INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 2/8 axa 24-26
  • Amekae Akpe Ðe Ŋunye Makpɔ Nye Kuxiwo Gbɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekae Akpe Ðe Ŋunye Makpɔ Nye Kuxiwo Gbɔ?
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hatiwo​—⁠Woawoe Aɖo Aɖaŋu Nyuitɔ na Wòa?
  • Viɖe si Le Dzila Siwo Vɔ̃a Mawu Ŋu
  • ‘Dzinyelawo Mesea Nu Gɔme Nam O!’
  • Wò Ŋutɔ Dze Nunya!
  • Ðe Wòle Be Magblɔ Nye Blanuiléle na Ame Aɖea?
    Nyɔ!—2000
  • Afi Si Sɔhɛwo Ate Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu Le
    Nyɔ!—2009
  • Sɔhɛwo—Mina Mawu Ƒe Nya La Nafia Mɔ Mi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Sɔhɛwo—Mina mia dzilawo nakpe ɖe mia ŋu miadzɔ miaƒe dzi ŋu!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 2/8 axa 24-26

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Amekae Akpe Ðe Ŋunye Makpɔ Nye Kuxiwo Gbɔ?

“WODZI amegbetɔ ɖe hiãtuame ŋu.” Nenemae ŋutsu fukpela aɖe si nye Hiob gblɔ ƒe akpe ene kple edzivɔe nye esia. (Hiob 5:⁠7) Ðewohĩ wò fukpekpewo mewɔ nublanui de Hiob tɔ nu o. Gake ɖikeke mele eme o be kuxi kple nɔnɔme sesẽ aɖewo ɖea fu na wò hã.

Esi wobia sɔhɛwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo nye Amerikatɔwo be, “Nukae ɖea fu na wò wu?” hã la, wo dometɔ geɖe gblɔ be suku, dzilawo, ganyawo, xɔlɔ̃wo, kple yewo nɔviwoe ɖea fu na yewo. Ke wò hã ɖe? Ðe nèdze ŋgɔ sɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenu, gakuxiwo, alo suku me kuxiwoa? Ðe wòle sesẽm na wò be nàkpe akɔ kple ŋutilã kple seselelãme ƒe fuɖename siwo vana le sɔhɛmenɔɣia? Ðe nètsi dzi ɖe wò etsɔ me ŋua?

Ne kuxi siawo katã le dziwò la, ele bɔbɔe be nu nate ŋuwò eye nàle blanui. Le nyateƒe me la, ne èmiã nu ɖe kuxi siawo katã dzi la, ate ŋu ana nàɖe ɖokuiwò ɖe aga le ame bubuwo gbɔ. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 18:⁠1.) Ekema aleke nàwɔ akpɔ wò ŋutɔ ƒe kuxiwo gbɔ? Le nyateƒe me la, ɖe wòle be wò ɖeka nàkpɔ wo gbɔa?

Ao, elabena menye wò ɖeka ko dzie kuxi siawo le o​—⁠eɖanye aleke wololoe o. Esi nunyala Fia Salomo lé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe nuwɔna ŋu nyuie megbe la, egblɔ be “nu yeye aɖeke mele ɣea te o.” (Nyagblɔla 1:⁠9) Ẽ, amewo do go kuxi siwo le abe tɔwò ke ene eye wote ŋu kpɔ wo gbɔ dzidzedzetɔe. Eyata mele be wò ɖeka nàsusu nusi nàwɔ ɣesiaɣi o; àte ŋu axɔ kpekpeɖeŋu tso ame aɖe si ɖu kuxi ma dzi xoxo la gbɔ ɣeaɖewoɣi. Ne èzɔ mɔ yina teƒe aɖe si mènya o la, ɖe màdze agbagba ana ame aɖe si de afima kpɔ nafia mɔ wò oa? Nyabiabia lae nye be, Ameka gbɔe nàyi axɔ kpekpeɖeŋu sia?

Hatiwo​—⁠Woawoe Aɖo Aɖaŋu Nyuitɔ na Wòa?

Sɔhɛ geɖe gblɔa woƒe kuxiwo na wo hatiwo. Anita si nye sɔhɛ la gblɔ be: “Mesusuna ɣeaɖewoɣi be nye koe le tɔtrɔwo me tom. Mebuna be ‘Ðe kuxi sia vaa ame aɖe hã dzia?’ Mebiana ɖokuinye be bometsitsie na mese le ɖokuinye me nenema hã.” Àsusui be hawòti aɖe ase wò seselelãmewo gɔme eye be ame tsitsi​—⁠vevietɔ dzila​—⁠ada ye ɖe anyi alo ahe nya ɖe ye ŋu akpa.

Gake togbɔ be hawòtiwo aɖe nugɔmesese, veveseɖeameti, kple veveseɖeamenu afia hã la, womate ŋu aɖo aɖaŋu nyuitɔ na wò ɣesiaɣi o. Biblia la ƒo nu tso “amesiwo tsi . . . kpɔ sidzenu, siwo nu mã wo, be woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ” la ŋu. Aleke wowɔ kpɔe? Biblia la ɖo eŋu be: “To ŋudɔwɔwɔ me,” si nye nuteƒekpɔkpɔ! (Hebritɔwo 5:14) Esi nuteƒekpɔkpɔ sia tɔgbe mele sɔhɛwo si o ta la, womete ŋu tua “nunya vavã kple tamebubu” ɖo wòsɔna kple ame tsitsiwo tɔ o. (Lododowo 3:21) Eyata afɔku le hatiwò sɔhɛwo ƒe aɖaŋuɖoɖo sese me. Lododowo 11:14 xlɔ̃ nu mí be: “Ne kplɔla meli o la, dukɔ yia to.”

Viɖe si Le Dzila Siwo Vɔ̃a Mawu Ŋu

Ne míagblɔe gbadzaa la, ame tsitsiwoe dze be woafia mɔ ame nunyatɔe. Hiob si nye ame dzɔdzɔe la gblɔe ale: “Ðe nunya le amegã ɖeɖiwo si, eye tagbɔ kɔkɔ li na ame tsitsiwoa?” (Hiob 12:12) Godoo la, amesiwo dze ŋutɔŋutɔ be woakpe ɖe ŋuwò le nya sia gomee nye dziwòla siwo nye mawuvɔ̃lawo. Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye be wonya wò nyuie wu amesiame. Esi wodo go nɔnɔme siwo dze ŋgɔwò fifia kpɔ ta la, woate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ akpe ɖe ŋuwò be màgage ɖe xaxa me o. Esime Salomo nɔ nu ƒom abe dzila ene la, egblɔ be: “Mi viwo, mise fofowo ƒe amehehe, miɖo ŋku anyi, ne miadze si gɔmesese. Nufiafia nyui mele tsɔtsɔm na mi.”​—⁠Lododowo 4:​1, 2.

De ŋugble le ɖekakpui si ŋkɔe nye Samuel si nye Ghanatɔ la ŋu kpɔ. Esime wònɔ sɛkɛndri suku dem la, eva hiã be wòawɔ nyametsotso be yeayi sukudede dzi alo yeawɔ Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Egblɔ be: “Esi míaƒe ƒomea wɔ ɖeka eye dzeɖoɖo nyui le ƒomea ta la, enɔa bɔbɔe nam be maɖe nye nyawo agblɔ na dzinyelawo.” Samuel dzilawo fia ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe mɔe​—⁠si nye dɔ si me wòle ŋgɔyiyi kpɔm le. Samuel de dzi ƒo be sɔhɛwo nana wo dzilawo nakpe ɖe wo ŋu le woa ŋutɔwo ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me elebena “wokpɔ nuteƒe geɖe le agbe me eye wodo go kuxi mawo ke kpɔ . . . eye woate ŋu aɖe nusi nyo kple nusi gblẽ le nya la ŋu ŋuti la afia.”

Dzidzɔtɔe la, numekuku si wowɔ le Gallup ɖee fia be sɔhɛ gbogbo aɖewo di dzilawo ƒe mɔfiafia​—⁠le atikewo zazã, suku, kple gbɔdɔdɔ ƒe nyawo gɔ̃ hã ŋu.

‘Dzinyelawo Mesea Nu Gɔme Nam O!’

Gake nublanuitɔe la, sɔhɛwo ɖea wo ɖokui ɖe aga le wo dzilawo ŋu ne woɖo woƒe ƒewuiwo me. Wo dometɔ aɖewo sena le wo ɖokui me abe alesi ŋutsuvi ƒewuivi sia see le eɖokui mee ene, amesi gblɔ be: “Mete kpɔ be maƒo nu na dzinyelawo le alesi agbagbadzedze le nusɔsrɔ̃ me doa vɔvɔ̃ nam eye mesusu be suku sia sesẽ nam akpa ŋu, gake ɖeko wogblɔna nam be kuviatɔe menye eye ele be mado vevie nusɔsrɔ̃.” Ðetugbi Kristotɔ aɖe si le Afrika gblɔ nya sia tɔgbe ke be: “Le menye la, menyae be kuxiwo le nye ŋutɔ ŋunye siwo ta mehiã na kpekpeɖeŋu ɖo, gake mele vɔvɔ̃m be dzinyelawo mase egɔme nam o.”

Le nyateƒe me la, dzila siwo nye mawuvɔ̃lawo gɔ̃ hã wɔa vodada ɣeaɖewoɣi. Woawɔ nu ɖe nya aɖe ŋu wòagbɔ eme, womaɖo to o, womase nu gɔme na wò o, alo woada wò ɖe anyi. Gake esia mefia be nàtsri wo le wò agbe me o. Dzila madeblibowoe nyi Yesu Kristo. Gake Biblia ɖee fia be Yesu ‘bɔbɔ eɖokui na wo.’ Ðikeke mele eme o be woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kpe ɖe eŋu be ‘wòtsi ɖe edzi le nunya kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ me.’​—⁠Luka 2:​51, 52.

Ðe dziwòlawo ƒe nunya kple nuteƒekpɔkpɔ le vi ɖem na wòa? Ne mele vi ɖem na wò o la, ekema de ŋugble le nya si Eastwood Atwater gblɔ le agbalẽ si nye Adolescence me ŋu kpɔ: “Ne sɔhɛwo ƒe hatiwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi madzemadzee la, enyea nusi ate ŋu ava eme le nane si le bubum le dzilawo kple sɔhɛwo dome ƒomedodo me ta wu be wòanye alesi sɔhɛwo kpɔa ŋudzedze ɖe wo nɔewo ŋu ta.” Aleke mia kple dziwòlawo dome le? (Galatiatɔwo 6:⁠5) Ðe wòanɔ eme be mègalɔ̃a dzeɖoɖo kpli wo fifia oa? Ekema nukata màwɔ nusi nàte ŋui atsɔ ana nɔnɔmea nanyo ɖe edzi o?a Esiae nye nusi Salomo yɔ be “vi” nyenye na ame dzilawo.​—⁠Lododowo 4:⁠3.

Malcolm si nye sɔhɛ Ghanatɔ si le United States fifia la susu le ɣeyiɣi si va yi me be ye dzilawo mesea yeƒe seselelãmewo gɔme o. Gake woyi edzi ƒã woƒe agbe me nuteƒekpɔkpɔ kple amehehe si tso Mawu ƒe Nya la me ɖe eme. Malcolm gblɔ le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe edzilawo nyitsɔ laa me be: “Menya be masɔmasɔwo nɔ mía dome le ɣeyiɣi si va yi me. Gake ne megbugbɔ de ŋugble le ɣeyiɣi mawo ŋu la, alesi mienɔ te ɖe nye tosesẽ nui eye míelɔ̃ ɖe nye nyametsotso aɖewo dzii la wɔ nuku nam. Le nyateƒe me la, menya nusi dzɔna le aƒe aɖewo me eye Biblia la na [mía tɔ] to vovo. Megale akpe dam na mí ake.”

Wò Ŋutɔ Dze Nunya!

Dziwòlawo ƒe mɔfiafia xɔxɔ anye mɔ kpuitɔ kekeake si dzi nàto atsi ava wɔ nu abe ame tsitsi ene ke menye be wòagblẽ nu le wò tsitsi ŋu o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ‘aɖaŋudzedze, sidzedze, kple tamebuŋutete’ ava ɖo wò hã asiwò. (Lododowo 1:⁠4) Àva su te be nàte ŋu adzro kuxiwo me ahawɔ nyametsotso nyuiwo le alesi nàkpɔ wo gbɔe me.

Enye nyateƒe be menye sɔhɛwo katã dzilawoe nye mawuvɔ̃lawo o. Gake anye vodada be nàƒo nya ta be mele be yeaɖo to nusi ye dzilawo gblɔna o le esi womenye Kristotɔwo o ta ko. Woganye dziwòlawo kokoko eye ele be nàde bubu wo ŋu. (Efesotɔwo 6:​1-3) Azɔ hã, ne èna mɔ wo la àva kpɔe be aɖaŋuɖoɖo nyui geɖe le wo si. Ne èhiã na gbɔgbɔmemɔfiafia la, dze agbagba nàte ɖe Kristo-hamea me tɔ si dzi nèka ɖo ŋu. Masesẽ be nàkpɔ ame tsitsi mawuvɔ̃la si atsɔ dzi si sea nu gɔme hesea veve ɖe ame ti alɔ̃ faa aɖo to wò o.

Ðo ŋku edzi hã be Yehowa ƒe gbɔgbɔ nye kpekpeɖeŋu kple ŋusẽ tsoƒe si li ɖaa na amesiwo bianɛ. (Luka 11:13) Nyatakaka geɖe si tso Yehowa gbɔ hã li nàkpɔ le Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa tana la me. Nyati si xlẽm nèle si wotana tsiã ɖe enu gɔ̃ hã kpe ɖe sɔhɛ akpe geɖe ŋu be wokpɔ woƒe kuxiwo gbɔkpɔnu nyuiwo! To numekuku nyui wɔwɔ me la, àte ŋu akpɔ kuxi geɖewo gbɔ.​—⁠Lododowo 2:⁠4.

Le nyateƒe me la, kuxiwo ƒe ame kuku hã nye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Gake ekpena ɖe ame ŋu be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ ame si abe alesi wònɔ hakpala la sii ene. Eŋlɔ bena: “Enyo nam ŋutɔ be, wobɔbɔm ɖe anyi, ne masrɔ̃ wò ɖoɖowo.” (Psalmo 119:71) Ẽ, kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ate ŋu adzra wò ɖo ana hehe wò. Gake mele be wò ɖeka nàkpe akɔ kple wo o. Bia kpekpeɖeŋu. Kpekpeɖeŋu li ɣesiaɣi amesiwo bianɛ la akpɔ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Àkpɔ nya sia ŋuti aɖaŋuɖoɖo nyui geɖe le agbalẽ si nye Questions Young People Ask​—⁠Answers That Work si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe ta 2 lia me.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Dziwòlawo ƒe mɔfiafia xɔxɔ ate ŋu anye mɔ kpuitɔ kekeake si dzi nàto atsi ava wɔ nu abe ame tsitsi ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe