Kpekpeɖeŋu Le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi
Nyɔnu aɖe ŋlɔ agbalẽ na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Australia tsɔ da akpe na wo ɖe Awake! magazine si ƒe tanyae nye “Nusiwo Ðevi Gbɔ Dɔdɔ Gblẽ Le Eŋu Ðɔɖɔɖo” la ta. Eɖe nu me be:
“Esime mexɔ ƒe 12 la, danye xɔlɔ̃ aɖe si nye ŋutsu nɔa gbɔnye dɔm. Menya be nusi wɔm wònɔ la menyo o. Gake le ɣeyiɣi ma me la, mesusui be megblẽ ɖokuinye eye manya wɔ nu dziŋɔ aɖe eye mɔ sia dzie Mawu to le to hem nam. Ne meyina ŋutsu sia gbɔ la, nye dzi nɔ tsotsom kpokpokpo, elabena menya nusi ava dzɔ la nyuie. Gake ele nam be mayi kokoko elabena danye ɖe mɔ nɛ be wòatsɔm atsi eƒe nudzodzro vɔ̃wo nui ɖe ga ta. Nukata danye natsɔm ana alea? Meva srɔ̃ alesi nyemagaɖo to nye seselelãmewo o eye meva lé fu agbenɔnɔ kple Mawu hã.
“Ƒe 1992 me ko hafi megblɔe na Yehowa Ðasefo aɖe. Mesrɔ̃ nu geɖe tso egbɔ. Nu vevitɔ si mesrɔ̃e nye be Yehowa Mawu lɔ̃ mí katã eye menye to hemee wòle nam o.
“Eyata tameɖoɖo si le lɛta sia ŋue nye be mada akpe na mi ɖe miaƒe Awake! me nyati siwo ƒo nu tso ‘Nusiwo Ðevi Gbɔ Dɔdɔ Gblẽna Le Eŋu’ la ŋuti si dze le October 8, 1991 ƒe tataa me la ta.
“Metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa eye meɖoe be maxɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe si gbɔna la me.”
Woŋlɔ agbalẽ akpe ɖeka kple edzivɔ na Awake! talawo tsɔ da akpe ɖe Nyɔ! ƒe tata si míeyɔ va yi la ɖeɖe dzaa ta ɣleti eve sɔŋ. Gake nusi le vevie wu alesi Nyɔ! la nafia nuxlẽlawo alesi woakpe akɔ kple egbegbekuxiwoe lae nye be etua amewo ƒe xɔse ɖo be woaka ɖe Wɔla la ƒe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe xexeme yeye si aɖe fukpekpewo katã ɖa, si nɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsa dzi la dzi. Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim tso xexe yeye ma ŋu, alo nèdi be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye femaxee la, ke ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5.
[Nɔnɔmetata si le axa 32]
Awake!
Awake!
Awake!
Children UNDER STRESS How Can They Be Helped?