Nukata Ha La Megale Ŋusẽ Kpɔm Ðe Amewo Dzi O?
“Stoatɔ ɖesiaɖe nye Stoatɔ; gake le Kristodukɔa me la, afikae Kristotɔ le?”
RALPH WALDO EMERSON, ƑE ALAFA 19 LIA ME AMERIKATƆ NUŊLƆLA KPLE HAKPANYAŊLƆLA.
VIDADA ɖetugbi aɖe ɖe eme be: “Katolikotɔe menye—gake nyemenɔa agbe ɖe enu o.” Ƒewuivi aɖe hã gblɔ be: “Nyemetsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔ me o.” Woƒe nyawoe ɖeviwo ƒe dzidzime si le Europa gblɔna. Togbɔ be wo dzilawo—alo gawu la, wo tɔgbuiwo kple mamawo—gadea sɔleme hã la, mawusubɔsubɔ ƒe dzixɔse mege ɖe dzidzime si li fifia me o.
Nukata wole mawusubɔsubɔnuwɔna siwo ŋu Europatɔwo ƒe dzidzimewo de asixɔxɔe vevie tsã la gbem?
Vɔvɔ̃ Megawɔa Naneke O
Vɔvɔ̃ na dzomavɔ alo ŋutiklɔdzo kpɔ ŋusẽ ɖe Europatɔwo dzi ƒe alafa geɖe. Mawunyagbɔgblɔ tso dzomavɔ ŋu kple dzomavɔ ƒe dzobibi si metsina o ƒe nutata siwo sɔlemeha la wɔ na hameviwo bui be sɔlemedede mawuvɔvɔ̃tɔe koe ana womabu fɔ yewo o. Hekpe ɖe eŋu la, Katoliko Ha ƒe Katekismo gblɔ be “Ha la zii ɖe hameviwo dzi be ‘woakpɔ gome le Mawu ƒe Kommunio xɔxɔ me le Kwasiɖagbewo kple azãɖugbewo.’”a Le kɔƒewo me la, amewo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi hã nu sẽ—wokpɔa mɔ be amesiame nade sɔleme le Kwasiɖagbewo.
Gake nuwo trɔ. Amewo kpɔ ablɔɖe fifia be woawɔ nusi wolɔ̃. Vɔvɔ̃ megakpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi o. Wowɔ dzaa tsyɔ nu dzomavɔ dzi elabena Europa Katolikotɔ akpa gãtɔ megaxɔ edzi se kura o.
Le nyateƒe me la, womegabua Kwasiɖagbe Misa mayimayi ƒe “nuvɔ̃” la nuvɔ̃ gãe o. Tirso Vaquero si nye Katoliko-nunɔla le Madrid, Spania, lɔ̃ ɖe edzi be: “Ne Katolikotɔ aɖe meva Misa Kwasiɖagbe o la, etena ɖe mía dzi vevie le esi nuƒoƒo na Mawu kpakple nɔviawo ƒe ɣeyiɣi sia to eŋu ta, ke menye le esi wòwɔ nuvɔ̃ ta o. Menye emae nye nu vevitɔ o.”
Eyata vɔvɔ̃ megaƒãa mawuvɔvɔ̃ ɖe amewo me o. Ke ŋusẽ si le ha la kple ekplɔlawo si le agbenyuinɔnɔ gome ya ɖe—ɖe woate ŋu ana woƒe alẽhawo nawɔ nuteƒea?
Ŋusẽ ƒe Tɔtɔ
Mawusubɔsubɔ me vɔvɔ̃ ƒe toyiyi do go ɖe ha la ƒe gbegblẽ ɖedzesi le agbenyuinɔnɔ gome nu. Italiatɔ ŋutinyaŋlɔla Giordano Bruno Guerri xa nu be: “Agbenyuinɔnɔ ŋuti nufialawo nɔ anyi fũ ƒe alafa geɖe . . . evɔ agbenyuinɔla ʋee aɖewo koe nɔ anyi.” Xexemeʋa eve siwo gblẽ nu le Kristodukɔa ŋu ɖe agbenyuinɔnɔ ŋuti nufialawo ƒe anyimanɔmanɔ sia fia. Ŋusẽ menɔ Europa-sɔlemehawo ŋu be woana woƒe hameviwo magaƒo wo ɖokui ɖe ʋukɔkɔɖi me o. Esi vɔ̃ɖi wu enye be sɔlemehawo va de nu aʋawɔnyawo me vevie—le akpa eveawo siaa.
Ŋutinyaŋlɔla Paul Johnson de dzesii be: “Xexemeʋa Gbãtɔ, si zu dukɔmeviʋa ɖo Kristotɔwo ƒe kɔmamãwo dome, nye afɔku kple ŋukpe ƒe ɣeyiɣi na Kristotɔnyenye. Xexemeʋa Evelia dze Kristotɔ ƒe dzixɔse ƒe tenɔnɔ le agbenyuinɔnɔ gome dzi gɔ̃ hã wu Gbãtɔ. Eklo nu le sɔlemehawo ƒe gbɔɖiɖi le Germania, afisi Ðɔɖɔɖowɔwɔa dzɔ tso, kple Papa ƒe Dziɖuƒe ƒe vɔvɔ̃ kple ɖokuitɔdidi dzi.”
Nubabla siwo Vatican wɔ kple Hitler ƒe Nazi-dziɖuɖua kple Mussolini ƒe Fasi-dziɖuɖuwo le Italia kpakple Franco le Spania hã gblẽ nu le ha la ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe ŋusẽ ŋu. Mlɔeba la, nusi mawusubɔsubɔ ƒe nudede dunyahehe me sia gblẽ le eŋu enye be amewo megaxɔa edzi sena o.
Ha la Kple Dziɖuɖua—Nublaka la Tutu
Le ƒe alafa 20 lia me la, Europa-dukɔwo ƒe akpa gãtɔ va tu nublaka si lé Sɔlemeha la kple Dziɖuɖua ƒo ƒui la mlɔeba. Le nyateƒe me la, Europa-dukɔ gã aɖeke megabua Roma Katolikotɔnyenye fifia be enye dukɔa ƒe sɔlemeha o.
Togbɔ be ɖewohĩ dziɖuɖua aganɔ kpekpeɖeŋu nam sɔlemeha gãwo hã la, dunyahehe me ŋusẽkpɔɖeamedzi si nɔ wo si tsã la bu. Menye hakplɔlawo katãe lɔ̃ ɖe tɔtrɔ yeye sia dzi o. Spaniatɔ Yesutɔ xɔŋkɔ José María Díez-Alegría xɔe se be “[Katoliko-ha] la kplɔlawo—le nyateƒe me, wo dometɔ geɖe—susui be yewomate ŋu awɔ yewoƒe hakplɔdɔa ne amegbetɔ ƒe ‘ŋusẽ’ aɖeke meda megbe na yewo o.”
Gake “amegbetɔ ƒe ‘ŋusẽ’” sia mu. Spania, si “Katoliko-dukɔa” ƒe dziɖuɖu nɔ vaseɖe ƒe 1975 la, nye nɔnɔme sia ƒe kpɔɖeŋu. Le nyitsɔ laa ƒewo me la, Spania-hakplɔlawo ʋli nya kple dziɖuɖu si me Nusianu Nye Dziɖuɖua tɔ la atraɖii le gakpekpeɖeŋu nana ha la ŋu. Bisiɔp si le Teruel, Spania, fa konyi na eƒe hameviwo nyitsɔ laa be yesena le ye ɖokui me be “wotia ye yome le yeƒe Katolikotɔnyenye ta” elabena Spania-dziɖuɖua megale gakpekpeɖeŋu si asu la nam ha la o.
Spania-bisiɔpwo gblɔ le ƒe 1990 me be “dzitsinya kple agbenyuinɔnɔ ƒe tɔtɔ gã aɖe” le nu gblẽm le Spaniatɔwo ŋu. Amekae wogblɔ be egbɔe ‘agbenyuinɔnɔ ƒe tɔtɔ’ sia tso? Bisiɔpawo gblɔ be “tamesusu matomɔɖeka si amehawo ƒe dukplɔɖoɖo [Spania-dziɖuɖua] dona ɖe ŋgɔ zi geɖe” enye nusiwo koŋ gbɔe wòtso dometɔ ɖeka. Edze ƒã be bisiɔpawo le mɔ kpɔm be dziɖuɖua nado Katoliko-nufiafia ɖe ŋgɔ ahana gakpekpeɖeŋu yewo.
Ðe Hakplɔlawo Wɔa Nya si Woɖea Gbeƒãe Dzia?
Kesinɔnu gbogbo si le Katoliko-ha la si na nunɔla siwo le gbedoxɔ siwo womeɖo atsyɔ̃ na o me la tɔtɔna ɣesiaɣi. Wogatɔtɔ wu esi Vatican Gadzraɖoƒea hã nɔ nusi Time magazine yɔ be “nufitifitiwɔwɔ le ganyawo me si vɔ̃ɖi wu le Italia le aʋa megbe” la me. Italia-ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe gbe le ƒe 1987 me be woalé bisiɔpgã aɖe kple Vatican gadzraɖoƒemegã eve bubuwo. Gake le dziɖuŋusẽ tɔxɛ si le Vatican si ta la, womelé hakplɔlaawo o. Vatican Gadzraɖoƒea sẽ nu be womewɔ nu fitifiti aɖeke o, gake womeɖe susu si li be ha la mewɔna ɖe nusi wòɖea gbeƒãe dzi o ya ɖa o.—Tsɔe sɔ kple Mateo 23:3.
Alesi woƒo nu tso woƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu vevie le nyadzɔdzɔwo me gɔ̃ hã gblẽ nu le eŋu wu. Le May 1992 me la, Ireland-bisiɔp aɖe si wonya nyuie be eda asi ɖe srɔ̃maɖemaɖe dzi gblɔ na eteviwo be “woatsɔe ake ye” eye “woado gbe ɖa ɖe ye ta.” Esi wòva dze go be eyae nye ŋutsuvi ƒe-17-vi aɖe fofo eye wòzã ha la ƒe ga tsɔ kpɔ edzii le suku la, wozi edzi wòɖe asi le dɔ ŋu. Ɣleti ɖeka do ŋgɔ la, woɖe Katoliko-nunɔla aɖe kple eƒe “kpeɖeŋutɔ” kpakple wo vi eveawo le television dzi le Germania. Egblɔ be yedi be “yewoadzro nu me” le gbɔdɔdɔ ƒe bebemekadodo si le nunɔla geɖe dome ƒe nya la ŋu.
Ŋukpenanyaawo gblẽ nu godoo. Ŋutinyaŋlɔla Guerri gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Gli italiani sotto la Chiesa (Italiatɔwo le Ha la Te) me be, “Ha la da le Italiatɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe susuwo dzi ƒe alafa geɖe.” Egblɔ be “ame geɖe ƒe tsitretsitsi ɖe hakplɔlawo ƒe ŋusẽ ŋu, siwo dome hamevi adodoewo gɔ̃ hã le” ye nye emetsonu ɖeka. Ðewohĩ Katolikotɔ siwo bi dzi vevie adi be yewoabia nya ma ke si apostolo Paulo bia Romatɔwo la, woƒe hakplɔlawo be: “Le kpɔɖeŋu me, mieɖea gbeƒã be womegafi fi o, gake ɖe mia ŋutɔwo mieka ɖe edzi be yewoɖia anukwarea? Mieƒoa nu tsia tre ɖe ahasiwɔwɔ ŋu, gake ɖe mia ŋutɔwo mieka ɖe edzi be yewole kɔkɔea?”—Romatɔwo 2:21, 22, Phillips.
Mamã Gã si Le Hakplɔlawo Kple Hameviwo Dome
Kuxi si medzena gaglã o evɔ ɖewohĩ wònye eyae le nu gblẽm wu enye mamã gã si le hakplɔlawo kple hameviwo dome. Edze abe ɖe lɛta siwo me nufiame le siwo tso bisiɔpwo gbɔ doa dziku na hameviwo wu esi wòafia nu wo ene. Le numekuku aɖe si wowɔ le Spania me la, amesiwo wobia gbee dometɔ 28 le alafa me koe “lɔ̃ ɖe bisiɔpawo ƒe nyawo dzi.” Xexlẽme si sɔ kple ema “metsɔ ɖeke le eme kura o,” eye wo dometɔ 18 le alafa me gblɔ be “yewomesea [bisiɔpawo] ƒe nyawo gɔme o.” Bisiɔpgã, Ubeda, si tso Majorca, Spania, lɔ̃ ɖe edzi be: “Ele be mí bisiɔpwo hã míalɔ̃ axɔ amewo ƒe megbe tɔtrɔ de Kristotɔnyenye—si le dzɔdzɔm ŋutɔŋutɔ—ƒe agbanɔamedzia ƒe ɖe atsɔ.”
Ŋɔŋlɔawo me gbedasi siwo me mekɔ o hã gaɖea hameviawo ɖe aga. Le Catholic Herald ƒe nya nu la, “nunɔla geɖe [siwo le France] ɖoe be yewoahe dunya ale be ‘asixɔxɔ’ nanɔ yewo ŋu,” togbɔ be woƒe hamevi akpa gãtɔ adi be woakpɔ gbɔgbɔmenyawo ko gbɔ gake. Italiatɔ nunɔla kple hadomegbenɔnɔŋutinunyala, Silvano Burgalassi, lɔ̃ ɖe edzi be: “Ðewohĩ kpɔɖeŋu gbegblẽ si míeɖo ye na [sɔhɛwo] de megbe le Mawu ŋu. Míetsɔ tanana, mawusubɔsubɔ kple asitsatsa, ɖokuitɔdidi kple tsitɔtɔ nufiafiawo katã ‘tsaka’ hedee asi na wo.” Eyata mewɔ nuku o be womegale bubu dem nunɔlawo ŋu o. Wosenɛ Spania Katolikotɔwo gblɔna zi geɖe be: “Katolikotɔe menye, gake nyemexɔ nunɔlawo dzi se o.”
Esesẽna na Katolikotɔ aɖewo be woagblɔ woƒe dzimenya na hakplɔlawo, eye bubuwo kea ɖi le ha la ƒe nufiafiawo ŋu vevie—vevietɔ nufiafia siwo wobuna be susu alo nunya mele wo me o.
Nufiafia Siwo ŋu Gɔmesese Mele O
Eƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe enye Katoliko-ha la ƒe dzomavɔ ŋuti nufiafia. Katoliko Ha ƒe Katekismo gblɔ be: “Ha la ƒe nufiafia ɖo kpe dzomavɔ kple eƒe anyinɔnɔ mavɔ dzi.” Gake numekuku si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be Franse Katolikotɔwo mamã ɖe akpa ene me ƒe ɖeka kple wo hati Spaniatɔwo mamã ɖe akpa etɔ̃ me ƒe ɖeka koe xɔe se be dzomavɔ li.
Nenema ke Europatɔwo va zu “wɔ-nusi-nèdi Kristotɔwo” le agbenyuinɔnɔ ƒe nyawo me. Mimmi si nye ƒewuivi Luthertɔ tso Sweden xɔe se be agbenyuinɔnɔ ƒe nyawo, abe vidzidzi srɔ̃maɖemaɖee ene, nye “nusiwo ŋu ame ŋutɔ atso nya me le.” Franse Katolikotɔ akpa gãtɔ awɔ ɖeka kplii. Esi nyametsotso veviwo dze ŋgɔ wo le agbe me la, wo dometɔ 80 le alafa me gblɔ be yewoazɔ ɖe yewoƒe dzitsinya ƒe mɔfiafia dzi wu be yewoazɔ ɖe ha la tɔ dzi.
Tsã la, ŋusẽ nɔ ha la ŋu be wòatsi tsitretsiɖeŋulawo ƒe nyawo nu. Vatican ya kpɔe be nuwo metrɔ boo o. Katekismo la gblɔe tɔteteɖedzitɔe be “Ha la ɖeka koe atso nya me le alesi woaɖe Ŋɔŋlɔawo mee ŋu.” Gake ame aɖeke meda asi ɖe dzizizinuwɔna la dzi o. Antonio Elorza si nye Spaniatɔ dunyahehe ŋuti nusɔsrɔ̃ ƒe nufialagã la xa nu be: “Ŋusẽ ŋuti nyaʋiʋli la gakpɔtɔ li. Ha la dina be yeatɔ kpɔ kɔkɔ ɖe ye ɖokui ŋu, eye wòkɔa eƒe subɔsubɔkɔnuwo ƒe nyonyo ŋu le ŋutinya me.” Le ‘kpɔ kɔkɔa’ godo la, ha la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kple ŋusẽ nu yi edzi le ɖiɖim.
Hekpe ɖe gbɔgbɔ me ƒe gbegblẽ ŋu la, hadomenuwɔnawo nye nu vevi bubu siwo na amewo megale ɖeke tsɔm le mawusubɔsubɔ me o. Boblodohawo hã ʋu modzakaɖeɖe kple ɖiɖiɖeme ƒe mɔnukpɔkpɔ gbogbo aɖewo ɖi—eye didia le Europatɔ akpa gãtɔ me, eye mɔnuwo hã li woatsɔ awɔ woe. Ne wotsɔ wo sɔ la, edze abe sɔlemedede nye Kwasiɖagbe ŋdi ŋudɔwɔwɔ si me vivisese mele o ene. Hekpe ɖe eŋu la, mawunyagbɔgblɔ le sɔleme mele amewo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔm kura o.
Edze abe mawusubɔsubɔkɔnu xoxoa magate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alẽha siwo le Europa dzi o ene. Ðe mawusubɔsubɔ ƒe ŋusẽ nu va yi—eye woɖoe ɖi be wòatsrɔ̃ ɖa kuraa?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Wota Katoliko Ha ƒe Katekismo zi gbãtɔ le ƒe 1992 me eye woɖoe be wòanye ha la ƒe nufiafia na Katolikotɔwo le xexeame katã. Papa John Paul II ɖɔe le ŋgɔdonya me be enye “agbalẽ adodoe si ŋu kakaɖedzi le woatsɔ afia katoliko-nufiafiawo amewoe.” Ƒe 1566 mee nye zi mamletɔ si woɖe xexeame katã ƒe Katolikotɔwo ƒe katekismo sia tɔgbe ɖe go.
[Nya si ɖe dzesi si le axa page 6]
Ðiɖiɖeme vivivo va ɖu Kristodukɔa ƒe anyigba veviwo dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ne wòɖo edzi be woatia mawunyasese alo ɖiɖiɖeme la, Europatɔ akpa gãtɔ atia ƒuta yiyi heheɖemegbemanɔmee