Afisi Dzilawo Kple Ðeviwo Ðoa To Hesrɔ̃a Nu le Ðekae
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE JAPAN GBƆ
“ESI míenye adzɔha si dzraa xɔwo ŋu ɖo ta la, ele be ŋu nakpe mí gake edze abe ɖe eŋu kɔna wu ne miawo [miedzra eŋu ɖo] ene.” Adzɔha si dzraa Japan ƒe Fukuoka Dome Stadium ŋu ɖo ƒe dɔnunɔlae gblɔ nya sia le dzomeŋɔli si va yi me ku ɖe dzadzraɖo si Yehowa Ðasefowo wɔ ɖe woƒe “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpe ŋu la ŋuti. Enɔ dɔ wɔm na Tokyo Dome Stadium le ƒe si va yi me esime wowɔ Yehowa Ðasefowo ƒe “Kekeliviwo” Nutome Gã Takpekpe le afima, eye ewɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Esi takpekpea wu enu la, fefewɔƒea nɔ dzadzɛ wu alesi wònɔ do ŋgɔ hafi wohayae. Egblɔ yi edzi be: “Ðeviawo ƒe agbenɔnɔ mebɔ o. Magblɔ ko be: ‘Etɔgbe meli o!’”
Wowɔ “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpe le Takamatsu Dugã hã me le ƒe si va yi me. Ŋutsu aɖe si le eƒe ƒe blaeneawo me si nɔ takpekpea valawo kpɔm la, bia wo be, “Kristotɔwoe mienyea?” eye wòyi edzi be: “Miewɔ takpekpe le ƒe si va yi me hãe? Afikae mia viwo nɔ esime takpekpea nɔ edzi yim?” Esi vavalawo ɖo eŋu be: “Wonɔ to dzi nɔ nuƒoawo sem henɔ woa ŋutɔwo ƒe Biblia kem kple wo dzilawo” la, ŋutsua gblɔ be: “Enyo ŋutɔ! Mekpɔa mia tɔwo dzomeŋɔli ɖesiaɖe eye ewɔa dɔ ɖe dzinye ɣesiaɣi be mia viwo léa wo ɖokui nyuie.” Egagblɔ be togbɔ be yese nya geɖe le dzeɖoɖo nyui si menɔa dzilawo kple wo viwo dome o ŋu hã la, yekpɔe le Yehowa Ðasefowo ƒe viwo ƒe agbenɔnɔ me be ƒomedodo nyui le dzilawo kple wo viwo dome.
Gɔmedzesukunufiala aɖe si de Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe si wowɔ le Makuhari Messe le ƒe si va yi me la, tsi yaa esi wòkpɔ ɖeviwo ƒe agbenɔnɔ le takpekpea me. Le suku, afisi wòle be nusɔsrɔ̃ nayi edzi le esime sukuviawo naɖo to ne ame bubuwo le nu ƒom la, ekpɔe be ɖeviawo melɔ̃na ɖoa to o. Gake ekpɔ nusi to vovo le takpekpea. “Ðevi mawo nɔ to dzi ɣeyiɣi didi aɖe. Eye gawu la, wolé woƒe nuŋlɔtiwo ɖe asi nɔ nuŋlɔɖiwo wɔm, eye togbɔ be ata dzie wotsɔ agbalẽawo ɖoe hafi nɔ eŋlɔm hã la, wonɔ Japangbe me ŋɔŋlɔdzesiawo ŋlɔm pɛpɛpɛ. Ðasefowo ƒe viwo to vovo na ɖevi bubuwo le suku gɔ̃ hã le woƒe nuƒoƒo kple toɖoɖo me, le woƒe awudodo kple atsyɔ̃ɖoɖo me.” Egblɔ kpee be: “Mesusui be esi wonaa hehe wo gbesiagbe, esi wokafua Yehowa, kple esi woƒe ƒomewo wɔa dɔ ɖekae aduadu tae.”
Abe alesi Israel-viwo wɔ ɖe Mawu ƒe se si gblɔ be: ‘Ƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo . . . nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃ nu’ dzi ene la, Yehowa Ðasefowo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ƒoa ƒu egbea xɔa nufiafia ɖeka ma ke. Ŋɔŋlɔ si le etame la yi edzi gblɔ susu si ta woawɔ esia ɖo be: “Woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.”—Mose V, 31:12.