Pamprosaŋku—Philippinetɔwo ƒe Haƒonu Wɔnuku Aɖe
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE PHILIPPINES GBƆ
SAŊKU vovovowo nɔ anyi ƒe 2,000 kple edzivɔe nye sia. Aɖaŋu siwo wotsɔ wɔ woe la to vovo, gake do siwo tri ɖe enu siwo nye akpa si na gbea ɖina la le saŋku ɖesiaɖe ŋu. Ati kple ga wotsɔ wɔa esiawo zi geɖe. Gake nusiwo me do le si wozã tsɔ wɔ saŋku si ŋuti míedi be míaƒo nu tsoe na wò la nye pampro koŋ. Do 953 siwo naa gbea ɖina la dometɔ 832 nye pampro sɔŋ. Susɔeawo nye ga. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖe do aɖewo ɖe eŋu tsɔ ɖo atsyɔ̃ ko nɛ.
Aleke pamprosaŋku la wɔa dɔe? Ewɔa dɔ abe alesi saŋku bubu siwo ŋu do le wɔa dɔe ene. Do ƒomevi evee wozã, eye wogbɔa ya dea wo me be hagbe naɖi. Pampro siwo me wogbɔa ya ɖo—siwo dzi do suesuewo le le wo kple saŋkuɖakaa kpeƒe gbɔ—la ɖina abe dze ƒe ɖiɖi tututu ene. Aƒla siwo me do le—siwo me gbeɖinu le—la hã ƒe ɖiɖi le abe dze gbe kɔkɔ tɔ alo esi dzia gbe si bɔbɔ wu ene. Alesi do siawo ƒe akpa gãtɔ nye pampro la na saŋku sia ƒe gbeɖiɖi nye etɔxɛ.
Saŋku la Wɔwɔ
Spaniatɔ mawunyadɔgbedela Diego Cera ye dze pamprosaŋku sia wɔwɔ gɔme le ƒe 1816 me. Nukata wòzã pampro? Ðewohĩ afimatɔwo ƒe ahedada nye nusiwo tae wòzã nusiwo mexɔ asi o tsɔ wɔe la dometɔ ɖeka. Tsɔ kpe eɖe ŋu la, ɖikeke mele eme o be saŋku la wɔla di be yeazã wo gbɔ ŋudɔwɔnu siwo sɔ.
Le ƒe 1816 me la, wotso pamprowo ɖi ɖe ƒutake me wòxɔ wu ƒe ɖeka. Wobu wo dometɔ siwo baba meɖu eye mevo o la be wonye adodoeawo eye wozã wo tsɔ wɔ saŋku lae. Le ƒe geɖe siwo kplɔe ɖo me la, wotsiã saŋku la ƒe akpa vovovoawo. Esi wowu nu bliboa nu le ƒe 1821 me la, wogblɔ be enye “nyuitɔ kekeake kple eƒomevi gbãtɔ le dukɔa me.”
Eto Nɔnɔme Sesẽwo Me
Nuwo menɔ bɔbɔe na pamprosaŋku la o. Le ƒe 1829 me la, anyigbaʋuʋuwo dzɔ le Las Piñas si nye du si me saŋkua le. Xɔ si me wònɔ la tame kaka eye anɔ eme be saŋkua tsi yame hena ɣeyiɣi aɖe. Le ƒe 1863 me la, anyigbaʋuʋu si nu sẽ wu gblẽ nu geɖe le saŋkua ŋu. Woɖɔ li ati siwo me do le la dometɔ aɖewo, gake baba ɖu esiawo le ɣeyiɣi aɖe megbe. Le ƒe 1880 me la, anyigbaʋuʋu gã bubu gbã xɔ si me saŋku la nɔ, eye ahom sesẽ aɖe tu hafi wowu xɔa dzadzraɖo nu. Ɣemaɣi la, saŋku la ƒe akpa suesue vovovowo kaka ɖe anyigba.
Wote kpɔ be woadzrae ɖo le ƒe siwo kplɔe ɖo me, gake le ewɔwɔ alea dometɔ ɖeka me la, wova gblẽe kura. Edzraɖola aɖe lã pamproawo ƒe akpa aɖewo be wòatsɔ gbetrɔnuwo ade wo me. Esia trɔ haƒonua ƒe gbe keŋkeŋ. Eye togbɔ be wodze agbagba be woadzrae ɖo hã, saŋku la gblẽ ɖe edzi.
Saŋku la to aʋawɔwɔ hã me. Aʋa suesue siwo nɔ Philippinetɔwo kple Spaniatɔwo dome le ƒe 1890 ƒewo me, kple esi nɔ Philippinetɔwo kple Amerikatɔwo dome le Philippine Kple Amerika Ʋaa me la dzɔ le Las Piñas. Gake togbɔ be saŋku la nɔ gbegblẽm hã la, ƒe 1911 vaseɖe ƒe 1913 me nuŋlɔɖiwo ɖee fia be tsaɖilawo va kpɔnɛ.
Wowɔ xexemeʋa evelia le ƒe 1941 vaseɖe 1945 le Philippines. Esi Japantɔwo va ɖu wo dzi la, Bubutɔ Y. Tokugawa si nye Fiagã Hirohito ƒe ƒometɔ la lé ŋku ɖe eŋu. Ewɔ ɖoɖo wodzra eƒe akpa aɖewo ɖo, gake le ema megbe la, womegawɔ naneke le haƒonua ŋu o hena ƒe geɖe.
Emegbe le ƒe 1970 ƒeawo me la, wogblɔ be woagbugbɔ adzrae ɖo. Pampro alafa geɖe la dometɔ 45 bu, eye 304 menɔ dɔ wɔm o. Wokpɔ xevi aɖe ƒe atɔ le ɖeka me. Ðe woate ŋu awɔ nane le saŋkua ŋu wòagate ŋu aɖi nyuiea?
Wogbugbɔ Dzrae Ðo
Wodze egbugbɔdzraɖo gɔme le ƒe 1973 ƒe March me, eye wotsɔ dɔa de dutasitsaha xɔŋkɔ aɖe si. Wode pamproawo ʋu yi Japan, eye woɖo saŋkua ƒe akpa susɔe ɖe Germania. Wotu xɔ tɔxɛ aɖe ɖe afima be eme dzoxɔxɔ nanɔ abe Philippines tɔ ene. Xɔ sia mee egbugbɔdzraɖodɔa yi edzi le.
Taɖodzinuae nye be woaɖo nuwo wòanɔ abe alesi wowɔe le gɔmedzedzea me ene. Mlɔeba la, wowu edzadzraɖo nu. Wode pampro siwo wova dzra ɖo le Japan la yameʋu me yi ɖe Germania. Wogbugbɔ saŋku bliboa kpe hedoe kpɔ. Emegbe le February 18, 1975 me la, enya se na toɖola Germaniatɔwo le gaƒoƒo ɖeka ƒe haƒoƒo aɖe me.
Ema megbe kpuie la, wode saŋku la aɖaka geɖe me, eye wode wo katã si ƒe kpekpeme nye kilogram 5,626 la Belgiumtɔwo ƒe yameʋu me gatsɔe va Philippines. Wodo dzaa gã aɖe nɛ le Las Piñas, du si me wòanɔ. Ame 30,000 kpɔ asaɖabɔbɔ si me wokui ɖe ʋu me tsɔ ɖe nusiwo dzɔ le haƒonua ƒe ŋutinya me fia la teƒe.
Le May 9, 1975 me la, pamprosaŋku la sɔ gbe be woazãe le haƒoƒo si wotsɔ kɔ eŋui me. Germaniatɔ saŋkuƒola aɖe kple Philippinetɔ haƒolawo ƒo ha esi woganɔ pamprosaŋku la ɖem ɖe go le Philippines.
Èkpɔ ŋudzedze ɖe hadzidzinunana si mía Wɔla la na mí ŋua? Ðe nàdi be yease ha si to vovo viea? Ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nàse pamprosaŋku la ƒe ɖiɖi le Las Piñas la, ɖikeke mele eme o be Philippinetɔwo ƒe hadzinu tɔxɛ sia adzɔ dzi na wò.