Eɖe Agbegbegblẽnɔnɔ Dzi Kpɔtɔ Ŋutɔ
Aɖaŋuɖola aɖe si le Oklahoma, U.S.A., ƒe yunivɛsiti ka nya ta be agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work ye wɔ nusi woŋlɔ ɖe etame la. Langston Yunivɛsiti ƒe aɖaŋuɖola gblɔ be:
“Maɖo aɖaŋu na amesiame si le ha dem kple sɔhɛ siwo xɔ ƒe 13-18 la be wòawɔ agbalẽ tɔxɛ sia ŋudɔ. Eɖe gbɔdɔdɔ me le mɔ aɖe si ŋu wòle be míaƒe nusrɔ̃viwo nanya nu le la nu bene woate ŋu anɔ te ɖe xexeme totro sia ƒe kuxiwo nu. Mekpɔe le nye nuteƒekpɔkpɔ me be ekpena ɖe wo ŋu be woanya nusi adzɔ ne wonɔa agbe gbegblẽ. Ena wonyaa nu le nulɔdɔ vovovowo, abe AIDS, babadɔ, kple herpes ene ŋu.
“Ne ètso nya me be yeakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me la, efia alesi wòle be nàtia kpeɖeŋutɔ ɖeka le wò agbe me, eye wòte gbe ɖe srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔkɔenyenye dzi. Agbalẽ sia ŋudɔwɔwɔ vivi nunye ŋutɔ. Ekpɔa ŋusẽ ɖe amesiwo zãnɛ la ƒe agbenɔnɔ dzi. Mede dzesii be nyɔnu geɖe siwo míeɖoa aɖaŋu na ƒe fufɔfɔ dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ esi woɖe agbalẽa ɖe go vɔ megbe.”
Ne èdi be yeaxɔ Questions Young People Ask—Answers That Work ƒe agbalẽa alo nèdi be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye femaxee la, ke ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5.