Ðe Mawu Dea Akpa aɖe Dzi le Kamedefefewo Mea?
DUƑULA si ɖu dzi la dze klo eye wòwɔ gbedodoɖa ƒe dzesi tsɔ nɔ akpe dam ɖe nusi wòte ŋu wɔ ta. Gake mina míatsɔe be duƒula bubu siwo nɔ hoʋiʋlia me hã do gbe ɖa na Mawu be wòana yewoaɖu dzi—eye womeɖu dzi o.
Hafi kɔdala eve nadze kɔdada gɔme la, gbã wodzea klo ɖe to si woɖe na kɔdadaa la ƒe dzogoe siwo dze ŋgɔ wo nɔewo la dzi. Ame evea siaa wɔa atitsoga ƒe dzesi si nye gbedodoɖa na Mawu le ame ɖokui me be wòana yewoakpɔ dzidzedze. Emegbe ame ɖeka tua kɔ evelia wòtsia anyigba. Le kɔdada bubuwo me la, ame ɖeka koe doa gbe ɖa na Mawu be wòana yeaɖu dzi, gake zi geɖe ne eya meɖu dzi o la, ke woɖua edzi.
Le hamekamedefefewo me la, fefewɔlawo ƒoa ƒu doa gbe ɖa hafi dzea fefea gɔme, ne fefea le edzi yim alo ne ewu nu gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, le Amerikatɔwo ƒe bɔlƒoƒo aɖe si woyɔna be Super Bowl ƒe aɖabaƒoƒo mamletɔ me la, agedola aɖe tsi tre be yeaƒo bɔl si ana woaɖu dzi alo ana woaɖu wo dzi nenye be mete ŋu do agea o. Agedola la gblɔ emegbe be: “Menɔ gbe dom ɖa.” Gake bɔlƒoha kemɛa me tɔwo hã nɔ gbe dom ɖa—be womagado age o.
Togbɔ be akpa evea siaa ado gbe ɖa hã la, ele be woaɖu akpa ɖeka dzi godoo. Woate ŋu aɖu bɔlƒoha si le dzi ɖum si ƒe bɔlƒolawo do gbe ɖa be yewoaɖu dzi gɔ̃ hã dzi. Le nyateƒe me la, ne ɣeyiɣi si woɖo be bɔlƒoha vovovo siwo le ho ʋlim la katã nakpe kple wo nɔewo wu enu mlɔeba la, ele be woaɖu bɔlƒoha bubuawo katã dzi kokoko elabena bɔlƒoha ɖeka koe anye wo katã dzi ɖula le bɔlƒohoʋiʋlia me. Gake bɔlƒoha siwo dzi woɖu la dometɔ geɖe ƒe bɔlƒolawo do gbe ɖa be yewoaɖu dzi hafi.
Le nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Taflatsɛ, Miaƒe Gbedodoɖawo Nenɔ Anyi Ko” me la, kamedefefeŋutinuŋlɔla aɖe ŋlɔe be: “Miaƒe adegbeƒoƒo kple ɣlidodo bobobo be yewole ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu ɖeɖe dzaa mefia be enye nyateƒe o. . . . Le Xexemeʋa II me la, woŋlɔ nya aɖe ɖe Germania-srafowo ƒe alidziblakanuga dzi be: Gott mit uns. Ne woɖe egɔme la efia be: ‘Mawu li kpli mí.’ ” Kamedefefeŋunyaŋlɔla bubu de dzesii be: “Mawu medea akpa aɖeke dzi le bɔlƒoƒo me o. Ŋutsu kple nyɔnuwoe tsoa nya me le nya tsɛ siawo ƒomevi ŋu, ke menye Ŋusẽkatãtɔ lae o.”
Apostolo Petro ŋlɔe bena: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” Ame ɖokui ƒoƒo ɖe ŋutasesẽ ƒe kamedefefewo me menye ‘nu dzɔdzɔewɔwɔ o.’ (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Romatɔwo 14:19) Ne Mawu se amesiwo doa gbe ɖa bianɛ be wòana dziɖuɖu yewo ƒe gbedodoɖawo, eye wode abi hoʋlila aɖe ŋu alo wowui gɔ̃ hã ɖe, ɖe woabu fɔ Mawua?
Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (Yohanes I, 5:14) Be Mawu naɖo ame aɖe ƒe gbedodoɖawo ŋu nɛ la, ele be amea nanya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe tameɖoɖowo, eye ele be ame ƒe nuwɔna nasɔ kple nu mawo.—Tsɔe sɔ kple Mateo 6:9, 10.
Gbeɖe, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖowo mewɔ ɖeka kple kamedefefewɔnawo o. Eyata ne wodo gbe ɖa be woakpɔ dziɖuɖu le wɔna mawo me la, ɖe Mawu senea? Kakaɖedzi blibo li be mesenɛ o.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]
UPI/Bettmann