Agbegbegblẽnuwɔna Ŋuti Nufiafia Ðo Suku Kɔkɔ Me
NUSƆSRƆ̃ aɖe si ŋu amewo tsi tre ɖo le edzi yim le San Francisco Dziɖuɖu Yunivɛsiti me si ŋu San Francisco Chronicle, November 1, 1993 tɔ ƒe akpa si nye “Matier & Ross Nyatakaka” ƒo nu le. Nufialagã John DeCecco ye le amegbetɔwo ƒe gbɔdɔdɔ ŋuti nusɔsrɔ̃ sia fiam. Matier kple Ross wogblɔ tso eŋu ale:
“Nusɔsrɔ̃ kae nye si. Ne edzroa wò vevie be yeaxɔ San Francisco Dziɖuɖu Yunivɛsiti ƒe ɖaseɖigbalẽ le nusɔsrɔ̃ etɔ̃ me la, wò ya tia nusɔsrɔ̃ siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ɖe ame me (siwo dzi dunyahelawo daa asi ɖo ɣeaɖewoɣi) la le nusiwo sukua fiana la dome ko.”
Woyɔ ɖokuigbɔdɔdɔ, ŋutsuwo ƒe nyɔnuwu dodo, ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, dɔdɔ kple lã, gbɔdɔdɔ ŋutasesẽtɔe, kple bubuwo. Nusiawo dometɔ aɖewo kpɔkpɔ le video dzi nye nusɔsrɔ̃a ƒe akpa aɖe.
Míate ŋu atsɔ nuwɔna siawo asɔ kple ‘nuwɔna nyɔŋu’ siwo Yehowa lé fui siwo woyɔ ɖe Mose ƒe Sea me le Mose III, ta 18. Esi woƒo nu tsi tre ɖe ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, ahasiwɔwɔ, kple gbɔdɔdɔnuwɔna gbegblẽ bubuwo ŋu vɔ la, kpukpui 22 kple 23 gblɔ be: “Megadɔ ŋutsu gbɔ abe nyɔnu gbɔ ene o, ŋunyɔnu wònye. Megade asi lã ŋu ahado ŋunyɔ ɖokuiwo o, eye nyɔnu aɖeke megana lã nayɔ asii o, ŋukpenanu vɔ̃ɖi wònye.”
Nusiawo siwo nyɔa ŋu na Yehowa la wɔwɔ hea eƒe fɔbubu sia vɛ: “Migawɔ nusiawo atsɔ ado ŋunyɔ mia ɖokui o, elabena trɔ̃subɔla, siwo nyã ge mala le mia ŋgɔ la, wɔ nusiawo hedo ŋunyɔ wo ɖokui, eye woƒe anyigba gblẽ; eyata maɖo woƒe vodadawo teƒe na wo, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe. Ne ame aɖe wɔ ŋunyɔnu siawo dometɔ aɖe la, woatsrɔ̃ amesi wɔe la ɖa le dukɔ la dome.”—Mose III, 18: 24, 25, 29.
San Francisco Dziɖuɖu Yunivɛsiti ƒe sukuviawo dometɔ ɖeka kafu DeCecco be “eɖe nukpɔsusu totro si le ame akpa gãtɔ si ɖe agbegbegblẽnɔlawo ŋu la ɖa eye wòɖee fia be amesiawo le abe ame bubu ɖesiaɖe ene.” Wole abe ame bubu ɖesiaɖe enea? Le nyateƒe me la, ame geɖe mekpɔa gome le gbɔdɔdɔnuwɔna gbegblẽ siwo nye ŋutsu kple ŋutsu, kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ me o, eye womedɔa lãwo gbɔ hã o. Enye nyateƒe be agbenyuimanɔmanɔ si keke ta la le dukɔwo me egbea ya, gake nuwɔna siawo siwo wole fiafiam le yunivɛsiti sia la nye agbegbegblẽnuwɔna tɔŋku si wotsɔ agbalẽsɔsrɔ̃ kple numekuku ɖo ŋgɔ na.