Wometso Xexeame Oa?
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE GERMANIA GBƆ
“WOMETSO xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.” (Yohanes 17:16) Yesu gblɔ nya siawo tsɔ ɖee fia be ye yomedzelawo medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me kura o. Ðe amesiwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la ɖo dzidzenu sia gbɔa?
Bu nyadzɔdzɔgbalẽmenya siwo gbɔna siwo ku ɖe Kristodukɔa ƒe nudede Germania Dukɔ (GDR) si dzi Kɔmiunist-dziɖuɖu aɖe ɖu vaseɖe esime wògbã le ƒe 1990 me ƒe nyawo me ŋu kpɔ.
• “Togbɔ be Luther Sɔlemeha la xɔ ŋkɔ ɣeyiɣi kpui aɖe be eyae he ŋutifafa ƒe tɔtrɔ yeyea vɛ hã la, edze abe eƒe ŋkɔxɔxɔa le bubum kabakaba ene. Ame geɖe kpɔe be eva da megbe na dziɖuɖua vevie hezu dɔtsɔla na Stasi (Dɔkɔa ƒe Dedienɔnyawo Dzikpɔƒe) wu.”—Die Zeit, November 1991.
• “Luther Sɔlemeha siwo le kɔƒenuto vovovowo me . . . gblɔ be sɔlemeha la ƒe dɔwɔlawo kple hametɔwo ƒe nudede Stasi ƒe nyawo me la tɔtɔ yewo.”—Evangelische Kommentare, January 1991.
• “Nutsotso ɖoa [Luther] Sɔlemeha kplɔlawo gbɔ be nunɔlawo megakpɔa woƒe amewo gbɔ abe tsã ene o, le esi wonyrɔ̃ wo ɖokui ɖe dunyahehe me vĩ ta.”—Süddeutsche Zeitung, February 1990.
• “Weizsäcker [si nye Germania Dukɔ Wɔɖekawo ƒe dukplɔla tsã la] gblɔ be [Luther] Sɔlemeha la na kpekpeɖeŋu vevie le dunyahehe ƒe ƒomedodo si le Germania Dukɔ eveawo dome la me.”—Wetterauer Zeitung, February 1992.
Menye Luther Sɔlemeha la koe ƒoa eɖokui ɖe dunyahehe me o. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The European gblɔ be: “Dedienɔnyawo Dzikpɔlawo va tra ɖe [Protestant] sɔlemeha ɖesiaɖe kloe me.” Manfred Stolpe si The European gblɔ be enye “protestant-ha kple kɔmiunist-dziɖuɖu domenɔla vevi” la ʋli eɖokui ta be: “Anye ne mana asi Abosam gɔ̃ hã ne ema wɔwɔ ado míaƒe dɔa ɖe ŋgɔ.”
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Guardian si wotana le London la ka nya ta le ƒomedodo kplikplikpli si le osɔfowo kple vivimesrafowo dome le Italia ŋu. Egblɔ be: “Sɔlemeha la kple Cosa Nostra wɔ ɖeka le ŋutifafa me tso ɣeyiɣi didi aɖe ale gbegbe be wotsoa sɔlemeha la nu edziedzi ɖe ɖekawɔwɔ ma ta.”
Nyati aɖe dze le Toronto Star me si ƒo nu tso Russia Orthodoks-ha nunɔla aɖewo ƒe ɖekawɔwɔ kple tsã KGB (Dukɔa ƒe Dedienɔnɔ ƒe Kɔmiti) si nɔ anyi tsã ŋu. Nyatakaka la gblɔ be: “Nukoklo le sɔlemeha la ƒe ɖekawɔwɔ kple kɔmiunist-dziɖuɖua ŋue nye nusi gblẽ nu le eŋu vevie wu. . . . Agbalẽ aɖe si wokpɔ le KGB ƒe nudzraɖoƒe la . . . gblɔ be menye ɖeko sɔlememegãwo gblẽ woa ŋutɔwo ƒe gɔmeɖosewo dome ko o, ke wona ta woƒe subɔsubɔhakplɔla nyenye le teƒe geɖe.”
Togbɔ be Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo yi edzi le gome kpɔm le dunyahehe me hã, Kristotɔ vavãwo ya wɔna ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be woaganye xexeame ƒe akpa aɖeke o la dzi.