Aleke Mawɔ Akpɔ Ðokuinye Ta?
    Nyɔ!—1995
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 11/8 axa 23-25

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukatae Mele Tsitsim Kabakaba Alea?

“Esime menɔ klass adelia la, mekɔkɔ wu amesiame. Ekpea ŋu nam. Xɔ̃nye aɖe nye ame vi me ŋutɔ eye eƒe ame vi nyenye dzroam vevie.”—Annie.

“Esi nye dzedzeme le abe ƒe wuiade alo ƒe wuiadre vi tɔ ene la, ame geɖe kpɔa mɔ be mawɔ nu abe ame tsitsi ene, dzinyelawo hã le eme.”—Tanya, ƒe 12 vi.

SƆHƐMENƆƔI—Ðewohĩ mía dometɔ akpa gãtɔ si to eme do magadi be yewoaɖo ŋku nu bliboa katã dzi o. Enye nusi wɔ nuku gado vɔvɔ̃ hã. Le sɔhɛmenɔɣi la, wò ŋutilã trɔna kabakaba nukutɔe, eye ɣeaɖewoɣi la, tɔtrɔ siawo kpea ŋu na ame. Seselelãme, ameʋaʋãŋusẽ, kple dzodzro yeyewo anɔ fu ɖem na wò. Nusi nyea akɔfafa na sɔhɛ akpa gãtɔe nye be nu ma ke le dzɔdzɔm ɖe yewo hatiwo hã dzi. Gake ewɔna sɔhɛ aɖewo be yewoɖo ɖekakpui alo ɖetugbime kaba akpa. Wokpɔnɛ be yewole lolom, le kɔkɔm, le titrim hele tsitsim wu yewo xɔlɔ̃wo kple yewoƒe sukuhatiwo.

Ne edzɔ ɖe dziwò alea la, na wò dzi nedze eme nànyae be naneke menye nu gbegblẽ le tsitsi do ŋgɔ alea ŋu o. Amesiame tsina ɖe ɣeyiɣi ƒe ɖoɖo si le eƒe ŋutilã me nu si nu ŋutilã la wɔa dɔ ɖo la nu, eye ɖewohĩ tɔwò le du dzi wu hatiwòwo tɔ. Tɔtrɔ siwo vana le sɔhɛmenɔɣi ate ŋu adze dzedze gɔme ne ŋutsuviwo xɔ ƒe ewo, eye nyɔnuviwo xɔ ƒe enyi ko. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, hatiwòwo hã ava ato tɔtrɔ mawo me. Gake do ŋgɔ na ema la, ɖewohĩ kuxi aɖewo anɔ ayi siwo ŋu wòle be nàdze agbagba le.

Dzidzɔ Kple Vevesese Siwo Le Kɔkɔ Me

Ðetugbi ƒewuivi aɖe gblɔ na Nyɔ! be: “Madi be manye ame kɔkɔtɔ le míaƒe sukuxɔ me. Enaa amewo bua ame.” Numekukuwo ɖee fia be ŋutsuvi siwo tsina kabakaba wu wo tɔ siwo mete ŋu tsina kabakaba o la koŋ sie mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo te ŋu suna. Barbara kple Philip Newman ƒe agbalẽ si nye Adolescent Development gblɔ be: “Ŋutsuvi siwo tsina kabakaba la kɔna wu wo hati siwo xɔ ƒe ma ke eye wosẽna wu hã. . . . Wolɔ̃a dɔ dede asi na ŋutsuvi sesẽ kɔkɔwo wu, wobua wo be wonye wo tɔwo nunɔla, eye wolɔ̃a nuwɔwɔ ɖe wo ŋu abe ɖe wotsi wu wo le susu kple ŋutilã me ene.”

Gake nanewo hã li siwo mede ame dzi le kɔkɔ kaba akpa me o. Wo dometɔ ɖekae nye be wò sukuhatiwo aɖu fewu le ŋuwò ŋutasesẽtɔe madzudzɔmadzɔe. Nyɔnuvi aɖe gblɔ na Nyɔ! be: “Nyee nye nyɔnuvi kɔkɔtɔ le míaƒe sukuxɔ me. Wonɔ yɔyem be ‘Afɔdiditɔ.’” Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Dwayne gblɔ be: “Mía tɔwo nɔa gediŋkɔwo, abe ‘Aŋɔɣi’ene, yɔm nam. Ɣeaɖewoɣi woabiam be, ‘Aleke ganye yame ƒe dzoxɔxɔ?’”a

Esi sesẽna wue nye ɣeyiɣi si me wò abɔ kple afɔ didiawo mete ŋu wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu o. (Tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 4:16.) Christine gblɔ be esi yenɔ ɖetugbime la, “menɔ tsralɛ eye menye ame vi eye nye nuwɔna menya kpɔna o.” Dwayne hã gblɔ be “Lãmesẽfefewo menya wɔna nam o. Ðeko wòwɔna be ne nye susu gblɔ nusi wòle be mawɔ nam la, ɖe wòdea kwasiɖa ɖeka hafi wòɖoa nye abɔ kple afɔ gbɔ ene! Nye zɔzɔ menya kpɔna kura ne medo afɔkpa si wotsɔna zɔnɛ le tsikpe dzi o.” Na wò dzi nedze eme be edzɔna alea le ame ƒe agbenɔnɔ ƒe ɣeyiɣi sia me. Enu gbɔna yiyi ge. Àkpɔ hã be yeƒe ‘ŋutilã zazã,’ abe le lãmesẽfefewo me alo le dɔwɔwɔ me ene, si da sɔ ‘aɖe vi’ na ye. (Timoteo I, 4:8) Geɖe alesi nèzã wò ŋutilãe la, geɖe nenema ke nuwo wɔwɔ amã wòe.

Ke gediŋkɔwo yɔyɔ na ame kple dzudzuawo ya ɖe? Awɔ na wò be wò hã nàtsɔ nya siwo ave ame aɖo eŋu na woe ene, gake Biblia gblɔ be: “Megaɖo nya ŋu na bometsila ɖe eƒe bometsitsi nu, ne wò hã nasɔ kplii o.” (Lododowo 26:4) Eye ava kpɔe emegbe hã be ‘vɔ̃ ɖoɖo vɔ̃ teƒe’ gblẽa nu ɖe edzi. (Romatɔwo 12:17) Biblia gblɔ be “nukoɣi li.” (Nyagblɔla 3:4) Alesi nàtsɔ nusiawo tɔgbe abe fefe ene akpe ɖe ŋuwò nàto fuɖenamenu geɖe me.b

‘Wosusuna be Metsi Wu’

Ɣeaɖewoɣi menye hatiwòwo gbɔe fuɖenamea tsona o, ke boŋ ame tsitsi siwo buna be nètsi wu alesi nèle boŋ gbɔe. Dwayne gblɔ be: “Wotiaa nye ɖeɖe le ƒuƒoƒoa me be nyee na wowɔ nusi wowɔ, be nyee le ŋgɔ na wo. Gbeɖeka mía kple ɖevi aɖe siwo dome medidi o la dze nudada wo nɔewo gɔme le tɔdzisasrã aɖe dzi. Kpovitɔwo va nɔ nyanyrãm ɖem le esi wònye nyee kɔkɔ wu ta. Gake nyemenya nusi nɔ dzɔdzɔm hã o.”

Adzɔ dzi na wò ɣeaɖewoɣi be wobu ye ame tsitsii. Kuxiae nye be àte ŋu atsi vlɔvlɔvlɔ le ŋutilã me wu le susu kple seselelãme me. Togbɔ be àdze ame tsitsii hã la, wò tamebubu kple gɔmesese aganɔ abe hawònuawo tɔ ene, ke menye abe ame tsitsiwo tɔ ene o. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 13:11.) Eyata ne wobia tso asiwò be nàwɔ ame tsitsi dɔ na yewo la, asesẽ na wò.

Ahiã be nànɔ ŋku ɖom edzi tufafatɔe na xɔ̃wòwo kple wò ƒomea me tɔwo be menye alesi yekɔkɔe la, nenema hãe yetsii o. Lododowo 15:22 gblɔ be, “afisi adaɖudede mele o a, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.” Eyata ne dziwòlawo bia nusi gbɔ wò ŋutete ŋu tso asiwò la, dzi nenɔ ƒowò nàɖe eme na wo gake gblɔe le bubumɔ nu. Ƒewuiviwo ƒe magazine aɖe ɖo aɖaŋu be àte ŋu agblɔ be: “Menya be ele bɔbɔe be miakpɔ mɔ be mawɔ nu abe ame tsitsi ene le esi medze ame tsitsi ta. Gake le menye ŋutɔŋutɔ la, ƒe si mexɔ lae mexɔ, eye ɣeaɖewoɣi la, esesẽna nam be mawɔ nusiwo katã miedina be mawɔ kple alesi miadi be manɔ.”

Mègawɔ vodada awɔ nusi gbɔ eme le ɖokuiwò wɔwɔ abe ame tsitsi ene le alesi nènɔa anyi alo tsitrenui me, le wò awudodo kple dzadzraɖo si medze na ƒe si nèxɔ o la nu be nàna woanɔ buwòm vodadatɔe be nètsi wu alesi tututu nèle o. Sɔhɛ siwo tsina vlɔvlɔvlɔ dometɔ aɖewo ɖea asi le amesiwo wodze xɔlɔ̃e tso ɖevime ke la ŋu eye wodina be yewoadze xɔlɔ̃ ame tsitsiwo. Gake nusi ate ŋu adzɔe nye be amesi ɣlaa nusi ŋutɔŋutɔ wònye le nya sia me la ava do ŋukpe eɖokui. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 26:4.) Gbeɖeka amewo ava kpɔe be yewoƒe ŋkume flum nèle. Eyatae nunya le nusi Biblia gblɔ me be, “amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le.” (Lododowo 11:2; Mixa 6:8) Ðokuibɔbɔla nyaa afisi eƒe ŋutete se ɖo.

Gbɔdɔdɔnyawo Tsɔtsɔ Ðe Fui na Ame

Ðokuiwò bɔbɔ ate ŋu akpɔ tawò tso gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na amee: fuɖename aɖe si wotsɔna doa nuƒoe na nyɔnuvi siwo tsina kaba la koŋ la si me. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ŋutɔ ko me la, nyɔnuvia atrɔ zu nyɔnu dzetugbe aɖe. (Tsɔe sɔ kple Hawo ƒe Ha 8:8, 10.) Gake notete kple alime ƒe keke kpea ŋu na nyɔnuvi aɖewo.

Agbalẽŋlɔla Ruth Bell gblɔ be: “Nyɔnuvi siwo le tsitsim koŋ ŋue ŋutsuwo ƒe susu trɔna ɖo.” Ðetugbivi ƒe 12 vi si ŋkɔe nye Denise ɖe nu me be: “Tso esime metsi ɖe edzi vie ko la, ne medo go ɖeko wofɔa ŋku ɖe dzinye.” (Changing Bodies, Changing Lives) Ŋutsuvi kple nyɔnuvi numemeekpɔla siwo nèle suku dem kplii adi kura be yewoanɔ asi kam ŋuwò madzemadzeee. Eyata mewɔ nuku o be agbalẽ si nye Adolescent Development gblɔ be: “Nyɔnuvi siwo tsina vlɔvlɔvlɔ la wɔa wo ɖokui gblɔdɔɔ, wodoa dziwui siwo lolo, alo wokpea ŋu eye womelɔ̃a hadede o be yewo tɔwo meganya alesi yewoƒe tsitsime trɔe o.”

Togbɔ be womabia tso asiwò be nàdo awu atsɔ aɣla wò dzedzemee o hã la, enye nunyanu be natsri awu siwo atɔ ŋku dodo alo dzadzraɖo siwo ahe amewo ƒe susu ava dziwò madzemadzee. Esia sɔ kple aɖaŋu si Biblia ɖo be woado awu “ɖe nɔnɔme nyui me, . . . le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me.”—Timoteo I, 2:9.

Àte ŋu aɖe afɔ nyui bubuwo hã. Le keke Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ke la, kuxi si nye alesi woate ŋu aɖe fu na Rut la dze ŋgɔe esi wòyi dɔ wɔ ge le Boas ƒe agble me. Eyata Boas ‘de se’ dɔmenyotɔe ‘na ɖekakpuiawo be womegaka asi eŋu o.’ Gake hã egaxlɔ̃ nu Rut be: “Megayi ɖafɔe le agble bubu aɖeke me o, . . . ke boŋ lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu!” (Rut 2:8, 9) Nenema ke ɖetugbi aɖewo te ŋu lé wo ɖokui ɖe Kristotɔ ɖetugbi bubu siwo wo kple wo wole suku ɖeka dem la ŋu. Woawo ɖeɖe metoa afisiwo wonya be afɔku le o.

Eɖanye aleke nye nya la o, ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖe fu na wò o—wò ŋutilã loo alo aɖe fu na wò le nyagbɔgblɔ me o. Ne wotsɔa nanewo ɖea fu na wò le esia gome la, gblɔe na dziwòlawo alo ame tsitsi aɖe si dzi nèka ɖo. Aɖaŋu aɖewo anɔ wo si woaɖo na wò alo woaxɔ na wò le mɔ aɖe nu.

Le nɔnɔme nyuitɔwo gɔ̃ hã me la, sɔhɛmenɔɣi mebɔbɔna o. Ne èlolo wu mía tɔwo—alo nèle sue wu wo—la, àte ŋu ana wòagasesẽ wu. Alekeke nèdze agbagba hãe la, àkpɔ be yemate ŋu awɔ nu boo aɖeke tso yeƒe tsitsi ŋu o. Gake àte ŋu adze agbagba le wò gbɔgbɔmetsitsi ŋu. Eye ne èwɔe alea la, abe Samuel si nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiawo me ene la, ‘Àtsi eye wò nu anyo Yehowa kple amewo ŋu wu.”—Samuel I, 2:26.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetrɔ ŋkɔa ɖewo.

b Àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo bubuwo le alesi nàwɔ ne wole ge dim le ŋuwò le agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Wolɔ̃a fewuɖuɖu le sɔhɛ siwo kɔkɔ ŋu ŋutɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe