INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 3/8 axa 31
  • Nukatae Ƒoatiƒoatiwo Meŋea Kɔ O?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukatae Ƒoatiƒoatiwo Meŋea Kɔ O?
  • Nyɔ!—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2012
  • Amekae Ate Ŋu Agblɔe Na Mí?
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
Nyɔ!—1994
g94 3/8 axa 31

Nukatae Ƒoatiƒoatiwo Meŋea Kɔ O?

ÈSE ƒoatiƒoati, alo ƒoʋuleatikɔe, si nye xevi si ɖea do ɖe ati me la ƒe do ɖeɖe ɖe ati me kpɔa? Esi wònye be ƒoatiƒoati hamehame siwo ade 200 ye le xexeame katã ta la, ɖewohĩ èkpɔ ɖe si ƒe dɔ tɔtɔ atia ɖina kokoko abe aʋawɔtu siwo dana tre ɖe enu ene la kpɔ. Esi mekpɔ xevi sia ƒe ɖe wòtsɔ dɔ nɔ do ɖem ɖe ati me la, ewɔ nuku nam be mebia ɖokuinye se be, ‘Nukatae meŋea kɔ alo nu gblẽna le eƒe ahɔhɔ̃ ŋu o?’ Ne mí amegbetɔwoe awɔ dɔ si sesẽ nenema la, anye ne ahiã be amesi hea nu na ame ne woɖɔ li alo woŋe alo ahɔhɔ̃kola nawɔ dɔ na mí! Ke nuka gbɔe wòtso be woawo mesea naneke o?

Le kpɔɖeŋu me, bu ƒoatiƒoati ƒomevi aɖe si ƒe akɔta biã si le United States ƒe ɣedzeƒenutome ŋu kpɔ. Agbalẽ si nye Book of North American Birds gblɔ le eŋu be: “Etsɔa eƒe dɔ gã si le abe atikpafi ene kua do ɖea nudzodzoe siwo be ɖe atia ƒe tsro te, eɖea do ɖe atia me fɔa nudzodzoe siwo le atia me, eye wòkaa atia ƒe akpa gã aɖe ƒua gbe ne ele do si ava zu atɔ nɛ la ɖem.” Aleke wòwɔna be atiwɔ meɖea fu nɛ o? “Nane si ŋu fu si le kedzékedzé le xe eƒe ŋɔtinu nyuie.”

Ke alesi wòtsɔa ta xlãna ɖe ati ya ɖe? “Be nu megagblẽ le eƒe ahɔhɔ̃ ŋu o la, . . . wowɔ eƒe kɔƒu wòsẽ, eƒe taƒu tri, eye dometsotso aɖe le ayi titri si tsyɔ eƒe ahɔhɔ̃ dzi kple ahɔhɔ̃a ŋutɔ dome, eye nusiawo nyea takpɔnu tɔxɛwo nɛ.”

Ƒoatiƒoati ƒomevi bubu aɖe si hã ƒe akɔta ƒe amadede nye aŋutiɖiɖi, si noa tsi le atiwo me hã ɖea do zɔzrɔ̃ewo ɖe agbaka me siwo me wònoa tsi tso atia me le. Eya mele abe ƒoatiƒoati si ƒe akɔta biã si ƒe aɖe didi legbee eye wòle nogoo tɔgbe eye aɖea nu te ŋu léa nudzodzoewo la ene o, ke boŋ xevi atimetsinola sia ƒe aɖe le kpuie wu eye aɖea dzi to fu vie, si wɔnɛ be wòte ŋu tsɔnɛ noa tsiae.

Ðikekemanɔmee la, aɖaŋuwɔwɔ dzeani sia fia kakaɖedzitɔe be Aɖaŋuwɔla si nye Yehowa Mawu ƒe asinudɔwoe wonye. Ele be míatsɔ ɖokuibɔbɔ agblɔ abe Hiob ene be: “Menyae be, àte ŋu awɔ nuwo katã, eye nusi nèɖo la, mesesẽna na wò o.” Eye Dawid hã ŋlɔ be: “Wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.”—Hiob 42:2; Psalmo 139:14.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]

Leonard Lee Rue, 111/ H. Armstrong Roberts

Miame: H. Armstrong Roberts

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe