INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 2/8 axa 32
  • Sɔhɛwo Kpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sɔhɛwo Kpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu
  • Nyɔ!—1995
Nyɔ!—1995
g95 2/8 axa 32

Sɔhɛwo Kpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu

SƆHƐ siwo katã ƒe foto le afisia la nye Nigeria sukukɔkɔdelawo. Woŋlɔ ɖe lɛta aɖe si woɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Nigeria me be: “Míedi be míada akpa na mi ɖe alesi miebu mí sɔhɛwo ŋu heta agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work ta.

“Agbalẽ sia kpe ɖe mía ŋu míetsri xexeame ƒe nyaƒoɖeamenuwo hegbe nufiafia siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o. Eƒo nu tso nya vovovo siwo me sɔhɛwo tsɔ ɖe le ŋu, eye eƒe aɖaŋuɖoɖowo katã nɔ te ɖe Biblia dzi. Vevietɔ akpa si ƒo nu tso hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu la kpe ɖe mía ŋu míese Biblia me nunya si le eƒe aɖaŋuɖoɖo be míazɔ kple nunyalawo eye be míatsri hadede kple bometsilawo me la gɔme. Alesi míehea adodo kple mía nɔewo le lɔlɔ̃ me kple alesi míedina vevie be míaɖe ɖekawɔwɔ afia le ŋutifafa ƒe nublaka me la wɔa nuku na sukuvi bubu siwo le míaƒe sukua me.

“Esi míedi be míalé míaƒe agbenyuinɔnɔ me ɖe asi ɣesiaɣi le sukuvi siwo le míaƒe sukua dome ta la, míetsɔa veviedodo ɖea gbeƒã Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa na sukuvi siwo katã aɖo to mí, togbɔ be wo dometɔ aɖewo adze agbagba be yewoakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi hã.”

Wode asi lɛta la te be, “Etso Yehowa ƒe Ðasefo sɔhɛ siwo le All Saints Secondary School, Aba, Abia State, Nigeria la gbɔ.”

Ne èdi be yeaxɔ Question Young People Ask—Answers That Work ƒe agbalẽa ɖeka alo èdi be woava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye femaxee la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe