Zi aɖe Do Ŋukpe Dzatawo
LE ƑE si va yi me le Dziehe Afrika la, zi gã aɖe—si nye zitsu—va tsi tre ɖe Lowveld modzakaɖeƒe dzeani si le lãwo kpɔƒe la ŋkume. Enɔ mo tsam mlamlamla hedo adã eyata mewɔ nuku o be dzi ku zi bubu aɖe si nye zitsu gã aɖe le esi wòva xɔ eƒe nɔƒea enumake la ta. Eteƒekpɔla aɖe gblɔ le zitsu gã bubu la ƒe adãwɔwɔ ŋuti be: “Efi ŋɔti me, tu afɔ anyi eye wònɔ klalo be yeadze edzi. Ede dzo to helũ ɖe edzi. Esi zitsu gã bubu si tɔe teƒea nye la tu dzo zitsua la, vɔvɔ̃ gã aɖe lé eya ŋutɔ.” Zitsu si wòtu dzoe la meʋuʋu o. Egatu dzoe ake. Gake gbeɖegbeɖea koe. Ʋuʋu bla teƒea kɔtɔɔ eye zitsu si tɔe teƒea nye la tsɔ dziku “mu ati siwo le afima la keŋkeŋ hafi dzo.” Megatrɔ gbɔ o ɖewohĩ tsɔ fia be zitsu si va tsi tre ɖe ye teƒea la sesẽ wu ye.
Dzatawo kura gɔ̃ ha mete ŋu nɔ enu o. Avedzikpɔla Carlson Methebula ka nya ta be dzata wuievee va xa zitsua. Egblɔ tso woƒe gododo kpli ŋu be: “Kasia ko dzatanɔ eve lũ ɖe edzi xoxo. Esi ɖeka tsɔ gbetete sesĩe dzo dze zitsua ƒe dzime la evelia hã ƒu du yi ɖe eƒe axame eye wòƒo fe ɖe eƒe kɔ. . . . Dzata evea siaa tsɔ vɔvɔ̃ va dze anyi eye wɔna vɔ le wo ŋu. Dzatanɔ bubu hã va ge ɖe avuwɔwɔa me. Elũ ɖe zitsua dzi kple ŋusẽ va da fe sesẽ aɖe eƒe afɔwo be yeaɖe afɔ ete gake meʋã vie hã o.” Dzata wuieveawo do dziku vevie ɖe alesi womete ŋu ƒu zitsu gã sia anyi o ŋuti ale gbegbe be “wogblẽ tsidzadza dzidzenu aɖe, nusi wotsɔ dea tsi nuku le abɔ me kple zikpuiwo hafi wozɔ minyaminya kple ŋukpe hedzo.”
Togbɔ be zitsua meʋuʋu eɖokui vie o hã la, ede zi zitsu siwo nye afimatɔwo la dome tso woƒe nɔƒe eye wòde du afɔnu na dzata dadalawo. Nyatakaka si le Johannesburg, South Africa ƒe Sunday Times me gblɔ be zitsu triakɔ sia si wotsɔ gadzẽ wɔe la ƒe kpekpemee nye kilogram 300. Aƒetɔ Keith Calder si tsɔ gadzẽ wɔ zitsuae gblɔ be: “Enye kafukafu nam be dzatawo kple zitsuawo hã bui be nu ŋutɔŋutɔe.”