Dzitsinya, Nukata Nèle Fu Wɔmem Alea?
“O DZITSINYA vɔvɔ̃nɔtɔ, aleke nèle fu ɖem nam alea gbegbe!” Nya ma siwo Fia Richard III gblɔ le Shakespeare ƒe fefe si ƒe tanya ke enye ema la ƒo nu tso vevesese ɖe nuvɔ̃ ta si amegbetɔ ƒe dzitsinya ate ŋu ado na ame ŋu. Le agbenɔnɔ ŋutɔŋutɔ me la, dzitsinya na amewo de vovo ge do kpoe eye wòna ame geɖe ƒe agbenɔnɔ trɔ.
Dzitsinya ƒe ŋusẽ dze le nane si dzɔ ɖe ɖekakpui aɖe si nye Italiatɔ dzi la me. Dɔ si wòwɔna si nye nu ƒe dedienɔnɔ dzikpɔla la ƒe akpa aɖee nye be wòanɔ ga gbogbo aɖe tsɔm. Nusianu yi edzi nyuie vaseɖe esime gbeɖeka wòna tetekpɔ ɖu edzi wòfi kotoku si me ga si nye lire 300,000,000 si sɔ kple Amerika dɔlar 240,000 le. Esi wo kple eƒe dɔwɔhati eve bubue le dɔa wɔm eye womete ŋu nya wo dometɔ si tututu tsɔe o ta la, wonyã wo ame etɔ̃a katã.
Etsɔ ga si wòfi la dzra ɖo kple susu be ne nya la nu fa la, ne yeava zã. Ðe esia teƒe la, funyafunyawɔwɔ aɖe si menɔ mɔ kpɔm na o la dze egɔme nɛ: Mete ŋu dzudzɔ tamebubu le fɔmaɖila siwo wonyã le dɔ me la ŋu o. Eƒe dzitsinya mele mɔ namee kurakura o. Megate ŋu dɔa alɔ̃ o. Megate ŋu ɖua nu o. Womegate ŋu wɔa naneke kplii o.
Mlɔeba esi fɔɖiɖi kple aʋawɔwɔ si le edzi yim le eƒe lãme va ɖu edzi eye wòwu tsɔtsɔ nɛ la, eyi ɖe kpovitɔwo gbɔ eye wòtsɔ ga si wòfi la na wo. Egblɔ na wo be: “Dzitsinya ƒe fuɖenamea wu tsɔtsɔ nam. Eglom!” Egagblɔ kpee be: “Enyo wu be nànɔ game eye nànya be yeɖi anukware wu be nànɔ ablɔɖe me ne wò dzitsinya nanɔ fɔ bum wò be fiafie nènye.”
Dzitsinya la nye nunana tso Mawu gbɔ na amesiame. Ate ŋu abu fɔ mí alo atso afia na mí. Ne míeɖo toe la, axe mɔ ɖe vodada wɔwɔ nu na mí, ana ne míewɔ nuvɔ̃ si nye ŋkubiãnya la, míanɔ didim be míaɖe mía ɖokui nu o. Eyata le esi nàgbe eƒe fuɖeɖename abe alesi Fia Richard III gbee le Shakespeare ƒe fefe me ene la, ele be míabu míaƒe dzitsinya nu xɔasii eye míadzɔ eŋu.—Romatɔwo 2:14, 15.
Ne èle Biblia kple eƒe nuxɔxlɔ̃ siwo ɖea vi na ame ŋuti numeɖeɖe bubuwo dim la, ke taflatse yi Yehowa Ðasefowo gbɔ le afisi nèle la ƒe Fiaɖuƒe Akpata me, alo nàŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe adrɛs siwo le axa 5 lia la dometɔ si te ɖe ŋuwò wu.